Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 03

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Ŋugbedodo kple aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me. Anɔ eme be èdina be yeanya nu tso nya siwo Biblia gblɔ ŋu, gake ɖewohĩ esesẽna na wò be nàka ɖe emenyawo dzi. Ðe wòle be nàka ɖe ŋugbedodo kple aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ ma si woŋlɔ ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la dzia? Ðe Biblia me nyawo gaɖea vi egbea, eye ɖe míate ŋu axɔ nya siwo wògblɔ ku ɖe etsɔme ŋu la dzi asea? Ame miliɔn geɖe kpɔe nenema. Míele dzi dem ƒo na wò be wò ŋutɔ nàku nya sia me kpɔ.

1. Nyakpakpawoe le Biblia me loo alo nyateƒenyawoe?

Le Biblia ŋutɔ ƒe nya nu la, emenyawo nye “nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ.” (Nyagblɔla 12:10) Ŋutinya siwo le eme la ku ɖe nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ kple ame siwo nɔ anyi kpɔ ŋu. (Xlẽ Luka 1:3; 3:1, 2.) Ŋutinyaŋlɔlawo kple ame siwo kua nu me tso blemaduwo ŋu la ɖo kpe edzi be nu vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe ɣeyiɣiwo, amewo, teƒewo, kple nudzɔdzɔwo ene, la nye nyateƒe.

2. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Biblia me nyawo dzi togbɔ be ƒe akpe geɖewoe nye esia woŋlɔe hã?

Nyateƒenya geɖe li Biblia gblɔ xoxoxo, gake ƒe gbogbo aɖewo va yi hafi amewo va nya nu tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso nyateƒenya siwo ŋu agbalẽnyalawo va ke ɖo egbea la ŋu. Le ɣeyiɣi si me woŋlɔ nya mawo ɖe Biblia me la, ame geɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi la mexɔ wo dzi se o. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ɖo kpe edzi egbea be nya siwo Biblia gblɔ la de pɛpɛpɛ. Ɛ̃, “woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu ɖaa tegbee.”Psalmo 111:8.

3. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la dzi?

Biblia me nya aɖewo nye nyagblɔɖi a siwo ku ɖe “nu siwo womewɔ haɖe o” ŋu. (Yesaya 46:10) Biblia gblɔ nudzɔdzɔ geɖe ŋu nya ɖi, eye le ƒe gbogbo aɖewo megbe la, wova eme pɛpɛpɛ. Azɔ hã, egblɔ ale si nuwo le edzi yim le xexea me egbea la ŋu nya ɖi tsitotsito. Le nusɔsrɔ̃ sia me la, míadzro Biblia me nyagblɔɖiawo dometɔ aɖewo me. Ale si wova eme pɛpɛpɛ la wɔ nuku ŋutɔ!

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míadzro ale si nu siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya egbea wɔ ɖeka kple Biblia me nyawo la me, eye míadzro Biblia me nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi ʋɛ aɖewo hã me.

4. Dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ ɖeka kple Biblia

Le blema la, amewo xɔe se be nane dzie anyigba la le. Mikpɔ VIDEOA.

Na míakpɔ nya aɖe si woŋlɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esia le Biblia-gbalẽ si nye Hiob me la ɖa. Mixlẽ Hiob 26:7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae nya si Biblia gblɔ tso blema ke be ‘womeku anyigba ɖe naneke ŋu’ o la wɔ nuku ŋutɔ?

Ƒe 1800-awo me ko hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va se ale si tsi wɔna dzana ɖe anyigba dzi la gɔme nyuie. Ke hã, kpɔ nya si Biblia gblɔ tso eŋu ƒe akpe geɖe do ŋgɔ la ɖa. Mixlẽ Hiob 36:27, 28, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke nya si Biblia gblɔ tso ale si tsi wɔna dzana ŋu la wɔ dɔ ɖe dziwòe?

  • Ðe mawunyakpukpui siwo nèxlẽ fifia la na nègaka ɖe Biblia dzi geɖe wua?

5. Biblia gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesiwo ŋu nya ɖi hafi wova dzɔ

Mixlẽ Yesaya 44:27–45:2, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nya ɖedzesi kawoe Biblia gblɔ ɖi tso Babilon ŋu ƒe 200 do ŋgɔ hafi wova dze dua dzi hexɔe?

Ame siwo ŋlɔa nu tso nu siwo dzɔ va yi ŋu la ɖo kpe edzi be, Persia fia aɖe si ŋkɔe nye Kores kple eƒe aʋakɔa ye va dze Babilon dugã la dzi eye woxɔe le ƒe 539 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) b me. Wotrɔ mɔ na tɔsisi si kpɔa dugã la ta. Dua ƒe agbowo nɔ ʋuʋu ɖi, eye woge ɖe dua me hexɔe aʋamawɔmawɔe. Nu ma dzɔ ƒe 2,500 kple edzivɔ sɔŋ ye nye esi va yi. Egbea, Babilon dua ƒe glikpowo koe li, eye ame aɖeke mele afi ma o. Azɔ de dzesi nya si Biblia gblɔ ɖi tso eŋu.

Mixlẽ Yesaya 13:19, 20, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke nyagblɔɖi sia va emee?

Ale si Babilon dugãa ƒe glikpowo le le Iraq egbea

6. Biblia gblɔ nu siwo teƒe kpɔm míele egbea ɖi xoxoxo

Biblia na míenya be míele “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1) De dzesi nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woadzɔ le míaƒe ŋkekea me.

Mixlẽ Mateo 24:6, 7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ɖedzesi kawoe Biblia gblɔ ɖi be woayi edzi le ŋkeke mamlɛawo me?

Mixlẽ 2 Timoteo 3:1-5, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke Biblia ɖɔ ale si ame geɖewo awɔ nui le ŋkeke mamlɛawo me?

  • Nɔnɔme gbegblẽ siwo Biblia gblɔ be amewo aɖe afia kawo teƒe kpɔm nèle?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyakpakpawo kple gliwo koe le Biblia me.”

  • Nu kae nye kpeɖodzi sẽŋu si na nèkpɔe be àte ŋu aka ɖe Biblia dzi?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Nu siwo dzɔ va yi ŋuti nuŋlɔɖiwo, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple nyagblɔɖiwo ɖo kpe edzi be àte ŋu aka ɖe Biblia dzi.

Numetoto

  • Nyakpakpawoe le Biblia me loo alo nyateƒenyawoe?

  • Nya siwo me dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ ɖeka kple Biblia le la dometɔ aɖewo ɖe?

  • Ðe nèsusu be Biblia gblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be Biblia me nya aɖewo mele eteƒe oa?

“Ðe Biblia Me Nyawo Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?” (Nyati sia le jw.org)

Nu kawoe ɖo kpe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me?

“Biblia Me Nyagblɔɖi 6 Siwo Le Eme Vam Fifia” (Gbetakpɔxɔ, May 1, 2011)

Le video sia me la, àkpɔ ale si Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Hela Fiaɖuƒea ŋu la va emee.

“Nyagblɔɖinya La” Doa Ŋusẽ Ame (5:22)

Xlẽ nu tso ale si Biblia me nyagblɔɖiwo wɔe be ŋutsu aɖe va xɔ Biblia dzi se la ŋu.

“Nye Ya, Mesusu Be Mawu Meli O” (Gbetakpɔxɔ No. 5 2017)

a Nyagblɔɖiwo nye gbedeasi siwo tso Mawu gbɔ ku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu.

b Ŋɔŋlɔdzesi siwo nye D.Y. fia “Do Ŋgɔ Na Yesu,” eye esiwo nye K.Ŋ. fia “Kristotɔwo Ŋɔli.”