Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 12

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Be Nàyi Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi?

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Be Nàyi Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi?

Biblia sɔsrɔ̃ ɖea vi geɖe ŋutɔ. Gake menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na wò be yemate ŋu ayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi o. Nu ka tae wòanyo be nàdze agbagba ayi esɔsrɔ̃ dzi? Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi ne èle kuxiwo me tom gɔ̃ hã?

1. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

“Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò, elabena ana nànya Mawu ƒe susuwo kple ale si wòsena le eɖokui me tso ŋuwò. Azɔ hã, àsrɔ̃ nu geɖe, wò agbea anyo ɖe edzi, eye ànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. Esi gale vevie wue nye be, Biblia akpe ɖe ŋuwò be nànye Yehowa xɔlɔ̃. Ne èle Biblia srɔ̃m la, akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò, eye esia ana be agbea nadze edzi na wò.

2. Nu ka tae wòle vevie be míakpɔ asixɔxɔ si gbegbe le Biblia me nyateƒea ŋu adze sii?

Nyateƒe siwo le Biblia me la le abe kesinɔnu xɔasiwo ene. Esia tae Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míaƒle nyateƒe, eye míagatsɔe adzra gbeɖe o.’ (Lododowo 23:23) Ne asixɔxɔ si gbegbe le Biblia me nyateƒea ŋu le susu me na mí la, míaku kutri ayi Biblia sɔsrɔ̃ dzi, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.—Xlẽ Lododowo 2:4, 5.

3. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi nusɔsrɔ̃a dzi?

Yehowae nye Ŋusẽkatãtɔ, Wɔwòla kple Xɔ̃wò, eya ta edi be yeakpe ɖe ŋuwò nànya ye nyuie. Ate ŋu ana ‘didia kple ŋusẽ wò be nàwɔ nu si dzea eŋu.’ (Xlẽ Filipitɔwo 2:13.) Eya ta, ne edzɔ ɣeaɖewoɣi be èhiã ŋusẽdodo be nàyi nusɔsrɔ̃a dzi alo awɔ ɖe nu si srɔ̃m nèle dzi la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne ègahiã na kpekpeɖeŋu geɖe le esi nèle kuxiwo me tom alo wole tsitre tsim ɖe ŋuwò ta la, Yehowa ado ŋusẽ wò. Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpe ɖe ŋuwò nàyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi.—1 Tesalonikatɔwo 5:17.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàte ŋu ayi edzi anɔ Biblia srɔ̃m ne vovo menɔa ŋuwò o alo amewo le tsitre tsim ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. Azɔ hã, àkpɔ ale si Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi ayi nusɔsrɔ̃a dzi.

4. Na Biblia sɔsrɔ̃ nanye nu vevitɔ na wò

Ɣeaɖewoɣi la, gbe sia gbe dɔwɔnawo xɔa ɣeyiɣi le mía si ale gbegbe be vovo menɔa mía ŋu be míasrɔ̃ Biblia o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Mixlẽ Filipitɔwo 1:10, eyome miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kawoe nèsusu be woawoe nye “nu siwo le vevie wu” le agbe me la dometɔ aɖewo?

  • Aleke nàte ŋu ana wò Biblia sɔsrɔ̃a nanye nu vevitɔ na wò?

  1. Ne èkɔ ke sia katã ɖe nugo sia me hafi fɔ kpeawo kɔ ɖe edzi la, kpeawo katã mate ŋu ayi eme o

  2. Ne èkɔ kpeawo ɖe eme gbã la, mɔ aganɔ anyi be kea katã kloe nayi nugoa me. Nenema kee ne míewɔ “nu siwo le vevie wu” le agbe me la gbãa, míagakpɔ ɣeyiɣi awɔ nu bubuwo hã

Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míeɖia kɔ na didi si le mía me be míanya Mawu ahasubɔe. Mixlẽ Mateo 5:3, eyome miadzro biabia sia me:

  • Ne míena Biblia sɔsrɔ̃ nye nu vevitɔ na mí la, aleke esia ɖea vi na mí?

5. Do dzi nàyi nusɔsrɔ̃a dzi ne amewo tsi tre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã

Ɣeaɖewoɣi la, amewo ate ŋu adze agbagba be yewoaɖe dzi le ƒowò be nàdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Kpɔ Francesco ƒe kpɔɖeŋua ɖa. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, aleke Francesco ƒe xɔlɔ̃wo kple eƒe ƒometɔwo wɔ nui esime wòƒo nu tso nu si srɔ̃m wònɔ la ŋu na wo?

  • Esi Francesco do dzi yi nusɔsrɔ̃a dzi la, nu nyui kawoe do tso eme?

Mixlẽ 2 Timoteo 2:24, 25, eyome miadzro biabia siawo me:

  • Aleke wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo susu tso nu si srɔ̃m nèle la ŋu?

  • Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, aleke wòle be nàwɔ nui ne ame aɖe mekpɔ dzidzɔ ɖe wò Biblia sɔsrɔ̃a ŋu o? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

6. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò

Ne mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli la, míegadina vevie wu be míawɔ nu si dzea eŋu. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ tɔtrɔ siwo hiã be míanɔ agbe abe ale si wòdii ene. Ne èsena le ɖokuiwò me nenema la, dzi megaɖe le ƒowò o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, tɔtrɔ kawoe Jim wɔ be yeƒe nu nadze Yehowa ŋu?

  • Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le eƒe kpɔɖeŋua me?

Mixlẽ Hebritɔwo 11:6, eyome miadzro biabia siawo me:

  • Nu kae Yehowa awɔ na ame siwo “dinɛ vevie,” alo ame siwo dzea agbagba vevie be yewoanyae eye yewoadze eŋu?

  • Nu kae esia ɖe fia wò tso ale si Yehowa sena le eɖokui me ne ekpɔ agbagba siwo dzem nèle be yeasrɔ̃ Biblia la ŋu?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae nèna Yehowa Ðasefowo va le Biblia srɔ̃m kpli wò?”

  • Aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Togbɔ be Biblia sɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàva nɔ agbe tegbee. Yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ayra wò.

Numetoto

  • Nu ka tae nyateƒe siwo le Biblia me la xɔ asi na wò?

  • Aleke nàte ŋu aɖee afia be ‘èkpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii’?

  • Nu ka tae wòle be nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

De dzesi nu ene siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu wozã woƒe ɣeyiɣiwo le mɔ nyuitɔ nu.

“Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Nyuie” (Nyɔ!, February 2014)

Kpɔ ale si Yehowa kpe ɖe nyɔnu aɖe ŋu esime srɔ̃a mese nu si tae wònɔ agbagba dzem be yeasubɔ Mawu ɖo la gɔme o.

Yehowa Doa Ŋusẽ Mí Be Míatsɔ Míaƒe Agbawo (5:05)

Kpɔ ale si srɔ̃nyɔnu aɖe ƒe dzidodo ɖe vi na srɔ̃ae ɖa.

Medo Nyateƒea Kpɔ (6:30)

Ame aɖewo gblɔna be Yehowa Ðasefowo nana ƒomewo gbãna. Gake ɖe esia nye nyateƒea?

“Ðe Yehowa Ðasefowo Gbãa Ƒomewo Loo Alo Ðe Wotua Wo Ðoa?” (Nyati sia le jw.org)