Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo

Kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze le agbe me la ɖa.

NYABIASE 1

Ame Kae Menye?

Ne ènya wò nɔnɔme nyuiwo, nu siwo me nèsẽ ŋu le, nu siwo me nègbɔdzɔ le kple wò taɖodzinuwo nyuie la, akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si sɔ ne woƒo nya ɖe nuwò.

NYABIASE 2

Nu Ka Tae Metsia Dzi Ðe Nye Dzedzeme Ŋu?

Ne èkpɔ ɖokuiwò le ahuhɔ̃e me la, ɖe dzi ɖena le ƒowòa? Aleke nàte ŋu atrɔ asi le wò dzedzeme ŋu wòanyo wu?

NYABIASE 3

Aleke Maɖo Dze Kple Dzinyelawo?

Aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dzeɖoɖo kple dziwòlawo nanɔ bɔbɔe na wò.

NYABIASE 4

Aleke Wòle Be Mawɔ Nu Ne Meda Vo?

Àda vo godoo, ame sia ame daa vo. Gake aleke nàwɔ nui?

NYABIASE 5

Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?

Menye wɔnamanɔŋutɔe nènye o. Àte ŋu anɔ te ɖe amenuɖialawo nu kɔmadamadae.

NYABIASE 6

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?

Ate ŋu asesẽ na wò be nàwɔ nu si nènya be eyae nye nu si sɔ.

NYABIASE 7

Nu Kae Mawɔ Ne Wotsɔ Gbɔdɔdɔ Le Fu Ðem Nam?

Kpɔ nu siwo dzɔ ɖe sɔhɛ siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me dzi la ɖa.

NYABIASE 8

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Gbɔdɔnuwɔwɔ Ðe Ame Ŋuti Ŋu?

Sɔhɛwo koŋ ŋutie wowɔa nu sia ɖo. Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso nu sia wɔlawo si me?

NYABIASE 9

Ðe Wòle Be Maxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Asea?

Numeɖeɖe ka mee susu le wu?

NYABIASE 10

Aleke Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye?

Ame geɖe gblɔna be nyakpakpawoe le Biblia me, emenyawo do xoxo alo wo gɔme sese sesẽ akpa. Gake nya siawo katã menye nyateƒe o.