Trɔ Va Yehowa Gbɔ
Yehowa le eƒe alẽ siwo bu la dim, eye ele kpewòm be nàtrɔ va ye gbɔ.
Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ
Dɔdzikpɔhaa le lɛta sia dzi tom le koko ƒom na Mawu subɔla siwo tra tso alẽkpɔa me la be woatrɔ agbɔ.
AKPA 2
Dzimaɖitsitsi—“Womimi Mí Ðo Le Go Sia Go Me”
Ne nu te ɖe dziwò vevie le esi nèkpɔe be yemegate ŋu le geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me abe tsã ene o la, nu vevi aɖe li nàwɔ be Yehowa ƒe ŋusẽ naɖe vi na wò.
AKPA 3
Ne Ame Aɖe Wɔ Nu Wògbã Dzi Na Wò—‘Ne Nya Aɖe Le Mía Si Ðe Ame Aɖe Ŋu’
Biblia me gɔmeɖose etɔ̃ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na dzikuléle ɖe dɔ me ne haxɔsetɔ aɖe dze agɔ ɖe dziwò.
AKPA 4
Dzitsinya Ƒe Fɔbuame—‘Klɔ Ŋunye Tso Nye Nu Vɔ̃ Me’
Nu kae nàwɔ be dzitsinya dzadzɛ nagasu asiwò?
AKPA 5
Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”
Ne medi matrɔ va Yehowa gbɔ la, aleke madze egɔmee? Aleke hamea me tɔwo awɔ nu ɖe ŋunye?
Nyataƒonya
Ðe nèɖo ŋku dzidzɔ siwo nèkpɔna esi nènɔ Yehowa subɔm kple eƒe amewo la dometɔ aɖe dzi kpɔa?