Ezekiel 18:1-32

  • Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ƒe agba (1-32)

    • Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku (4)

    • Vi maxe fofoa ƒe nu vɔ̃ ŋuti fe o (19, 20)

    • Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia Mawu nu o (23)

    • Dzimetɔtrɔ hea agbe vɛ (27, 28)

18  Eye Yehowa ƒe gbe gava nam be:  “Lo sia si dom miele le Israel-nyigba dzi be, ‘Fofowo ɖu waintsetse lalã, eye aɖu nyɔ viwo’ la gɔme ɖe?+  “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be: ‘Zi ale si mele agbe la, miagagblɔ nya sia le Israel azɔ o.  Kpɔ ɖa! Luʋɔwo* katã, tɔnye wonye. Fofo ƒe luʋɔ kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye. Luʋɔ* si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.  “‘Ne ame aɖe nye ame dzɔdzɔe, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe.  Meɖua trɔ̃wo ƒe vɔsanuwo le towo dzi o;+ meɖoa ŋu ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legba nyɔŋuwo* ŋu o; megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o,+ eye medɔa nyɔnu si kpɔ dzinu la gbɔ o;+  mesẽa ŋuta le ame aɖeke ŋu o,+ ke boŋ egbugbɔa nu si fenyila tsɔ ɖo awɔba nɛ la nana;+ medaa adzo ame aɖeke o,+ ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ,+ eye wònaa avɔtata ame si le amama;+  mexɔa deme alo doa ga xɔa deme gã o,+ ke boŋ eƒoa asa na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ;+ edrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome;+  ezɔna le nye ɖoɖowo nu, eléa nye afiatsotsowo me ɖe asi, ne wòawɔ nuteƒe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, anɔ agbe kokoko,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. 10  “‘Gake ne edzi vi wònye adzodala,+ amewula,*+ alo wɔa nu bubu siawo dometɔ aɖe 11  (togbɔ be fofoa mewɔa nu siawo dometɔ aɖeke o hã)—ne eɖua trɔ̃wo ƒe vɔsanuwo le towo dzi, eye wògblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃, 12  esẽa ŋuta le hiãtɔ kple ame dahe ŋu;+ edaa adzo amewo ƒe nuwo, megbugbɔa awɔbanu nana o, eye wòfɔa mo dzi ɖe legba nyɔŋuwo ŋu,+ ewɔa ŋunyɔnuwo,+ 13  ne edoa ga xɔa deme gã, eye wòxɔa deme la+—ekema via manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, aku kokoko. Eƒe ʋu ava eya ŋutɔ dzi. 14  “‘Gake ne vifofo aɖe dzi vi, si kpɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ, togbɔ be ekpɔe hã, eya mewɔ nu mawo tɔgbi o. 15  Meɖua trɔ̃wo ƒe vɔsanuwo le towo dzi o; meɖoa ŋu ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legba nyɔŋuwo ŋu o; megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o; 16  mesẽa ŋuta le ame aɖeke ŋu o; megbea asiɖeɖe le awɔbanu ŋu o; medaa adzo o; enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wòtaa avɔ na ame si le amama; 17  metea ame dahe ɖe to o; medoa ga xɔa deme gã, alo xɔa deme o; eye wòwɔa nye afiatsotsowo dzi, eye wòzɔna le nye ɖoɖowo nu. Ame ma maku le fofoa ƒe vodada ta o. Anɔ agbe kokoko. 18  Ke esi fofoa ya tafaa ame, daa adzo ehavi, eye wòwɔa nu gbegblẽ le eƒe amewo dome ta la, aku le eƒe vodada ta. 19  “‘Gake miabia be: “Nu ka tae fofo ƒe vodada ƒe fɔɖiɖi manɔ via dzi o?” Esi via wɔa nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi ta la, anɔ agbe kokoko.+ 20  Luʋɔ* si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.+ Fofo ƒe vodada ƒe fɔɖiɖi manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada ƒe fɔɖiɖi manɔ fofoa dzi o. Woabu ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye na eya ŋutɔ ɖeɖe ko, eye woabu ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖinyenye na eya ŋutɔ ɖeɖe ko.+ 21  “‘Ke ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòléa nye ɖoɖowo me ɖe asi hewɔa nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe la, anɔ agbe kokoko. Maku o.+ 22  Womagabu eƒe dzidadawo ƒe ɖeke nɛ o.*+ Anɔ agbe le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta.’+ 23  “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Ðe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea?+ Menye ɖe medina be wòatrɔ tso eƒe mɔwo dzi ne wòanɔ agbe boŋ oa?’+ 24  “‘Gake ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ* hewɔa ŋunyɔnu siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o.+ Aku ɖe eƒe nuteƒemawɔmawɔ kple nu vɔ̃ si wòwɔ la ta.+ 25  “‘Ke miagblɔ be: “Yehowa ƒe mɔ mele eteƒe o.”+ Oo, Israel ƒe aƒe, meɖe kuku misee! Nye mɔe mele eteƒe oa?+ Alo menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?+ 26  “‘Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ, eye wòku le esia ta la, eya ŋutɔ ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ tae wòku ɖo. 27  “‘Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe la, aɖe eya ŋutɔ ƒe agbe.*+ 28  Ne edze si eƒe dzidadawo katã, eye wòɖe asi le wo ŋu la, anɔ agbe kokoko. Maku o. 29  “‘Ke Israel ƒe aƒe la agblɔ be: “Yehowa ƒe mɔ mele eteƒe o.” Oo, Israel ƒe aƒe,+ nye mɔwoe mele eteƒe oa? Alo menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?’ 30  “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Eya ta Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.+ ‘Mitrɔ, ɛ̃, mitrɔ keŋkeŋ tso miaƒe dzidadawo katã me, be woaganye nukikli si ahe fɔɖiɖi ava mia dzi o. 31  Miɖe miaƒe dzidadawo katã ɖa,+ eye mina dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye nasu mia si,*+ elabena nu ka tae miebe yewoaku ɖo,+ Oo, Israel ƒe aƒe?’ 32  “‘Ame aɖeke ƒe ku mevivia nunye o,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. ‘Eya ta mitrɔ, ne mianɔ agbe.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Agbewo.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Ame.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ekɔa ʋu ɖi.”
Alo, “Ame.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Womaɖo ŋku eƒe dzidadawo dzi ɖe eŋu o.”
Alo, “hewɔa nu madzɔmadzɔ.”
Alo, “luʋɔ.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokuiwo.”