Luka 2:1-52

  • Yesu dzidzi (1-7)

  • Mawudɔlawo ɖe wo ɖokuiwo fia alẽkplɔlawo (8-20)

  • Aʋatsotso nɛ kple eŋutikɔkɔ (21-24)

  • Simeon kpɔ Kristo la (25-35)

  • Hana ƒo nu tso ɖevi la ŋu (36-38)

  • Tɔtrɔ yi Nazaret (39, 40)

  • Yesu si xɔ ƒe 12 la le gbedoxɔ me (41-52)

2  Ke le ŋkeke mawo me la, Kaisaro Augusto de se be woaŋlɔ anyigbadzinɔlawo katã ŋkɔ.  (Ŋkɔŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va eme esime Kirenio nye nutodziɖula le Siria.)  Eye amewo katã yi wo de be woaŋlɔ yewoƒe ŋkɔ.  Yosef+ hã tso le Nazaret dua me le Galilea yi David ƒe du si woyɔna be Betlehem+ la me le Yudea, elabena David ƒe aƒe kple ƒomea me tɔ wònye.  Eya kple Maria, ame si wotsɔ nɛ wòɖe abe ale si wodo eƒe ŋugbe nɛ ene+ eye fu tsi ɖe eƒo azɔ lae yi be woaŋlɔ yewoƒe ŋkɔ.+  Esime wole afi ma la, eƒe vidziɣi ɖo.  Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi,+ eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu hetsɔe mlɔ lãnuɖunu me,+ elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.  Alẽkplɔlawo hã le nuto ma ke me le gbedzi le woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.  Kasia Yehowa* ƒe dɔla va tsi tsitre ɖe wo gbɔ, eye Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 10  Ke mawudɔla la gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, elabena kpɔ ɖa, meva nya nyui si ahe dzidzɔ gã avɛ na amewo katã la gblɔ ge na mi. 11  Elabena wodzi ɖela,+ si nye Kristo Aƒetɔ la,+ na mi egbea le David ƒe du la me.+ 12  Eye esia anye dzesi na mi: Miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, eye wotsɔe mlɔ lãnuɖunu me.” 13  Enumake dziƒoʋakɔ gã aɖe+ va kpe ɖe mawudɔla la ŋu eye wole Mawu kafum le gbɔgblɔm be: 14  “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi.” 15  Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mina míayi Betlehem, ne míakpɔ nu si dzɔ, si Yehowa* ɖe fia mí la ɖa.” 16  Ale woɖe abla yi, eye wokpɔ Maria kple Yosef kpakple vidzĩ si le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me la. 17  Esi wokpɔ esia la, woƒo nu le nya si wogblɔ na wo tso ɖevi sia ŋuti la ŋu na amewo. 18  Eye ame siwo katã se nya siwo alẽkplɔlaawo gblɔ na wo la ƒe mo wɔ yaa, 19  ke Maria lé nya siawo katã ɖe tame henɔ wo ŋu bum le eƒe dzi me.+ 20  Emegbe alẽkplɔlawo trɔ dzo, eye wonɔ Mawu dom ɖe dzi henɔ ekafum ɖe nu siwo katã wose kple nu siwo wokpɔ la ta, abe ale si ko wogblɔe na wo ene. 21  Le ŋkeke enyia gbe, esi ɣeyiɣi de be woatso aʋa nɛ la,+ wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, ŋkɔ siae mawudɔlaa gblɔ be woayɔ nɛ hafi wova fɔ eƒe fu.+ 22  Eye esi ɣeyiɣi si wòle be woakɔ wo ŋuti le Mose ƒe Sea+ nu de la, wokɔe yi Yerusalem be woatsɔe aɖo Yehowa* ŋkume, 23  abe ale si woŋlɔe ɖe Yehowa* ƒe Se la me ene be: “Woayɔ ŋgɔgbeviŋutsu* ɖe sia ɖe be Yehowa* ƒe nu kɔkɔe.”+ 24  Eye wosa vɔa abe ale si wogblɔe ɖe Yehowa* ƒe Se la me ene be: “akpakpa* eve alo ahɔnɛvi eve.”+ 25  Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le Yerusalem, si ŋkɔe nye Simeon, ŋutsu sia nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòle mɔ kpɔm na Israel ƒe akɔfafa,+ eye gbɔgbɔ kɔkɔe la le edzi. 26  Mawu ɖee fiae to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi hã be maku o va se ɖe esime wòakpɔ Yehowa* ƒe Kristo la hafi. 27  Gbɔgbɔ la na wòva gbedoxɔa me; eye esi Yesu, ɖevi sue la, dzilaawo kɔe vɛ be woawɔ nu siwo Sea bia nɛ la,+ 28  exɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòkafu Mawu gblɔ be: 29  “Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã, èɖe mɔ na wò kluvi la be wòaku le ŋutifafa me+ abe ale si nègblɔe ene, 30  elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ+ 31  si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ŋkume la,+ 32  kekeli+ si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa,+ eye wònye wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.” 33  Eye nya siwo gblɔm wòle tso ɖevia ŋu la wɔ moyaa na fofoa kple dadaa. 34  Simeon yra woawo hã, eye wògblɔ na Maria, ɖevi la dada, be: “Kpɔ ɖa! Woɖo ɖevi sia anyi hena ame geɖewo ƒe anyidzedze+ kple ame geɖewo ƒe dodoɖedzi le Israel,+ eye wòanye dzesi si ŋu amewo aƒo nu atsi tsitre ɖo+ 35  (ɛ̃, yi legbe aɖe aƒo ɖe wò*)+ ne woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.” 36  Ke nyɔnunyagblɔɖila aɖe li, si ŋkɔe nye Hana, eye wònye Fanuel vi tso Aser-toa me. Nyɔnu sia tsi xɔ ƒe geɖe eye eya kple srɔ̃a wonɔ anyi ƒe adre le wo nɔewo ɖeɖe vɔ megbe,* 37  eye azɔ enye ahosi si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene. Eƒe afɔ metsona le gbedoxɔa me gbeɖe o, eye wònɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe dzi zã kple keli, etsia nu dɔna henɔa kokoƒoƒo dzi. 38  Le gaƒoƒo ma tututu me la, ete ɖe wo ŋu, eye wòde asi akpedada me na Mawu hele nu ƒom tso ɖevi la ŋu na ame siwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam.+ 39  Esi wowɔ nu siwo katã Yehowa* ƒe Se la bia vɔ la,+ wotrɔ yi woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret me le Galilea.+ 40  Eye ɖevi la le tsitsim hele ŋusẽ kpɔm, nunya yɔe fũu, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi.+ 41  Ke Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖaɖua Ŋutitotoŋkekenyuia.+ 42  Esi wòxɔ ƒe wuieve la, wogayi ŋkekenyuia ɖuƒe abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.+ 43  Esi woɖu ŋkekenyuia vɔ, eye wotrɔ gbɔna la, Yesu ŋutsuvi la tsi Yerusalem, gake edzilawo menya o. 44  Wobui be ele ameha si le mɔa zɔm la dome, eya ta wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ, emegbe hafi wova te edidi le ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45  Gake esi womekpɔe o la, wotrɔ yi Yerusalem va dii nyuie. 46  Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova ke ɖe eŋu le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ nufialawo dome le to ɖom wo eye wòle nya biam wo. 47  Gake ame siwo katã le to ɖomee la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.+ 48  Ke esi edzilawo kpɔe la, woƒe mo wɔ yaa, eye dadaa gblɔ nɛ be: “Vinye, nu ka ŋuti nèwɔ nu ɖe mía ŋu alea? Kpɔ ɖa, nye kple fofowò míetsi dzi di wò ʋuu.” 49  Ke ebia wo be: “Nu ka tae miele diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me oa?”+ 50  Ke hã womese nya si wògblɔ na wo la gɔme o. 51  Ale wòyi kpli wo, eye wotrɔ gbɔ va Nazaret, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.*+ Ke dadaa dzra nya siawo katã ɖo nyuie ɖe eƒe dzi me.+ 52  Eye Yesu le tsitsim, eƒe nunya hã le dzidzim ɖe edzi, eye eƒe nu nyo Mawu kple amewo siaa ŋu.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “atsu sia atsu si ʋu dɔ nu.”
Alo, “ƒeƒlelu.”
Alo, “aƒo ɖe wò luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tso esime wònye ɖetugbui leaƒe.”
Alo, “eye wòyi edzi ɖo to wo.”