Yakobo 5:1-20

  • Nuxlɔ̃ame na kesinɔtɔwo (1-6)

  • Mawu yrana ɖe dzidodo dzigbɔɖitɔe dzi (7-11)

  • Mina miaƒe “Ɛ̃” nanye Ɛ̃ (12)

  • Xɔse ƒe gbedodoɖa wɔa dɔ (13-18)

  • Kpekpe ɖe nu vɔ̃ wɔla ŋu be wòatrɔ gbɔ (19, 20)

5  Azɔ misee, mi kesinɔtɔwo, mifa avi eye miƒu asi nu le xaxa siwo gbɔna mia dzi la ta.+  Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo.+  Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle aɖi ɖase le mia ŋu ahaɖu miaƒe ŋutilã. Nu si miedzra ɖo ɖi le ŋkeke mamlɛawo me anɔ abe dzo ene.+  Kpɔ ɖa! Dɔwɔla siwo ŋe miaƒe agblemenuwo na mi la ƒe fetu siwo dzi miezi la le ɣlidodo dzi, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodo be woaxɔ na yewo la va ɖo aʋakɔwo ƒe Yehowa* ƒe towo me.+  Mieɖu agbe eye miedo dzidzɔ na mia ɖokuiwo le anyigba dzi. Miena miaƒe dziwo da ami le wuwugbe la kura gɔ̃ hã.+  Miebu fɔ ame, eye miewu ame dzɔdzɔe la. Ðe metsi tsitre ɖe mia ŋu oa?  Eya ta nɔviwo, migbɔ dzi ɖi va se ɖe Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la.+ Kpɔ ɖa! Agbledela nɔa anyigba ƒe nuku xɔasi la lalam eye wògbɔa dzi ɖi va se ɖe esime adatsi kple keletsi dza.+  Miawo hã migbɔ dzi ɖi;+ mido ŋusẽ miaƒe dziwo, elabena Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi gogo.+  Nɔviwo, miganɔ tse ɖum* ɖe mia nɔewo ŋu o, ale be woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.+ Kpɔ ɖa! Ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtrua nu. 10  Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo ƒo nu le Yehowa* ƒe ŋkɔ me la ƒe fukpekpewo,+ kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu la,+ nanye kpɔɖeŋu na mi.+ 11  Kpɔ ɖa! Míeyɔa ame siwo doa dzi la be dzidzɔtɔwo.+ Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya,+ eye miekpɔ ale si Yehowa* na nuwo va wu enu nɛ,+ be Yehowa* ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.+ 12  Gawu la, nɔvinyewo, midzudzɔ nutàta, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nu bubu aɖe o, migatà wo dometɔ aɖeke o. Ke boŋ mina miaƒe “Ɛ̃” nanye ɛ̃, eye miaƒe “Ao” nanye ao,+ ale be miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. 13  Ðe mia dometɔ aɖe le xaxa me toma? Neyi edzi wòanɔ gbe dom ɖa.+ Ðe dzi le ame aɖe dzɔma? Nedzi kafukafuha.+ 14  Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ léma? Neyɔ hamemetsitsiwo+ woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ+ le Yehowa* ƒe ŋkɔ me. 15  Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ* la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa* afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ la, woatsɔe akee. 16  Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me+ na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, be miahaya. Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.+ 17  Eliya nye amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo, gake edo gbe ɖa vevie be tsi nagadza o, eye tsi medza ɖe anyigba la dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade.+ 18  Eye wògado gbe ɖa, eye tsi dza tso dziƒo, eye anyigba gawɔ nu.+ 19  Nɔvinyewo, ne mia dometɔ aɖe tra mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye ame bubu gatrɔe gbɔe la, 20  minyae be ame si trɔ nu vɔ̃ wɔla la tso eƒe mɔtatra dzi la,+ axɔe* tso ku me, eye wòatsyɔ nu nu vɔ̃ geɖe dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “miganɔ ŋeŋem.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “miganɔ hũ ɖem.”
Agate ŋu afia, “ame si ŋu nu te.”
Alo, “axɔ eƒe luʋɔ.”