Yeremiya 23:1-40

  • Alẽkplɔla nyuiwo kple alẽkplɔla vɔ̃ɖiwo (1-4)

  • Dedienɔnɔ le “atilɔ dzɔdzɔe” la te (5-8)

  • Wogbe aʋatsonyagblɔɖilawo (9-32)

  • Yehowa ƒe “agba” (33-40)

23  Yehowa be: “Baba na lãkplɔvi siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la tsrɔ̃m hele wo kam hlẽ!”+  Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi siwo le nye dukɔ kplɔm la ŋue nye esi: “Miawoe ka nye alẽawo hlẽ; mienya wo de gbe, eye mielé be na wo o.”+ “Eya ta matrɔ ɖe mia ŋu le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta,” Yehowa ye gblɔe.  “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ susɔeawo nu ƒu tso anyigba siwo dzi menya wo ɖo ɖa la dzi,+ magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe,+ eye woadzi asɔ gbɔ.+  Maɖo lãkplɔvi siwo akplɔ wo beléletɔe la wo nu.+ Womagavɔ̃ azɔ o, ŋɔ magadzi wo azɔ o, eye wo dometɔ aɖeke mabu o,” Yehowa ye gblɔe.  Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, esime mana atilɔ*+ dzɔdzɔe aɖe nadze na David. Aɖu fia,+ eye wòaɖe gɔmesese deto afia, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ahawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.+  Woaɖe Yuda le eŋɔli,+ eye Israel anɔ anyi le dedienɔnɔ me.+ Ŋkɔ si woayɔ nɛ ye nye: Yehowae Nye Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.”+  Yehowa be: “Gake ŋkekewo li gbɔna, esime womagagblɔ azɔ be, ‘Zi ale si Yehowa, ame si kplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la le agbe!’+ o,  ke boŋ woagblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo tso dziehenyigba kple anyigba siwo katã dzi wòka wo hlẽ ɖo dzi la, le agbe,’ eye woanɔ woawo ŋutɔwo ƒe anyigba dzi.”+  Ke nye dzi gbã le menye Ðe nyagblɔɖilawo ŋu. Nye ƒuwo katã le ƒoƒom. Mele abe ahamulaKple ŋutsu si dzi wain kpɔ ŋusẽ ɖo ene,Le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta. 10  Elabena ahasiwɔlawo yɔ anyigba la dzi fũu;+Fiƒode na anyigba la le konyi fam,+Eye lãnyiƒe siwo le gbegbe la ƒu kplakplakpla.+ Woƒe mɔwo vɔ̃ɖi, eye wozãa woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu. 11  “Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa ŋu mekɔ o.*+ Eye mekpɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le nye ŋutɔ nye aƒe me gɔ̃ hã,”+ Yehowa ye gblɔe. 12  “Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi eye wòado blukɔ;+Woatutu wo woadze anyi. Elabena mahe vɔ̃ ava wo dziLe ƒe si me mabia akɔnta wo,” Yehowa ye gblɔe. 13  “Mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le Samaria+ nyagblɔɖilawo ŋu. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me,Eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae. 14  Eye mekpɔ ŋunyɔnuwo le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasiwɔwɔ dzi,+ eye wole aʋatsokaka dzi;+Wodoa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo,*Eye wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me o. Wo katã le nam abe Sodom ene,+Eye emenɔlawo le abe Gomora ene.”+ 15  Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋue nye esi: “Kpɔ ɖa, mana woaɖu atsa,Eye makpe tsi si me aɖi le na wo woano.+ Elabena nyagblɔɖila siwo le Yerusalem gbɔe xɔsegbegbe tso kaka ɖe anyigba blibo la dzi.” 16  Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi na mi la ƒe nyawo o.+ Wole mia flum.* Woawo ŋutɔwo ƒe dzimeŋutega gblɔm wole,+Menye Yehowa ƒe nu me wòtso o.+ 17  Wole gbɔgblɔm edziedzi na ame siwo medea bubu ŋunye o la be:‘Yehowa be: “Mianɔ ŋutifafa me.”’+ Eye wole gbɔgblɔm na ame siwo katã le zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu la be:‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi o.’+ 18  Elabena ame kae nɔ Yehowa xɔlɔ̃ veviwo ƒe ha meBe wòakpɔ nu ahase eƒe nya? Ame kae ƒu to anyi ɖe eƒe nya ŋu be yeasee? 19  Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ahom atu le dziku helĩhelĩ me;Abe yali ene ahabla ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ta kɔtɔɔ.+ 20  Yehowa ƒe dziku nu mafa oVa se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe dzi me de goe hafi. Le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la, miase egɔme. 21  Nyemedɔ nyagblɔɖilawo o gake wole du dzi. Nyemeƒo nu kpli wo o gake wole nya gblɔm ɖi.+ 22  Ne ɖe wonɔ xɔ̃nye veviwo ƒe ha me la,Anye ne wona nye dukɔ se nye nyawo,Eye wona wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃ dzi kple woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me.”+ 23  Yehowa be: “Kpuiƒe ƒe Mawu koe menye, eye nyemenye adzɔge ƒe Mawu oa?” 24  “Ðe ame aɖe ate ŋu abe ɖe ɣaɣlaƒe, eye nyemakpɔe oa?”+ Yehowa ye gblɔe. “Ðe menye nyee yɔ dziƒowo kple anyigba taŋ oa?”+ Yehowa ye gblɔe. 25  “Mese nya siwo nyagblɔɖila siwo le alakpanyawo gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la le gbɔgblɔm be: ‘Meku drɔ̃e! Meku drɔ̃e!’+ 26  Ɣekaɣie esia ayi edzi le nyagblɔɖila siwo gblɔa alakpanyawo ɖi ƒe dzi me ase ɖo? Woƒe dzi ƒe ameblenyawo gblɔm wole ɖi.+ 27  Wodi be yewoatsɔ yewoƒe drɔ̃e siwo wo dometɔ ɖe sia ɖe lĩna na ehavi la ana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be, abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be le Baal ta ene.+ 28  “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la; ke ame si si nye nya le la, negblɔ nye nya la le nyateƒe me.” “Tsro gbɔ nya kae tsɔ nuku gbɔ?” Yehowa ye gblɔe. 29  Yehowa be: “Ðe nye nya mele abe dzo ene,+ eye wòle abe yɔxɔmezu si gbãa agakpe gudugudu ene oa?”+ 30  Yehowa be: “Eya ta kpɔ ɖa, metso ɖe nyagblɔɖila siwo le nye nya fim le wo nɔewo gbɔ la ŋu.”+ 31  Yehowa be: “Kpɔ ɖa, metso ɖe nyagblɔɖila siwo tsɔ woƒe aɖe le gbɔgblɔm be, ‘Eƒe nyae!’ la ŋu.”+ 32  Yehowa be: “Kpɔ ɖa, metso ɖe nyagblɔɖila siwo kua alakpadrɔ̃ewo helĩa wo, eye wokplɔa nye dukɔa tranae le woƒe alakpanyawo kple woƒe adegbeƒoƒo ta la ŋu.”+ Yehowa be: “Menye nyee dɔ wo alo de se na wo o. Eya ta maɖe vi aɖeke na dukɔ sia o.”+ 33  “Eye ne dukɔ sia alo nyagblɔɖila alo nunɔla aɖe bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe agba* la?’ hã la, ekema nàɖo eŋu na wo be, ‘“Miawoe nye agba la! Matsɔ mi aƒu gbe,”+ Yehowa ye gblɔe.’ 34  Ke nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame si le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe agba!’* la, nye hã matrɔ ɖe ame ma kple eƒe aƒemetɔwo ŋu. 35  Ale mia dometɔ ɖe sia ɖe le ehavi kple nɔvia biamee nye esi: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋui? Eye nya kae Yehowa gblɔ?’ 36  Ke migagblɔ be Yehowa ƒe agbae* azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya nye agba,* eye mietrɔ Mawu gbagbe la, aʋakɔwo ƒe Yehowa, mía Mawu la, ƒe nyawo. 37  “Ale nàgblɔ na nyagblɔɖila lae nye esi: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋu na wòe? Eye nya kae Yehowa gblɔ? 38  Eye esi mieyi edzi le gbɔgblɔm be, “Yehowa ƒe agba!”* ta la, ale Yehowa gblɔe nye esi: “Esi miele gbɔgblɔm be, ‘Nya sia nye Yehowa ƒe agba,’* evɔ megblɔ na mi be, ‘Migagblɔ be, “Yehowa ƒe agba”* o!’ ta la, 39  kpɔ ɖa! Matsɔ mi aƒu gbe le ŋkunyeme akpe ɖe du si metsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo la ŋuti. 40  Eye mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o la, ava mia dzi.”’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “domenyila.”
Alo, “siaa nye xɔsegbelawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wodoa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi.”
Alo, “Mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu ko nam wole mi.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.” Gɔmesese evee le Hebrigbe me nya si wozã na “agba” la ŋu: “agba kpekpe si tso Mawu gbɔ” alo “agba kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”
Alo, “gbedeasi kpekpe.”