Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 10

Kafu Yehowa, Mía Mawu La!

Kafu Yehowa, Mía Mawu La!

(Psalmo 145:12)

  1. 1. Kafu Ma’u! Kafu Yehowa!

    Eƒe ŋkɔ gã la, na woanya!

    Míado ɣli! Míana woanya be

    Yehowa ƒe ŋkeke la gogo.

    Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la de

    Eƒe Vi la zu Fia azɔ.

    Mina míaɖe gbeƒã dzidzɔnya sia

    Agblɔ eƒe yayrawo fia!

    (HAXE)

    Kafu Ma’u! Kafu Yehowa!

    Eƒe gãnyenye míaɖe gbeƒã!

  2. 2. Kafu Ma’u! Kafu Yehowa!

    Kafukafuha míadzi nɛ!

    Tso dzi me, Tso dzi dzadzɛ me,

    Míaɖe eƒe gãnyenye afia.

    Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo

    Gake ebɔbɔa eɖokui.

    Mía Fofo la nya míaƒe hiahiãwo,

    Sea míaƒe gbedodoɖawo.

    (HAXE)

    Kafu Ma’u! Kafu Yehowa!

    Eƒe gãnyenye míaɖe gbeƒã!