Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 127

Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

(2 Petro 3:11)

  1. 1. Nu kae matsɔ da ’kpe na wò, Yehowa,

    Ðe wò yayrawo kple agbe si nènam ta?

    Matsɔ wò Nya la adzro nye dzi me vevie,

    Ne makpɔ ame si wòle be manye nyuie.

    (DOMETSOHA)

    Metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na wò,

    ’Ya ta nyemasubɔ wò kple dzizizi o.

    Meɖoe be masubɔ wò kple dzi blibo,

    Bene nye hã mado dzidzɔ na wò.

    Kpe ɖe ŋunye ne madzro ɖokuinye me,

    Ne manya ’me si tɔgbi nèdi be manye.

    Èwɔa nuteƒe na ’me si wɔa nuteƒe.

    Na manɔ wò subɔla vavãwo dome.