Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 135

Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

(Lododowo 27:11)

  1. 1. Ðekakpui, ɖetugbui,

    do dzidzɔ na nye dzi;

    Ne maɖo nya ŋu na

    Satana ɣesiaɣi.

    Ne ètsɔ ɖokuiwò nam

    tso dzime faa la,

    Ke xexea akpɔe be

    nyee nèle agbe na.

    (HAXE)

    Vinye ŋutsu kple vinye nyɔnu,

    Oo, dze nunya ne dzi nadzɔm.

    Si le xexea me nudzodzro’o nu,

    Nàtsɔ dzi blibo asubɔm.

  2. 2. Kpɔ dzidzɔ nàtsɔ wò

    nuwo katã nam faa.

    Ne èdze anyi hã,

    nyemagblẽ wò ɖi o.

    Ne ame’o meɖi

    ’nukware na wò o hãa,

    Lé dzi ɖe ƒo, nye ya

    malé be na wò ɖaa.

    (HAXE)

    Vinye ŋutsu kple vinye nyɔnu,

    Oo, dze nunya ne dzi nadzɔm.

    Si le xexea me nudzodzro’o nu,

    Nàtsɔ dzi blibo asubɔm.