Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 25

Mawu Ƒe Nunɔamesi Tɔxɛ

Mawu Ƒe Nunɔamesi Tɔxɛ

(1 Petro 2:9)

  1. 1. Ma’u ƒ’amesiaminawo

    Nye eƒe dukɔ kɔkɔe.

    Etsɔ Via ƒe ʋu ƒle wo

    Be woava nɔ ye gbɔ.

    (HAXE)

    Amesiaminawo;

    Wò nunɔamesi tɔxɛ.

    Wolɔ̃ wò, kafua wò.

    Woɖea gbeƒã wò gãnyenye ɖaa.

  2. 2. Ma’u ƒe dukɔ kɔkɔe la

    Ʋlia eƒe nyateƒea ta.

    Eɖe wo tso blukɔ me

    Va kekeli la me.

    (HAXE)

    Amesiaminawo;

    Wò nunɔamesi tɔxɛ.

    Wolɔ̃ wò, kafua wò.

    Woɖea gbeƒã wò gãnyenye ɖaa.

  3. 3. Kristo de dɔ’asi na wo

    Be woaɖe gbeƒã nya nyuia.

    Wole dɔ sia dzi vevie

    Nuteƒewɔwɔ me.

    (HAXE)

    Amesiaminawo;

    Wò nunɔamesi tɔxɛ.

    Wolɔ̃ wò, kafua wò.

    Woɖea gbeƒã wò gãnyenye ɖaa.