Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 35

Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii

Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii

(Filipitɔwo 1:10)

  1. 1. Egbea, míehiã ŋuɖɔɖo be míanya

    Nu siwo le vevie wu.

    Be míanya nu siwo nye nyateƒe,

    Anya nu siwo míawɔ;

    (HAXE)

    Míalé fu vɔ̃, Alɔ̃ nu nyui;

    Ma’u ŋu míadze.

    Dzidzɔtɔwo míanye ne míekpɔa nu

    Si’o le vevie

    Wu dzea sii, wɔa nu si le ’teƒe.

  2. 2. Oo, dɔ bubu kae gale vevie wu

    Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea?

    Míakpe ame si’o le nyateƒea dim

    Woava agbemɔ la dzi.

    (HAXE)

    Míalé fu vɔ̃, Alɔ̃ nu nyui;

    Ma’u ŋu míadze.

    Dzidzɔtɔwo míanye ne míekpɔa nu

    Si’o le vevie

    Wu dzea sii, wɔa nu si le ’teƒe.

  3. 3. Ne míewɔa nu si’o le vevie wu la

    Míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ,

    Mawu ƒe ŋutifafa vavã la

    Adzɔ míaƒe dziwo ŋu.

    (HAXE)

    Míalé fu vɔ̃, Alɔ̃ nu nyui;

    Ma’u ŋu míadze.

    Dzidzɔtɔwo míanye ne míekpɔa nu

    Si’o le vevie

    Wu dzea sii, wɔa nu si le ’teƒe.