Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 71

Yehowa Ƒe Aʋakɔ Míenye!

Yehowa Ƒe Aʋakɔ Míenye!

(Efesotɔwo 6:11-​14)

  1. 1. Yah ƒe aʋakɔ míenye,

    Le Via Kristo te.

    Satana tso ɖe mía ŋu,

    Gake míewɔ ɖeka.

    Míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒea

    Yi didiƒe ke.

    Míevɔ̃a naneke o;

    Dziɖuɖu gogo.

    (HAXE)

    Yah ƒe aʋakɔ míenye,

    Le Via Kristo ŋu,

    Le dzidzɔɣli dom be,

    “Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”

  2. 2. Yah ƒe dɔtsɔla’o míenye,

    Dia eƒe alẽ

    Siwo ka hlẽ kple si’o bu.

    Be míakpe ɖe wo ŋu.

    Wole hũu ɖem l’avi fam;

    Míagblẽ wo ɖi o.

    Míakpe wo be woava

    Míaƒe kpekpewo.

    (HAXE)

    Yah ƒe aʋakɔ míenye,

    Le Via Kristo ŋu,

    Le dzidzɔɣli dom be,

    “Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”

  3. 3. Yah ƒe asrafo’o míenye,

    Kplɔ Via Kristo ɖo.

    Míele aʋaa dzi vevie,

    Doa dzi, léa dzi ɖe ƒo.

    Míeɖɔa ŋu ɖo, nɔa ŋudzɔ,

    Be míanɔ dedie.

    Nyateƒe la míetsɔ

    Bla ’li dzi sesĩe.

    (HAXE)

    Yah ƒe aʋakɔ míenye,

    Le Via Kristo ŋu,

    Le dzidzɔɣli dom be,

    “Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”

(Kpɔ Flp. 1:⁠7; Filem. 2 hã.)