Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 99

Nɔvi Akpeakpewo

Nɔvi Akpeakpewo

(Nyaɖeɖefia 7:9, 10)

  1. 1. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

    Le dukɔwo dome;

    Ame sia ’me zɔna le

    Fɔmaɖimaɖi me.

    Míedzi ɖe ’dzi fifia zu

    Ameha gã aɖe,

    Dzia kafukafuha na Mawu

    Dukɔwo katã me.

  2. 2. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

    Ðea gbeƒã ’fi sia ’fi.

    Nya nyui la doa dzidzɔ na

    Dzinyuitɔwo katã.

    Ne míele gbeƒã ɖem la,

    Míakpɔ yometiti.

    Gake Yesu ado ŋusẽ mí,

    Ana míakpɔ gbɔdzɔe.

  3. 3. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

    Subɔa Ma’u gbe sia gbe

    Le gbedoxɔa xɔxɔnu;

    Eléa be na mí nyuie.

    Gbeƒãɖelawo de ha

    Le nya nyui la gblɔm ɖaa.

    Míezu Ma’u ƒe hadɔwɔlawo

    L’anyigba dzi egbea.