Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nɔ Esta Ƒo

Dzi Nɔ Esta Ƒo

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Ame dahe Esta nye

    Le eƒe ɖevime.

    Nɔvia Mordekai kpe ɖe ’ŋu

    Wòva dze si Mawu.

    Gake nuwo va trɔ:

    Wotiae be wòanye fia srɔ̃.

    Esta ɖo to; dzi nɔ eƒo.

    ’Ta, nu kae mawɔ?

    (HAXE)

    Medi be masrɔ̃ Esta

    Le eƒe dzideƒo ta.

    Mawu vavã lae wòsubɔ.

    Nu siae nye hã mawɔ.

    Medi be masrɔ̃ Esta

    Le eƒe toɖoɖo ta.

    Ɛ̃, medi be masrɔ̃e

    Be dzi nanɔ ƒonye.

  2. 2. Togbɔ be Esta srɔ̃ sia

    Mevɔ̃a Mawu o hã,

    Esta de bubu eŋu.

    Esia nye kpɔɖeŋu.

    Ɣeaɖeɣi eva hiã

    Be wòaʋli eƒ’amewo ta.

    Esta ɖo to; dzi nɔ eƒo.

    ’Ta, nu kae mawɔ?

    (HAXE)

    Medi be masrɔ̃ Esta

    Le eƒe dzideƒo ta.

    Mawu vavã lae wòsubɔ.

    Nu siae nye hã mawɔ.

    Medi be masrɔ̃ Esta

    Le eƒe toɖoɖo ta.

    Ɛ̃, medi be masrɔ̃e

    Be dzi nanɔ ƒonye.