Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Bu Ðokuiwò Abe Ale Si Yehowa Bua Wòe Ene

Bu Ðokuiwò Abe Ale Si Yehowa Bua Wòe Ene

“Yehowa ƒe [amewo] ƒe nu nyoa eŋu.” (Ps 149:4) Togbɔ be míede blibo o hãa, edea dzesi míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple míaƒe ŋutetewo. Gake ɣeaɖewoɣia, ate ŋu asesẽ na mí be míade dzesi mía ŋutɔwo míaƒe nɔnɔme nyuiwo. Míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele ɖeke me o le ale si ame bubuwo wɔa nu ɖe mía ŋui ta. Alo ne míena míaƒe susu nɔa vodada siwo míewɔ va yi ŋua, ate ŋu asesẽ na mí be míaxɔe ase be Yehowa lɔ̃ mí. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míese le mía ɖokui me alea?

Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔa nu yia ŋgɔ wu amegbetɔwo. (1Sa 16:7) Esia fia be enya mí wu ale si míenya mía ɖokuiwo gɔ̃ hã. Dzidzɔtɔea, Biblia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ale si Yehowa bua míi. Míagate ŋu ase esia gɔme nyuie wu ne míexlẽa mawunyakpukpui kple Biblia me ŋutinya siwo na míekpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ esubɔlawoe.

MIKPƆ VIDEO SI NYE TRƆ WÒ DZI LE YEHOWA ŊKUME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae duƒula kple fofoa ƒe kpɔɖeŋua fia mí tso ale si Yehowa bua míi ŋu?

  • Aleke ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã eye wòɖe afɔ siwo katã hiã tsɔ dzra eya kple Yehowa dome ɖoa ate ŋu ana kakaɖedzi eƒe dzi le Mawu ŋkume?—1Yh 3:19, 20

  • Esi nɔviŋutsua xlẽ David kple Yehosafat ƒe ŋutinya eye wòde ŋugble le eŋua, aleke wòɖe vi nɛ?