Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsaɖiɖi Yi Akɔɖugble Aɖe Me

Tsaɖiɖi Yi Akɔɖugble Aɖe Me

Tsaɖiɖi Yi Akɔɖugble Aɖe Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

MELƆ̃A akɔɖu ɖuɖu ɣesiaɣi. Mexɔ se be ame akpa gãtɔ hã ɖunɛ. Menye ɖeko akɔɖu vivina ko o ke nunyiame siwo nye vitamin, mineral, kple ka hã sɔ gbɔ ɖe eme. Àdi be yeanya nu geɖe tso atikutsetse sia si me nunyiamewo sɔ gbɔ ɖo ŋua? Nyitsɔ laa la, agbledela aɖe kple srɔ̃a fia nukumɔ si dzi akɔɖu gagbugbɔ dzena le eɖokui si lam.

Tony kple Marie (siwo ƒe foto dze le etame) nye agbledelawo le South Africa ƒe Limpopo Nuto, ƒe akpa si woyɔna be Levubu me. Wodoa nuku vovovowo ɖe woƒe agble si ƒe lolome nye agbleka (acre) 140 la me. Gake akɔɖu koŋue sɔ gbɔ ɖe eme wu. Tony adi be yeaƒo nu tso atikutsetse nyanyɛ sia ŋu na mí.

Eƒe Agbledede Kple Yame ƒe Nɔnɔmewo

Tony ɖe nu me be: “Anyigba nyuitɔe nye esi me tsu sɔ gbɔ ɖo eye mele be wòanye ke ɖeɖe alo kpe tsaklitsakli o. Ele be anyigbaa ƒe nɔnɔme sia nade to eye tsi nate ŋu ato eme nyuie. Akɔɖu wɔna nyuie le nuto siwo me sno medzana le o. Le nyateƒe me la, dzoxɔxɔ gbãgbãgbã sɔna na wo ŋutɔ. Levubu ƒe dzoxɔxɔ nɔa Celsius 12 va ɖo 35 lɔƒo ƒe sia ƒe.” Esi mebia gbe Tony ku ɖe tsidzadza ŋu la, eɖo eŋu be: “Ehiã be tsi nadza ɖe akɔɖu dzi enuenu alo be woade tsii kwasiɖa sia kwasiɖa.”

Akɔɖuti aɖi ati, gake menye ati ŋutɔŋutɔe nye ekɔgbea o, ke boŋ enye aŋgbawo ƒe ƒuƒoƒo. Gbe dzɔtsu titri aɖee akɔɖuti nye, ke menye ati ŋutɔŋutɔe wònye o. Eƒe kpe ŋutɔ nɔa to me, si woyɔna be akɔɖukpe. Kewo tona ɖe kpea ŋu, eye aŋgbawo tsina ɖe atia ŋu eye wòva doa loto mlɔeba. Kpea dzea vi hã siwo va zua akɔɖuti yeyewo.

Akɔɖuti ƒe tsitsi dzena le hatsotso etɔ̃ koŋ me, si agbledela siwo le afisia yɔna be “akɔɖuti tsitsia, esi le vedomesi, kple akɔɖuvi.” (Kpɔ fotoa.) “Tsitsia” adze le ƒe sia me, “esi le vedomesi” adze le ƒe si gbɔna me, eye “akɔɖuvia” adze le ƒe etɔ̃lia me. “Akɔɖuviwo” dzena ɖe “akɔɖutia” ŋu le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Ne “fẽ” siawo tsi ɖo klonu la, wohoa wo katã ɖa negbe esiwo ate ŋu ava dze ŋu koe womehona o.

Loto gã dzẽ, si va zua akɔɖuta emegbe la dzena tsoa akɔɖutia ƒe titina makpɔmakpɔ la me. Vivivi la, eva dona ɖe eƒe ɖɔme eye wòdea mo to. Ne seƒoƒoawo lũ xe la, akɔɖugba fẽ 10 va ɖo 15 siwo ƒo ƒu wɔ akɔɖuta la dzena nyuie—hedzena na amesiwo mekpɔe kpɔ o abe ɖe wotrɔ ta gbo hafi nɔa tsitsim ene! Akɔɖu ɖekaɖeka 20 alo esiwo wu nenemae te ŋu nɔa akɔɖugba ɖeka ŋu.

Etsoɣi

Ɣeyiɣi si me akɔɖu doa loto vaseɖe etsoɣi te ŋu nyea tso ɣleti etɔ̃ va ɖo ade lɔƒo, eye esia nɔa te ɖe ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wònye la dzi. Wotsonɛ esime wòle gbogbo, gake ne etsi nyuie ko hafi. Akɔɖuta si sɔ hena dzadzra ƒe kpekpeme nɔa kilogram 35 lɔƒo. Ne wotsoe vɔ la, wotsɔa aŋenu aɖe tsyɔa edzi be woaganɔ mimlim anɔ wo nɔewo ƒom wo ŋuti nagblẽ esime wotsɔ wo da ɖe agbatsɔkeke dzi yina afisi woadzrae ɖo le o. Le afisia la woflia akɔɖugba la ɖe agba suesuewo me siwo me akɔɖu etɔ̃ va ɖo ade le me eye wotsɔa dɔlékuiwutike sisina ɖe wo ŋu be magaƒo ŋɔŋɔe o.

Le South Africa la, wodea akɔɖuawo agbalẽgo siwo me wofa aŋe ɖo eye woŋɔ dowo ɖe wo me la me eye wotsɔa wo yina ɖe xɔ siwo me wodana wo ɖo be woaɖi la me. Le afisia la, ya si woyɔna be ethylene nana wòɖina kaba. * Wonana akɔɖuawo nɔa dzoxɔxɔ aɖe sinu me ŋkeke ɖeka alo eve eye wotsɔa wo yia asi me.

Tony ɖo nukomoe gblɔ be: “Ðewohĩ anye ŋu ʋãme mele, gake mesusu be akɔɖu siwo le Levubu ye vivina wu, si anya atso alesi míaƒe anyigba ƒe nɔnɔme le gbɔ. Gake nublanuitɔe la, esi míele adzɔge tso du siwo ɖoa nuwo ɖe duta gbɔ ta la, dukɔ sia me koe woɖua wo katã le.”

Enyo Na Wò Lãmesẽ

Nunyiame si woyɔna be potassium sɔ gbɔ ɖe akɔɖu me ŋutɔ. Health magazine ƒe nyati aɖe ƒo nu tso akɔɖu ŋu gblɔ be: “Numekuku geɖewo ɖo kpe edzi be nunyiame sia ate ŋu ana ŋusẽ nanɔ wò ƒuwo ŋu eye wòɖea ʋusɔgbɔdɔ kple tutudɔ dzi kpɔtɔna.” Magazine sia gagblɔ kpee be: “Folate si kpena ɖe ame ŋu be woagadzi vi nuwɔametɔe o, si nye vitamin B ƒomevi aɖe la, le akɔɖu me eye wònyo ŋutɔ na funɔ alo nyɔnu siwo gale woƒe vidziɣiwo me.” Mineral tɔxɛ bubuwo le akɔɖu me siwo dometɔ aɖe nye magnesium, si kpena ɖe ƒuwo ŋu be wòte ŋu xɔa calcium eye wòna ŋusẽ nɔa eŋu.

Amino acid 18 ye le Protein si le akɔɖu me la me, vevitɔ esiwo katã wò ŋutilã mate ŋu awɔ le agbɔsɔsɔ si hiã me le eɖokui si o alo mate ŋu awɔ kura o la hã le eme. Goma alafa me mama 22 ye le akɔɖu me, si naa ŋusẽ ɖoa ame ŋu enumake elabena ete ŋu tuna bɔbɔe le dɔ me. Dzi dzɔ Marie wògblɔ kpe ɖe eŋu be: “Vitamin A, B, C sɔ gbɔ ɖe akɔɖu me ŋutɔ. Azɔ hã edzena abe wotina ame kabakaba, elabena mate ŋu aɖu geɖe zi ɖeka o.” Eyata nukatae maɖu ɖe akpɔ o—asɔ na wò eye wòavivi nuwò ale gbegbe!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Ne akɔɖu le ɖiɖim le eɖokui si la, ya sia tɔgbe kee dona le eme, si nana wòɖina kabakaba. Eyata mɔ bubu si dzi woate ŋu ana akɔɖu gbogbowo naɖi le kabae enye be woatsɔ akɔɖu ɖiɖi ʋɛ aɖewo ade wo dome.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Aŋgba

Loto kple akɔɖu fẽ

Akɔɖuti ŋuti tsro

Eƒe akpa si le anyi me

Ke

Akɔɖukpe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nɔnɔmetata: Based on drawing from The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 27]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tsitsitɔa

Esi le vedomesi

Akɔɖuvi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Loto si va zua akɔɖuta emegbe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Kazuo Yamasaki

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Etsoɣi (le miame); akɔɖuviwo te tsitsi (etame)