Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu

Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu

Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu

SESELELÃME trama dɔwo nu bɔ ɖe teƒe geɖewo ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be blanuiléle si gbɔ eme, si nye nɔnɔme si nuxaxa vevie kple dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe gbesiagbedɔwo ŋu hena vɛ, ɖea fu na ame miliɔn 330 kple edzivɔwo le xexeame godoo. Wobu akɔnta be le ƒe 20 siwo gbɔna me la, dzidɔlélawo koe asɔ gbɔ wu blanuidɔlélawo. Eyata mewɔ nuku o be woyɔe be “tagbɔdɔléle ƒe wɔɖi.”

Le ƒe siawo me la, ame geɖe va nya nu tso nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ ŋu. Dɔléle sia ƒe dzesiwo dometɔ aɖee nye blanuiléle ƒe seselelãme siwo trɔna kpata zua dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu. Agbalẽ yeye aɖe si Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ ta gblɔ be: “Le blanuiléɣia la, ameɖokuiwuwu ƒe susuwo ate ŋu aɖe fu na wò. Le wò dɔlélea ƒe dzidzɔɣeyiɣiwo me la, ate ŋu adzɔ be màbu nuwo ŋu nyuie o eye màte ŋu akpɔ afɔku siwo ate ŋu ado tso wò nuwɔnawo me adze sii o.”

Wobui be nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ le amesiwo le United States la dometɔ 2 le alafa me ŋu, si fia be dɔ sia léla miliɔn geɖewoe le dukɔ ma ɖeɖe me. Ke hã, xexlẽdzesiwo ɖeɖe mate ŋu aɖɔ fuwɔame si le tenɔnɔ ɖe seselelãme trama dɔwo nu me o.

Blanuiléledɔ​—Enye Nuxaxa Vevie

Mía dometɔ akpa gãtɔ nya alesi nuxaxa vevie le. Le ɣeyiɣi aɖe—ɖewohĩ le gaƒoƒo alo ŋkeke ʋɛ aɖewo ko—megbe la, seselelãmea nu fana. Gake blanuiléle si nu sẽ ya gavɔ̃ɖi wu. Le mɔ ka nu? Ðk. Mitch Golant ɖe eme be: “Mía dometɔ siwo melé blanui o la nyae be fu si míaƒe seselelãmewo wɔa mí la wua enu mlɔeba, gake amesi blanuiléle le fu ɖem na ya ƒe seselelãmewo dze kpo dze ʋe hetrɔnɛ toa eme abe keteke si de afɔ dume evɔ kuɖɔ mele eŋu o mee wòle ene eye menya alesi wòawɔ alo ɣeyiɣi si tututu wòado le eme o—ne ado le eme gɔ̃ hãe nye ma.”

Blanuiléle si nu sẽ ƒomevi vovovowoe li. Le kpɔɖeŋu me, dɔ si woyɔna be ɣeyiɣiwo ƒe tɔtrɔ ƒe dɔléle (seasonal affective disorder [SAD]) si dzea ame dzi le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe koŋ me—zi geɖe le vuvɔŋɔli—ɖea fu na ame aɖewo. Agbalẽ aɖe si Amewo ƒe Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ ta gblɔ be: “Amesiwo ŋu SAD le la gblɔna be yewoƒe blanuilélea sẽna ɖe edzi ne yewole dziehe ʋĩ kple ne alilikpowo sɔ gbɔ ɖe yame. Togbɔ be wogblɔ be vuvɔŋɔli si me xexeame tsyɔna vie me koŋue SAD dzea ame geɖewo dzi hã la, wogblɔna le go aɖewo hã me be xɔdoviviti si me wowɔa dɔ le, alilikpodoɣiwo kple afudodoe na dɔlélea dzea amewo dzi.”

Nukae hena blanuiléle si nu sẽ vɛ? Ŋuɖoɖoa mele nyanya tututu o. Togbɔ be edzena abe enye ƒomedɔ le go aɖewo me ene hã la, le go geɖe me la, ewɔ abe agbe me nudzɔɖeamedziwo wɔa akpa vevi aɖe ene. Wode dzesii hã be eléa nyɔnuwo zi gbɔ zi eve wu ŋutsuwo. * Gake esia mefia be meléa ŋutsuwo o. Ke boŋ wobu akɔnta be blanuiléle si nu sẽ alé ŋutsu 5 va ɖo 12 le alafa me le woƒe agbenɔɣi ƒe akpa aɖe.

Ne blanuiléledɔ sia dze ame dzi la, eɖua amea dzi ale gbegbe eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe dzi. Dɔ sia léla aɖe si ŋkɔe nye Sheila gblɔ be: “Edea ame nu ɖoa eme ke hegblẽa kakaɖedzi si le asiwò, bubu si le ŋuwò, alesi nàbu tame wòato mɔ ɖeka ahawɔ nyametsotsowoe me, eye ne ekpe dziwò nyuie la, etugua ame vie tsɔ doa ame kpɔna be àte ŋu anɔ te ɖe enu hã.”

Ɣeaɖewoɣi la, dɔnɔa ate ŋu akpɔ gbɔdzɔe to eƒe seselelãmewo gbɔgblɔ na toɖola veveseɖeamenula aɖe me. (Hiob 10:1) Ke hã, ele be woade dzesii be ne lãmenugbagbevi aɖewo ƒe masɔmasɔe na amea le blanuiléledɔ sia lém la, nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ ɖeɖeko mate ŋu adae o. Le nyateƒe me la, ne dɔléle sia ho ŋutɔŋutɔ na dɔnɔa la, eya ŋutɔ ƒe ŋutetewo mete ŋu nɔa te ɖe enu o. Gakpe ɖe eŋu la, nɔnɔmea ate ŋu ana dɔnɔa natɔtɔ abe alesi ko wòatɔtɔ ƒometɔwo kple xɔlɔ̃woe ene.

Bu Paula, * si nye Kristotɔ aɖe si do dzi le nuxaxa vevie me enuenu hafi wokpɔe be blanuiléledɔe nɔ fu ɖem nɛ la, ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi le kpakpa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me vɔ megbe la, meɖea abla kabakaba gena ɖe nye ʋu me hefaa avi yakatsyɔ. Ðeko mesena le ɖokuinye me vevie be metsi akogo eye wònana mexaa nu ale gbegbe. Togbɔ be kpeɖodziwo katã fia be xɔlɔ̃ geɖe siwo tsɔa ɖe le eme nam nɔ asinye hã la, nyemekpɔnɛ nenema o.”

Nusia tɔgbe dzɔ ɖe Ellen, amesi ƒe blanuilélea bia be woaxɔe ɖe kɔdzi, dzi. Egblɔ be: “Viŋutsuvi eve, lɔ̃xoyɔvi lɔ̃ame eve, kple srɔ̃ le asinye—amesiwo katã menya be wolɔ̃m vevie.” Edze abe susu anɔ eme na Ellen be wòakpɔe be agbe vivina eye be yenye ame vevi na yeƒe ƒomea ene. Gake ne blanuilélea dze ame dzi la, susu manyomanyowo—metsɔ le alesi wo baɖae me o—ate ŋu akpe dɔnɔa dzi.

Nusi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o enye ŋusẽ gã si ame ɖeka ƒe blanuiléle ate ŋu akpɔ ɖe ƒomea me tɔ mamlɛawo dzi. Ðk. Golant ŋlɔ bena: “Ne wò ame vevi aɖe lé blanui la, àtɔtɔ le ɖokuiwò me ɣeawokatãɣi eye manya ɣeyiɣi si tututu wò ame vevi la ahaya tso eƒe blanuilélea me loo alo esime wòagalé blanui la o. Àse le ɖokuiwò me be nu gã aɖe bu na ye—àxa nu ahado dziku gɔ̃ hã—be agbenɔnɔ trɔ tso alesi wònɔ la gbɔ eye ɖewohĩ be magaɖɔ ɖo gbeɖe o.”

Zi geɖe la, ɖeviwo ate ŋu ade dzesi wo dzila aɖe ƒe blanuiléle. Ðk. Golant ŋlɔ bena: “Vidada si lé blanui ƒe vi tsia dzi ɖe dadaa ƒe seselelãme ƒe nɔnɔme ŋu eye wònɔa ŋku lém ɖe tɔtrɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu nyuie.” Ðk. Carol Watkins de dzesii be “nutsiamesi ƒe kuxiwo, nusɔsrɔ̃ ƒe kuxiwo, kple hatiwo ƒe kuxiwo te ŋu ɖea fu na dzila si léa blanui la ƒe viwo wu. Ele bɔbɔe be ɖeviawo ŋutɔwo hã nava nye blanuilélawo emegbe.”

Nu Tramawo Wɔwɔ ƒe Dɔ—Metoa Mɔ Ðeka Ɣesiaɣi O

Nyateƒee be blanuiléle si nu sẽ ŋutɔ nye gbetɔame gã aɖe. Gake ne dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu hã kpe ɖe eŋu la, etrɔna zua nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ. * Dɔnɔ aɖe si ŋkɔe nye Lucia gblɔ be: “Nu ɖeka koŋ si ɖe dzesi le nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ ŋu enye be metoa mɔ ɖeka ɣesiaɣi o.” The Harvard Mental Health Letter gblɔ be ne nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lélawo le woƒe dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu ƒe ɣeyiɣiwo me la, “wote ŋu dea nu nya sia nya me hetea tɔ ɖe nusianu dzi vevie, eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋumaɖɔɖotɔe kple momadzeanyitɔe la ate ŋu atrɔ azu dzikudodo alo dɔmedzoedodo enumake.”

Lenore gblɔ nusi me wòto esime dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu nɔ fu ɖem nɛ. Egblɔ be: “Ŋusẽ ɖo ŋunye wu gbɔgblɔ. Ame geɖe yɔam be nyɔnu sesẽ. Amewo gblɔna be ‘Ame aɖe kpɔ be ɖe mele abe wò ene.’ Mesena le ɖokuinye me zi geɖe be ŋusẽ le ŋunye ale gbegbe, abe ɖe mate ŋu awɔ nusianu ade goe ene. Metea kame vevie. Mewɔa nye gbesiagbedɔwo nyuie togbɔ be ɣeyiɣi kpui aɖe koe medɔa alɔ̃ hã—gaƒoƒo eve alo etɔ̃ le zã me. Ke hã, nye lãme kɔna keŋkeŋ ne mefɔ eye ŋusẽ ganɔa ŋunye nenema ke.”

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Lenore ƒe seselelãme si nu sẽ la dzi te ɖeɖe kpɔtɔ. Egblɔ be: “Ne nye dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenua ɖo eƒe sesẽaƒe la, mesẽa nyaƒoɖeamenu aɖe tso ememe ke abe mɔ̃ aɖe si wodo dzo na gake womate ŋu atsi o ene. Kasia manya la, dzidzɔ si kpɔm menɔ la trɔna zua dziku eye mesena le ɖokuinye me be magblẽ nuwo dome. Maɖe dzu ɖe ƒomea me tɔ aɖe dzi yakatsyɔ. Meɖoa adã vevie, ame ƒe nu kua dzi nam, eye ame aɖeke mete ŋu nɔa te ɖe nunye o. Le ŋɔdzinu siawo wɔwɔ megbe la, ɖeɖi tea ŋunye zi ɖeka, mefaa avi, eye meléa blanui vevie. Mesena le ɖokuinye me be nyemeɖi naneke o eye be mevɔ̃ɖi. Le ɣebubuɣi la, edzɔna be dzidzɔ si kpɔm menɔ hafi dzi kum la gaɖoa menye, abe ɖe naneke medzɔ o ene.”

Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ si metoa mɔ ɖeka o lélawo ƒe ƒometɔwo tsia mavomavo, ewɔnɛ be wotɔtɔna, eye wotsia dzimaɖeɖi vevie. Mary, si srɔ̃ nɔ nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém, gblɔ be: “Ne srɔ̃nye si nɔ dzidzɔ kpɔm henɔ nu ƒom nyuie ƒe nɔnɔme trɔ kpata zu blanuiléle kple numaƒomaƒoe la, enana be metɔtɔna ale gbegbe. Esesẽna na mí be míaxɔe ase be mete ŋu wɔa naneke boo tsɔ ɖua nɔnɔme sia dzi o.”

Nukutɔe la, nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔa tena ɖe dɔnɔa hã dzi nenema ke—alo be etena ɖe edzi wu gɔ̃ hã. Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ léla si ŋkɔe nye Gloria gblɔ be: “Amesiwo da sɔ hele ŋute le woƒe agbenɔnɔ me ƒe nuwɔna dzroam ŋutɔ. Ŋutenɔnɔ nye nɔnɔme aɖe si me nutramawɔlawo nɔna kpuie ko. Mía dometɔ aɖeke menɔa eme ɖaa o.”

Nukae nana woléa nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ? Wote ŋu nyia edome tso ƒometɔ aɖe gbɔ—esia tɔgbe nu sẽna wu esi woxɔna toa blanuiléle dzi. Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be: “Le dzɔdzɔmeŋutinunya nusɔsrɔ̃ aɖewo ƒe nya nu la, ne ʋu mee nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔa le na elélawo la, ke woƒe ƒometɔ kplikplikpliwo—dzilawo, dadaviwo, alo wo viwo—ate ŋu axɔ dɔ sia tso zi 8 va ɖo 18 gbegbe dzi wu alesi lãmesẽmenɔla siwo dzi dɔa va dze la ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo ate ŋu axɔe le wo ŋui. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒowòmetɔ kplikplikpli aɖe si le nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém ate ŋu ana blanuiléle si gbɔ eme ƒe dɔ nalé wò hã bɔbɔe.”

To vovo na blanuiléle la, edze abe nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ dzea ŋutsuwo kple nyɔnuwo dzi sɔsɔe ene. Zi geɖe la, edzea egɔme le sɔhɛmenɔɣi, ke hã, wokpɔ nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ le ƒewuiviwo kple ɖeviwo gɔ̃ hã ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, ŋkuléle ɖe dzesiawo ŋu kpakple keke ɖe nusi tututu wofia ŋu ate ŋu anye kuxi sesẽ aɖe na atikewɔla bibiwo gɔ̃ hã. Ðk. Francis Mark Mondimore, si le Johns Hopkins ƒe Yunivɛsiti si Wosrɔ̃a Atikewɔwɔ Le, ŋlɔ be: “Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ nye agama le tagbɔdɔwo me, eɖɔlia eƒe dzesiwo tso dɔnɔ ɖeka dzi yi bubu dzi, eye tso nɔnɔme aɖe me yi bubu me le dɔnɔ ma ke ŋu gɔ̃ hã. Enye ŋɔdzinu aɖe si ŋu kakaɖedzi mele o si ate ŋu anye blanuiléle gã aɖe si adze amesi eƒe asi tu dzi le adzame, gake enu tsona hena ƒe geɖe—emegbe wògahona na amea ake hedzea egɔme kple dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu aɖe tɔgbe.”

Eme kɔ ƒã be seselelãmedɔwo kpɔkpɔ adze sii nye nu sesẽ eye tenɔnɔ ɖe enu ya sesẽna wu. Gake mɔkpɔkpɔ li na amesiwo dze seselelãmedɔwo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Eƒe akpa aɖe ate ŋu anye vidzidzi megbe blanuiléle kpakple lãmetsiwo ƒe tɔtrɔ le gbɔtotsoɣiwo si te ŋu ɖea fu na wo bɔbɔe ta. Gakpe ɖe eŋu la, nyɔnuwo te ŋu lɔ̃na yia kɔdzi si nana wokpɔnɛ le wo ŋu wu.

^ mm. 11 Míetrɔ ŋkɔ siwo dze le nyati siawo me la dometɔ aɖewo.

^ mm. 16 Ðɔktawo ka nya ta be zi geɖe la, seselelãmeawo dometɔ ɖesiaɖe te ŋu nɔa anyi xɔa ɣleti geɖewo. Gake wode dzesii be ame aɖewo “siwo ƒe seselelãmea te ŋu trɔna kabakaba” la te ŋu léa blanui hekpɔa dzidzɔ manyatalenua enuenu le ƒe ɖeka me. Ƒã la, dɔnɔawo te ŋu toa nɔnɔme evea siaa me le gaƒoƒo 24 me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Ŋutenɔnɔ nye nɔnɔme aɖe si me nutramawɔlawo nɔna kpuie ko. Mía dometɔ aɖeke menɔa eme ɖaa o.”​—GLORIA

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Blanuiléle si Gbɔ Eme ƒe Dzesiwo *

● Blanuiléle ŋkeke bliboa, gbesiagbe kloe, wòade kwasiɖa eve ya teti

● Dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe nuwɔna siwo doa dzidzɔ na ame tsã la ŋu

● Kuɖiɖi alo lãmekpɔkpɔ si ɖe dzesi

● Alɔ̃tsudɔdɔ alo zãdomadɔlɔ̃e

● Ame ƒe nuwɔna si ava nɔ tsɔtsɔm kabakaba loo alo si dzi aɖe akpɔtɔ madzemadzee

● Ðeɖiteameŋu vevie si womenya nusi tututu gbɔe wòtso o

● Viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme kple/alo fɔbuameɖokui si mesɔ o

● Ame ƒe susu si megate ŋu nɔa nu ŋu o

● Ameɖokuiwuwu ƒe susu siwo anɔ tame ɖom na ame edziedzi

Dzesi siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dɔléle ƒomevi aɖe (dysthymia)—si nye blanuiléledɔ si nu mesẽ tututu o—tɔ hã

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 31 Dzesi gbadzaawo koe nusiwo míeyɔ la nye ke menye nusi dzi woanɔ te ɖo anya ne dɔ sia lém ame le o. Azɔ hã, dzesi siawo dometɔ aɖewo ŋutɔ ate ŋu anye dɔ bubu siwo menye blanuiléledɔ o la ƒe dzesiwo.