Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Kpe Ðe Ŋunye Meɖu Dodokpɔwo Dzi

Mawu Kpe Ðe Ŋunye Meɖu Dodokpɔwo Dzi

Mawu Kpe Ðe Ŋunye Meɖu Dodokpɔwo Dzi

Abe ale si Vazir Asanov gblɔe ene

Meti kpo tso nye aba dzi hetsɔ Biblia bla ɖe ali dzi, eye medo awu kpatakpata. Hafi madzo to fesre nu adzo la, meŋlɔ nudodo aɖewo da ɖe abaa dzi hehe abadzivɔ tsyɔ edzi be wòadze abe ɖe mekpɔtɔ le alɔ̃ dɔm ene. Emegbe mesi du yi Fiaɖuƒe Akpata me henɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Nu sia dzɔ le ƒe 1991 me esime mexɔ ƒe 14.

KURDTƆWO ƒe ƒome aɖe mee wodzim ɖo, le du aɖe si nɔ afi si va zu Kazakhstan, si nye dukɔ 15 siwo ƒo ƒu nye Soviet Union tsã la dometɔ ɖeka, si va zu dukɔ nɔɖokuisi fifia la, ƒe anyiehe gome. Dzinyelawo kple ƒonyemetɔwo na hehem kple susu be mava zu kplɔla si ana ablɔɖe míaƒe dukɔmetɔwo le etsɔme. Melé fu ame siwo léa fu Kurdtɔwo la ale gbegbe be menɔ klalo be mawu amewo atsɔ ana ablɔɖe mía de tɔwo tso ameteteɖeanyi me.

Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple mía kple danye kpakple nɔvinyeŋutsu suetɔ. Gake Papa melɔ̃ ɖe edzi be míade ha kple Kristotɔwo o. Ke hã, meyi edzi nɔ nua srɔ̃m. Le Kurdtɔwo ƒe ƒomewo me la, ame aɖeke mekea atse be yeadze aglã ɖe ƒomea ƒe ta ŋu o. Togbɔ be melɔ̃ fofonye hã la, Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m menɔ la lé dzi nam ale gbegbe.

Tsitretsitsi Ðe Ŋunye Le Aƒe Me Kple Le Suku

Gbe ɖeka la, nufiala aɖe kpɔ Gbetakpɔxɔ magazine le nye akplo me, eye wògblɔe na dzinyelawo. Papa ƒo tome nam dzikutɔe ale gbegbe be ʋu koe do le nye ŋɔti me. Edo ɣli gblɔ be: “Ègakpɔtɔ le ha dem kple subɔsubɔha ma me tɔwo kokokoa?”

Emegbe Papa gblɔ na míaƒe ƒomea be yemegabuam de ye viwo dome o. Nya ma sese gbã dzi nam ale gbegbe! Le ɣeyiɣi ma ke me la, nye sukuhatiwo dometɔ geɖe te asaƒoƒo nam, eye bubuwo hã ɖia gbɔm le dutoƒo. Nufialawo meganaa dzeside nyuiwom o, eye zi geɖe la, woɖua fewu le nye dzixɔsea ŋu le sukuxɔ me hedzea agbagba be yewoaƒã woƒe mawudzimaxɔse ƒe susuwo ɖe menye.

Togbɔ be wotsia tsitre ɖe ŋunye alea hã la, megadzea agbagba dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo kokoko heƒoa nu tso nye dzixɔse yeyea ŋu na ame bubuwo hã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa va nya be megakpɔtɔ le ha dem kple Ðasefowo hexlẽa Biblia hã. Kwasiɖa aɖe gbe la, medi nya aɖe si matsɔ ado taflatsɛ ahado le aƒe me ayi ɖade kpekpe la gblɔ. Enumake Papa gblɔ nam be mayi aɖamlɔ anyi. Egblɔ gbeteteɖedzitɔe be, “Fifia, tso egbea dzi la, le Kwasiɖa ɖe sia ɖe gbe, le gaƒoƒo sia me la, ele be nànɔ aba dzi.” Edo ŋɔdzi nam be ne metri to la, yeahe to nam vevie, eye mekpɔe be enye nu si wòɖo kplikpaa vavã.

Metsɔ aɖatsiwo ƒo koko na Yehowa, Mawu vavã la, be wòana Papa ƒe dzi nabɔbɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. Esia na meɖo ŋku ale si wote Israel viwo ɖe anyi le Egipte la dzi. Fofonye ƒe nuwɔna na meɖo ŋku Farao, si gbe be yemaɖe asi le Israel viwo ŋu woayi aɖade ta agu na Yehowa o la dzi.—2 Mose 5:1, 2.

Nyametsotsowo Wɔwɔ

Kwasiɖa aɖe gbe la, meɖoe be made kpekpe godoo. Dzodzodzoetsitsi na nye dzi nɔ tsotsom esime menɔ gbe dom ɖa na Yehowa le ɖoɖoezizi me le nye aba dzi. Esime dzinyelawo ge ɖe nye xɔdɔme la, mewɔ abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene. Papa gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be, “Vi ɖoto kae nye esi le asinye.” Ete ɖe ŋunye kiss nam, eye wozɔ dzadzadza hetrɔ dzo. Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa vevie.

Esi dzinyelawo trɔ dzo eteƒe medidi o la, meti kpo tso nye aba dzi, abe ale si megblɔe le ŋgɔdonyaa me ene, hetsɔ nye afɔkpawo le abatia te, eye medzo kpo to fesre nu dzo. Kpekpea ƒe gaƒoƒo evea va yi kaba ŋutɔ, eye mete nu si adzɔ ne metrɔ yi aƒe me la ŋu bubu. Dzidzɔtɔe la, togbɔ be Dada va nya be nye awuwoe nɔ abaa dzi ke menye nye ŋutɔe o hã la, megblɔ nya aɖeke na Papa o. Ke hã, exlɔ̃ num be yemegale nu mia ge ɖe nuwɔna ma tɔgbi dzi agbe egbɔgblɔ na Papa azɔ o.

Le ƒe 1992 me la, megblɔ na dzinyelawo be xɔ̃nye aɖe yina azã tɔxɛ aɖe ɖu ge eye wòkpem be mava míayi. Le nyateƒe me la, azã tɔxɛ siae nye Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si wɔ ge woala le Taraz, si didi tso Karatau, afi si míele la gbɔ abe kilometa 100 ene, si meɖo be made. Wowɔ ɖoɖo be maxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me atsɔ aɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa la dzi. Mebia Dada be wòaku seƒoƒo aɖe si ŋkɔe nye sunflower ƒe ku tɔkpo ɖeka tso míaƒe ava me nam. Metɔ kuawo hedzra wo le asi me, eye esia na mekpɔ ga si asu na nye mɔzɔzɔ ayi takpekpea.

Esi metrɔ gbɔ la, Papa biam nenye be azãa ɖuƒe dede kple xɔ̃nyea vivi nunye hã. Megblɔ nɛ be evivi nunye ŋutɔ. Mekpɔe be Yehowa nɔ nye akpa dzi, elabena Papa megabia nya aɖekem tso azãɖuƒea dede ŋu o. Lododowo 3:5, 6 me nyawo doa dzidzɔ nam ŋutɔ, afi si gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”

Meva Gbɔdzɔ Le Gbɔgbɔ Me

Papa ƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye mewu enu le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe o. Esi meyi edzi nɔ ha dem kple Ðasefoawo ta la, Papa ƒoam vevie le amewo ŋkume kple ne mía kpli ɖeɖe míeli hã. Eɖia gbɔm heƒoa nya ɖe nunye gbe sia gbe kloe, eye mefaa avi zi geɖe. Kazakhstan dukɔa nɔ eƒe ɖokuisinɔnɔ xɔm tso Soviet Union gbɔ ɣemaɣi, eye dzinyelawo kple míaƒe ƒometɔwo ƒoa nya ɖe nunye be mati dunyahehe me yeaɖi taɖodzinu nyuiwo yome. Wosusu be nu nyuiwo nɔ ŋunye tom.

Nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ kpɔ dzidzedze geɖe le kamedefefewo wɔwɔ me, eye Papa ƒoa nu tso eŋu zi geɖe abe kpɔɖeŋu si wòle be masrɔ̃ ene. Esia wɔe be le ƒe 1994 ƒe nuwuwu lɔƒo la, nye hã meva ƒo ɖokuinye ɖe kamedefefewo wɔwɔ me. Nye dzɔdzɔmeŋutetewo de dzinye ale gbegbe be eteƒe medidi hafi mete dzidzedzekpɔkpɔ hexɔa kafukafu tso amewo gbɔ le nye bibi ɖe bɔlƒoƒo kple kamedede me ta o. Meva te seŋutinunya hã sɔsrɔ̃ bene mate ŋu asu te nyuie aʋli Kurdtɔwo ƒe gomenɔamesiwo ta. Meva ƒo ɖokuinye ɖe dunyahehe me gɔ̃ hã, eye mebu Kurd sɔhɛwo ƒe dunyahehabɔbɔ aɖe hã ɖoɖo ŋu. Papa va le kafuyem azɔ.

“Papa, Èɖu Dzi”

Meva gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ale gbegbe be medzudzɔ Biblia xexlẽ kpakple Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede. Medea dzi ƒo na ɖokuinye kple susu sia be, ne meva tsi nyuie la, magava subɔ Yehowa ake. Gbe ɖeka, Papa biam be megadea ha kple Yehowa Ðasefowo hã. Meɖo eŋu nɛ be: “Ao. Papa, èɖu dzi. Edo dzidzɔ na wò azɔa?” Nya sia na Papa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Eye wògblɔ dadatɔe be: “Fifia hafie nèzu vinyeŋutsu!”

Nyemega dea kpekpewo o hena ƒe eve sɔŋ, evɔ edzroam ɣeaɖewoɣi be made hafi. Ke hã, ŋukpe na nyemete ŋu wɔa nye didiawo dzi o. Ewɔna nam be ame siwo le hamea me mase nye nɔnɔmea gɔme o.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, kakaɖedzi nɔ asinye be naneke meli si nyo wu Yehowa subɔsubɔ o. Megblɔna na ɖokuinye enuenu be, ‘Aleke kee wòɖale o, melɔ̃ Yehowa!’ Emegbe Papa te nyaƒoƒo ɖe nunye be made yunivɛsiti. Melɔ̃ hedo ŋugbe gɔ̃ hã be made sukua yi ŋgɔ axɔ kafukafugbalẽ nyuiwo. Gake menɔ gbɔgblɔm le dzi me be, ne menya ɖo Almaty, dugã deŋgɔ si le Kazakhstan ƒe anyiehe ko la, madi Ðasefowo ƒe mɔ godoo.

Nɔnɔmeawo Trɔ Dzidzɔtɔe

Esi mete yunivɛsitia dede eteƒe medidi o la, medo go Ðasefo eve wonɔ gbeƒã ɖem le ablɔ aɖe dzi le Almaty. Wote ɖe ŋunye hebiam be, “Ame kae nèbu be eyae le xexea dzi ɖum?”

Meɖo eŋu be, “Satana Abosam, si nye Yehowa kple ameƒomea katã ƒe futɔ lae.” (2 Korintotɔwo 4:3, 4) Meɖe nu me na wo be Ðasefo xɔnyɔnyrɔe menye gake meva gbɔdzɔ.

Le ƒe 1996 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Ðasefowo gate Biblia sɔsrɔ̃ kplim ake. Le nua sɔsrɔ̃ kplim zi geɖe megbe la, dzo gaɖo menye bliboe ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye mete gomekpɔkpɔ le Ðasefo siwo le Almaty la ƒe wɔnawo katã me. Le September 1997 me la, mete subɔsubɔ abe gbe sia gbe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ene.

Le ƒe ɖeka megbe la, Papa va srãm kpɔ. Mesi du yi ɖado goe hewɔ atuu nɛ. Ebia be matsɔ nu siwo katã yewɔ ɖe ŋunye le ƒe siwo va yi me la ake ye. Egblɔ be ɖe yemese nu siwo wɔm menɔ kpakple nye dzixɔsea siaa gɔme o. Megblɔ nɛ be, “Papa, melɔ̃ wò vevie ŋutɔ.”

Aleke gbegbee dzi dzɔmee nye esi esime Papa lɔ̃ xɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo hebia be mana Biblia ɖeka ye, eye wògblɔ be yedi be yeaxlẽe tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu! Le ƒe ɖeka megbe la, egava srãm kpɔ ake, gake fifia ya, woa kple Dada ye va. Esi míeyi Fiaɖuƒe Akpata me la, dukɔ vovovo me tɔwo te ɖe wo ŋu hedo gbe na wo vividoɖeameŋutɔe henɔ wo ɖokuiwo ɖem fia wo. Esia wɔ dɔ ɖe Papa dzi ale gbegbe, eye wòte Ðasefowo ƒe agbalẽwo xexlẽ veviedodotɔe.

Yayra Gbagowo

Le September 2001 me la, meɖe Russia ɖetugbui nyui aɖe si ŋkɔe nye Yelena. Ƒe 1997 mee wòxɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo, eye wòte gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le May 2003 me. Dzi dzɔ mí ale gbegbe esi míese be Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple dzinyelawo eye wole gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo wɔm. Le nyateƒe me la, nyemeka ɖe nyaa dzi o va se ɖe esime Papa ŋutɔ ke nu gblɔe nam. Egblɔ nam le telefon dzi be, Yehowa ye nye Mawu vavã ɖeka la!

Enye dzidzɔ nam ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrɔ̃ Biblia kple ame siwo tso dukɔ vovovowo me le Almaty afi sia, ame siawo dometɔ aɖewo tso China, Iran, Pakistan, Syria, kple Turkey. Eteƒe medidi boo o la, Irantɔ nunɔla aɖe bia tso asinye be masrɔ̃ Biblia kpli ye le Persiagbe, si nye wo degbe, me. Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu do dzidzɔ na asrafomegã aɖe si tso Afghanistan la ale gbegbe. Gakpe ɖe eŋu la, edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mesrɔ̃ nu kple ame aɖe si tso Syria la le Kurdgbe si nye mía degbe la me, eye nusɔsrɔ̃ kple amewo le Kazakhgbe kple Russiagbe, siwo mesrɔ̃ le ɖevime, la hã do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Fifia la, mía kple Yelena míele subɔsubɔm le Kazakhgbedolawo ƒe hame aɖe, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 35 le Almaty dometɔ ɖeka la me. Le ƒe si va yi me la, mɔnukpɔkpɔ su mía kple Yelena si be míasubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afi si gogo Almaty, si tutu nu wowu eteƒe medidi o la, hena ɣeyiɣi aɖe.

Ɣeaɖewoɣi va yi la, wofiam be malé fu ame, gake Yehowa fiam be malɔ̃ ame. Meka ɖe edzi bliboe be mele be míaɖe mɔ gbeɖe be woaƒo nya ɖe mía nu míawɔ nu si to vovo na esia o, ne míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo asusu be nu nyui wɔm yewo le na mí la gbɔe wòtso gɔ̃ hã. (Galatiatɔwo 6:9) Fifia, dzi le dzɔyem ŋutɔ be mía kple srɔ̃nye ‘míele geɖe wɔm le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’—1 Korintotɔwo 15:58.—g08 09-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Dada xlɔ̃ num be yemegale nu mia ge ɖe nuwɔna ma tɔgbi dzi agbe egbɔgblɔ na Papa azɔ o

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Fiaɖuƒe Akpata si le Karatau, afi si mede kpekpe le esime menye sɔhɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dzinyelawo, siwo tsɔa ɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me fifia

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple Yelena, le míaƒe srɔ̃kpegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple Yelena, le alɔdzedɔwɔƒe yeye si gogo Almaty