Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu

Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu

Ðe woɖua azã si woyɔna be Halloween le mia gbɔa? Ame akpa gãtɔ nya nu tso Halloween ŋu le United States kple Canada eye woɖunɛ ƒe sia ƒe le October 31 lia dzi. Ke hã Halloween-kɔnuwo bɔ ɖe dukɔ geɖewo me. Le teƒe geɖewo la, woɖua azã siwo ƒe ŋkɔwo to vovo gake nu siwo ɖi wo nɔewo dzena le woƒe kɔnuwo kple Halloween-kɔnuwo me, siwo dometɔ aɖewoe nye: kadodo kple ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo, azizãwo, adzetɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã.—Kpɔ aɖaka si nye  “Azã Siwo Woɖuna Le Xexea Me Siwo Ði Halloween.”

ANƆ eme be mèxɔ gbɔgbɔwo dzi se o. Ðewohĩ èbua Halloween kple azã siwo ɖii la ɖuɖu be enye modzakaɖeɖe kple kpekpe ɖe ye viwo ŋu be woƒe susu naʋu ko. Gake ame bubuwo bua azã siawo be wogblẽa nu le ame ŋu le susu siwo gbɔna ta:

  1. Agbalẽ aɖe (Encyclopedia of American Folklore) gblɔ be: “Nu si koŋ ŋu Halloween ku ɖo lae nye kadodo kple gbɔgbɔmeŋusẽ  siwo dometɔ geɖe doa ŋɔdzi na ame alo nana wovɔ̃na.” (Kpɔ aɖaka si nye  Halloween Ƒe Ŋutinya.”) Nenema kee azã bubu siwo ɖi Halloween la ɖuɖu dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me eye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ dzi koŋue wotu wo ɖo. Egbea gɔ̃ hã la, ame siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo la doa ka kple nu siwo woyɔna be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ le azã siawo ɖuɣiwo.

  2. Togbɔ be wobua Halloween be enye Amerikatɔwo ƒe azã hã la, ƒe sia ƒe la dukɔ geɖewo hã va le azã sia ɖum. Gake ame siwo va le Halloween ɖum fifia la menyana kura be trɔ̃subɔsubɔ mee eƒe dzesiwo, atsyɔ̃ɖoɖowo kple kɔnuwo dzɔ tso o, eye kɔnu siawo ƒe akpa gãtɔ do ƒome kple gbɔgbɔmeŋusẽwo kple vivimeŋusẽwo.—Kpɔ aɖaka si nye  “Afi Kae Wòdzɔ Tso?”

  3. Adzetɔwo ƒe habɔbɔ si woyɔna be Wika (Wicca) me tɔ akpe geɖe siwo wɔa Kelt-tɔwo ƒe kɔnuwo la gakpɔtɔ yɔa Halloween be Samhain, si nye ŋkɔ si woyɔna nɛ le blema, eye wobunɛ be eyae nye fiẽ kɔkɔetɔ le ƒea me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ŋlɔ bena adzetɔ xɔŋkɔ aɖe gblɔ  be: “Kristotɔwo ŋutɔwo ‘menyae o, woɖua míaƒe azã kpli mí. . . . Edzɔa dzi na mí ŋutɔ.’”

  4. Azãwo abe Halloween ene la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o.”5 Mose 18:10, 11; kpɔ 3 Mose 19:31 kple Galatiatɔwo 5:19-21 hã.

Le nu siwo me míedzro va se ɖe fifia la, anyo be nànyae be Halloween kple azã siwo ɖii la dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me. Esia nyanya nyuie akpe ɖe ŋuwò be nàva wɔ ɖeka kple ame siwo meɖua azã siawo o.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ŋlɔ bena adzetɔ xɔŋkɔ aɖe gblɔ be: “Kristotɔwo ŋutɔwo ‘menyae o, woɖua míaƒe azã kpli mí. . . . Edzɔa dzi na mí ŋutɔ.’”

^ mm. 37 Blemanya si nye Hallow gɔmee nye “ame kɔkɔe.” Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã nye azã si woɖuna tsɔ dea bubu ame kɔkɔe siwo ku ŋu. Woyɔa fiẽ si doa ŋgɔ na Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã la be All Hallow Even eye wova tsoe kpuie emegbe be Halloween.