Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?

Elabena Kpekpeɖeŋu Li

Elabena Kpekpeɖeŋu Li

‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’1 PETRO 5:7.

Ne ewɔ na wò be naneke meli yeate ŋu awɔ tso wò nɔnɔmea ŋu o la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ne yekua enyo wu. Gake kpɔ nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la dometɔ aɖewo ɖa.

Gbedodoɖa. Menye nuwɔna dzro aɖe si nana be ame kpɔa gbɔdzɔe alo ame siwo nu glo ƒe nuwɔna dzro aɖe koe gbedodoɖa nye o. Enye nuƒoƒo ŋutɔŋutɔ kple Yehowa Mawu, ame si tsɔa ɖe le eme na wò. Yehowa di be nàgblɔ wò dzimenyawo na ye. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.”Psalmo 55:23.

Ðe manyo be nàdo gbe ɖa na Mawu egbea oa? Yɔ eŋkɔ Yehowa eye nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ. (Psalmo 62:9) Yehowa di be nànya ye abe ale si xɔlɔ̃wo nyaa wo nɔewo ene. (Yesaya 55:6; Yakobo 2:23) Àte ŋu ado gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi le afi sia afi.

Le Amerikatɔwo Ƒe Mɔxexe Ðe Ameɖokuiwuwu Nu Habɔbɔ ƒe nyatakakawo nu la, “numekukuwo ɖee fia enuenu be ame siwo wua wo ɖokui ƒe akpa gãtɔ, anɔ abe 90 le alafa me alo esi wu ema ene, nɔ susumedɔ lém le ɣeyiɣi si me wowu wo ɖokui. Zi geɖe la, womenyana be dɔa le ameawo ŋu kaka woahayi eda ge o”

Ame siwo lɔ̃ wò. Amewo tsɔ ɖe le eme na wò. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye wò ƒometɔwo alo xɔ̃wòwo, siwo ɖee fia xoxo be yewotsɔ ɖe le eme na wò. Ame siwo tsɔ ɖe le eme na wò la dometɔ aɖewo hã nye ame siwo menya tsã o. Le kpɔɖeŋu me, ne Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem ɣeaɖewoɣi la, wodoa go ame siwo ƒo dzi ɖe le, eye ameawo dometɔ aɖewo gblɔna na wo be yewodi kpekpeɖeŋu ʋuu wòglo eya ta yewodi be yewoawu yewo ɖokui. Gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ Yehowa Ðasefowo wokpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu. Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye woawo hã wotsɔa ɖe le eme na wo haviwo. Wotsɔ ɖe le eme na hã.—Yohanes 13:35.

Ðɔktawo. Zi geɖe la, susumedɔlélewo, abe blanuiléledɔ sesẽ ene, ye nana be ameɖokuiwuwu ƒe dzodzro nyɔna ɖe amewo me. Abe ale si ko ne wò lãme gblẽ mekpea ŋu na wò o ene la, mele be susumedɔléle hã nakpe ŋu na wò o. Le nyateƒe me la, blanuiléledɔ le abe kpeƒoame ene. Ate ŋu aƒo ame sia ame ƒomevi faa, eye woate ŋu adae hã. *

ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Zi geɖe la, blanuiléledɔ le abe do globo aɖe ene, màte ŋu ado le eme le ɖokuiwò si o. Gake ne ame aɖe kpe ɖe ŋuwò la, àte ŋu ado le eme bɔbɔe.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Di ɖɔkta aɖe si bi ɖe susumedɔlélewo, abe blanuiléledɔ ene, dada me wòakpe ɖe ŋuwò.

^ mm. 8 Ne ameɖokuiwuwu ƒe dzodzroa nu sẽ ɖe mewò eye wògbe dzodzo la, di kpekpeɖeŋu, ate ŋu anye tso dɔwɔƒe alo kɔdzi siwo kpena ɖe ame siwo di be yewoawu yewo ɖokuiwo la ŋu la gbɔ nenye be ɖe li. Dɔwɔla bibi siwo wona hehee nyuie la le teƒe mawo akpe ɖe ŋuwò.