Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Xexea Awu Enu? Nya Si Yesu Gblɔ

Ɣekaɣie Xexea Awu Enu? Nya Si Yesu Gblɔ

Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, ne Biblia le nu ƒom tso xexea ƒe nuwuwu ŋua, mefia anyigbaa alo amegbetɔwo katã ƒe nuwuwu o. Ke boŋ, efia ame vɔ̃ɖiwo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wɔm wole le anyigba dzia ƒe nuwuwu. Gake ɖe Biblia gblɔ ɣeyiɣi si me xexe vɔ̃ɖi sia awu enua?

SE NYA EVE SIWO YESU GBLƆ TSO NUWUWUA ŊU ÐA:

“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—MATEO 25:13.

“Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la o.”—MARKO 13:33.

Eya ta ame aɖeke mele anyigba dzi si nya ɣeyiɣi si tututu xexe sia awu enu o. Gake Mawu ɖo “ɣeyiɣi” alo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si tututu dzi nuwuwua ava. (Mateo 24:36) Ðe esia fia be mɔ aɖeke meli si dzi míato anya ne nuwuwua le aƒe tum oa? Mefia nenema kura o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ, ade dzesi nudzɔdzɔ vovovo siwo aɖee fia be nuwuwua tu aƒe.

DZESIA

Nudzɔdzɔ vovovo siawoe anye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi.” Yesu gblɔ be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.” (Mateo 24:3, 7) Egblɔ hã be “dɔvɔ̃wo” alo dɔléle siwo kakana kabakaba ava. (Luka 21:11) Ðe nèkpɔe be nudzɔdzɔ siwo Yesu gblɔ ɖia le eme vam fifia?

Egbea, aʋawɔwɔ dziŋɔwo, dɔtoto, anyigbaʋuʋuwo kple dɔléle vovovowo le nu gblẽm le amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2004 mea, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe le Indian Ƒugãa me, si na ahom sesẽ aɖe tu eye wòwu ame abe 225,000 sɔŋ ene. Esi corona dɔvɔ̃a doa, ewu ame miliɔn ade alafa asieke le xexea me godoo le ƒe etɔ̃ me. Yesu gblɔ be nudzɔdzɔ siawoe aɖo kpe edzi be xexe sia ƒe nuwuwu gogo.

“ŊKEKE MAMLƐAWO”

Biblia yɔ ɣeyiɣi si ado ŋgɔ teti na xexea ƒe nuwuwu be “ŋkeke mamlɛawo.” (2 Petro 3:3, 4) Timoteo Ƒe Agbalẽ Evelia 3:1-5 gblɔ be agbe nyui nɔnɔ ayi to kura le ŋkeke mamlɛawo me. (Kpɔ aɖaka si nye “ Do Ŋgɔ Teti Na Xexea Ƒe Nuwuwu.”) Ðe nèkpɔnɛ amewo ɖea ɖokuitɔdidi, ŋukeklẽ, adãwɔwɔ kple nɔnɔme bubu siwo me lɔlɔ̃ medzena le o fiana egbea? Esia hã nye kpeɖodzi be míegogo xexea ƒe nuwuwu.

Ɣeyiɣi didi kae ŋkeke mamlɛawo axɔ? Biblia na míenya be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” be Mawu natsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm.”—Nyaɖeɖefia 11:15-18; 12:12.

PARADISOA TU AƑE!

Mawu ɖo ŋkeke kple gaƒoƒo si wòatsrɔ̃ xexe gblẽku sia ɖi xoxo. (Mateo 24:36) Gake nya nyui geɖe gali—Mawu “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.” (2 Petro 3:9) Ele mɔnukpɔkpɔ nam mí katã be míasrɔ̃ nu tso ye ŋu eye míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Nu ka tae? Elabe edi be míatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu eye míanɔ agbe le yeƒe xexe yeyea me esime anyigbaa atrɔ azu paradiso.

Mawu wɔ ɖoɖo wole nu fiam amewo le xexea me godoo be woakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ ale si woanɔ agbe le eƒe Fiaɖuƒea te le xexe yeyea me. Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Le xexea me godooa, Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo biliɔn geɖe tsɔ ɖea gbeƒã Biblia me gbedeasi, si naa mɔkpɔkpɔ ame. Yesu gblɔ be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia le anyigba bliboa katã dzi hafi nuwuwua nava.

Madidi o, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nu ayi keŋkeŋ. Gake nya nyuiae nye be àte ŋu atsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu ava nɔ Paradiso si ŋugbe Mawu doa me le anyigbaa dzi. Nyati si kplɔe ɖo ana nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nànɔ agbe le xexe yeye ma me.

Nya si Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋua naa mɔkpɔkpɔ mí