Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe nàlɔ̃ akpe ɖe ameƒomevi ɖe sia ɖe ŋua?

Yayra Siwo Ame Siwo Kpena Ðe Ame Siwo Le Hiã Me Ŋu La Kpɔna

Yayra Siwo Ame Siwo Kpena Ðe Ame Siwo Le Hiã Me Ŋu La Kpɔna

Nuɖuɖu kple mlɔƒe mele ame geɖe si le xexea me godoo o. Le ame aɖewo gomea, ele be míagblɔ nu nyui siwo Mawu ava wɔ le etsɔmea ŋu nya na wo. Aleke agbagba si míadze be míakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu la, awɔe be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòayra mí?

NYA SI ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO GBLƆ

“Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa, eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.”—LODODOWO 19:17.

NU SI WÒFIA BE MÍAKPE ÐE AME AÐE SI LE HIÃ ME ŊU

Yesu do lo tso ŋutsu aɖe si dzi adzodalawo va dze, eye woƒoe wòku afa kple afa ŋu. (Luka 10:29-37) Ame aɖe si medze si ame si ŋu wode abiae o la, ye va kpe ɖe eŋu. Ekpe ɖe eŋu evɔ menye wo de tɔe wònye o.

Menye ɖeko ŋutsu dɔmenyotɔ sia bla abiawo nɛ eye wòna ga kpekpeɖeŋui ko evɔ o, ke boŋ efa akɔ nɛ hã eye wòna eƒe dzi dze eme.

Nu kae míesrɔ̃ tso lododo sia me? Nu si fiam Yesu le míe nye be, ele be míawɔ nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe ame siwo le hiã me ŋu. (Lododowo 14:31) Wogblɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me be Mawu ava ɖe ahedada kple fukpekpe ɖa kpuie. Gake ɖewohĩ àbia be, aleke Mawu awɔe, eye ɣekaɣie? Nyati si kplɔe ɖo aƒo nu tso yayra siwo Wɔla lɔ̃amea dzra ɖo ɖi na wò la ŋu.