Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | DAVID

“Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”

“Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”

DAVID lé eɖokui sesĩe be yemagadze anyi o esime wònɔ go kpem kple asrafo siwo nɔ sisim tso aʋakpeƒea. Edze le mo na wo be ŋɔdzi lé wo. Nu kae do ŋɔdzi na wo nenema? David anya se ale si wotsɔ dzodzodzoetsitsi nɔ ŋkɔ aɖe yɔm enuenu. Ŋutsu aɖe ƒe ŋkɔ yɔm wonɔ. Kaka wòakpɔ la, ŋutsua ŋutɔe nye ema le tsitre dadatɔe le bali la me. Anɔ eme be David mekpɔ ame aɖe si dzɔ atsu nenema gbegbe kpɔ le eƒe agbe me o.

Ŋutsua ŋkɔe nye Goliat! David kpɔ nu si tae asrafoawo nɔ evɔ̃m ɖo—ekɔkɔ ale gbegbe, eye wòdzɔ atsu eteƒe mekɔ o. Eƒe aʋawɔnu dziŋɔawo manɔmee gɔ̃ hã la, eƒe ametia ŋutɔ ƒe kpekpeme awu ŋutsu kako eve ƒe kpekpeme. Ke hã, egabla aʋakpa, ŋusẽ le eŋu ale gbegbe, eye wònye aʋawɔla bibi. Goliat do ɣli ŋɔdzitɔe hetɔ gbe Israel-srafowo. Kpɔ ale si eƒe gbe sesẽa anɔ ɖiɖim le togbɛnuto ma me esime wòle alɔme ɖem le Israel-ʋakɔa kple woƒe fia Saul ŋu ɖa. Enɔ gbɔgblɔm be ne ame aɖe be yenye ŋutsu la, neva ne yewo ɖeɖe yewoakpe, eye dziɖuɖua ayi na ame si akpe nɔvia dzi la ƒe akpadzinɔlawo!—1 Samuel 17:4-10.

Israel-srafoawo nɔ vɔvɔ̃m. Fia Saul hã nɔ vɔvɔ̃m. David se be aleae nɔnɔmea nɔ ɣleti ɖeka kple edzivɔe nye ema! Filistitɔwo kple Israel viwo siaa ƒu asaɖa anyi ɖe aʋakpeƒea esime Goliat yi eƒe alɔmeɖeɖea dzi tso ŋkeke yi ŋkeke eye wo dometɔ aɖeke meke atse be yeakpe aʋa kple nɔvia o. Esia te ɖe David dzi ŋutɔ. Ŋukpenya ka gbegbee nye esi be ŋɔdzi lé Israel ƒe fia la kple eƒe asrafowo kpakple David ŋutɔ nɔviŋutsu tsitsi etɔ̃awo! David kpɔe be menye ɖeko Goliat trɔ̃subɔla ma nɔ gbɔ ɖim Israel ƒe aʋalɔgo la ko evɔ o, ke enɔ vlo dom Yehowa, Israel ƒe Mawu la, hã! Gake nu kae David si nye ɖekakpui dzaa la ate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ David ƒe xɔse egbea?—1 Samuel 17:11-14.

‘SI AMI NƐ, ELABENA EYAE!’

Na míatrɔ susu ɖe nu siwo dzɔ ɣleti geɖe do ŋgɔ la ŋu. Ɣemaɣi la, David nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm le togbɛ siwo te ɖe Betlehem ŋu la dzi eye fiẽsi nɔ ɖoɖom. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ, eye anɔ eme be mexɔ ƒe blaeve haɖe o. Ebiã, eƒe dzedzeme nyo ame ŋu, eye eƒe tagbɔ kɔ. Ne eya ɖeɖe li la, ezãa ɣeyiɣia tsɔ nɔa saŋku ƒom. Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ dzeaniawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe, eye eva bi ɖe saŋkuƒoƒo me le esi wòzãa ɣeyiɣi geɖe ɖe eƒoƒo ŋu hesea vivi nɛ ta. Gake fiẽsi ma la, wodɔ ame ɖa be wòayɔ David vɛ. Fofoa di be yeakpɔe enumake.—1 Samuel 16:12.

Esi wòva ɖo la, ekpɔ fofoa Isai wòle dze ɖom kple amegãɖeɖi aɖe. Samuel, nyagblɔɖila wɔnuteƒe lae. Yehowa dɔe be wòaɖasi ami na Isai viŋutsuawo dometɔ ɖeka be wòava ɖu fia ɖe Israel dzi! Samuel kpɔ David nɔviŋutsu tsitsi adreawo xoxo, gake Yehowa na Samuel nya kɔtɛ be yemetia wo dometɔ aɖeke o. Ke esi David va ɖo la, Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Si ami nɛ, elabena eyae!’ Samuel ʋu lãdzo aɖe si me ami tɔxɛ aɖe le la le David nɔviŋutsuawo katã ŋkume eye wòkɔ amia ƒe ɖe ɖe David ƒe tame. Tso gbe si gbe wosi ami na David la, tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va eƒe agbe me. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ va David dzi tso gbe ma gbe.”—1 Samuel 16:1, 5-11, 13.

David lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be Yehowae na yete ŋu wu lã wɔadãawo

Ðe David va nɔ didim vevie be yeazu fia le nɔƒe gã didi ta? Ao, ke boŋ egbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa sinu be wòana eƒe gbɔgbɔa nana yeanya ɣeyiɣi si tututu wòle be yeadze fiaɖuɖu gɔme. Eya ta etsɔ ɖokuibɔbɔ yi eƒe alẽkpɔkplɔdɔa dzi. Ewɔ dɔ sia kple dzi blibo kpakple kalẽwɔwɔ geɖe. Ekpɔ fofoa ƒe alẽwo ta tso dzata aɖe si me, eye ɣebubuɣi la, ekpɔ wo ta tso sisiblisi aɖe si me. Menye ɖeko David tsi tsitre ɖe adzɔge nɔ agbagba dzem be yeanya lã lénu mawo ɖa o. Ke boŋ etso enumake hewɔ avu kpli wo, eye wòɖe fofoa ƒe alẽ beliawo tso wo si me. Le go eveawo siaa me la, eya ɖeka pɛ wu lã wɔadã dziŋɔ mawo!—1 Samuel 17:34-36; Yesaya 31:4.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogadɔ ame ɖa be wòayɔ David vɛ. Fia Saul se nu tso David ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Togbɔ be Saul gakpɔtɔ nye aʋakalẽtɔ hã la, eƒe nu megadze Yehowa ŋu o, elabena egbe Mawu ƒe gbe dzi wɔwɔ. Yehowa na eƒe gbɔgbɔa dzo le Saul dzi, eya ta gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe va nɔ fu ɖem nɛ, si wɔnɛ be wòdoa dɔmedzoe, ebua nazã, eye wòsẽa ŋuta le ame ŋu. Ne gbɔgbɔ vɔ̃ɖi sia va le fu ɖem na Saul la, nu ɖeka si tea ŋu nana eƒe dzi dzea emee nye be woanɔ ha ƒom nɛ. Saul ƒe subɔviwo dometɔ aɖewo se be David bi ɖe saŋkuƒoƒo me eye wònye kalẽtɔ hã. Eya ta edɔ woyi ɖayɔ David vɛ nɛ, eye eteƒe medidi o, David va zu Saul ƒe haƒola le fiasãa me, eye wòzu eƒe adekplɔvi hã.—1 Samuel 15:26-29; 16:14-23.

Ðekakpui kple ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃ David ƒe xɔse le mɔ geɖe nu le go sia me. De dzesii be ezã eƒe vovoɣiwo ɖe nuwɔna siwo ana wòate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, etu ŋutete nyui siwo ŋu dɔ wòate ŋu awɔ le agbe me kple esiwo ana wòanye dɔwɔla bibi la ɖo. Gake ƒo wo katã ta la, ezɔ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia nu. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na mí katã!—Nyagblɔla 12:1.

‘DZIKA MEGATSO AME AÐEKE ƑO LE ETA O’

Esime David nɔ Saul subɔm la, etrɔna yia aƒe me edziedzi ɖakplɔa alẽawo, eye ɣeaɖewoɣi la, enɔa anyi wòdidina. Gbe ɖeka esime David nɔ alẽawo kplɔm la, fofoa Isai dɔe be wòayi aɖakpɔ nɔviaŋutsu tsitsi etɔ̃awo, siwo nɔ Saul ƒe asrafohaa me la ƒe fɔfɔme ɖa. David ɖo to fofoa, eye wòdro agba si me nuɖuɖu le na nɔviaŋutsuawo la hedze mɔ ɖo ta Ela Bali la me. Esi wòva ɖo la, ewɔ moyaa nɛ be aʋalɔgo eveawo le wo nɔewo kpɔm aʋamakpemakpee, abe ale si míeɖe eme le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Aʋalɔgo eveawo le toawo ŋu dze ŋgɔ wo nɔewo le bali gã la me.—1 Samuel 17:1-3, 15-19.

David kpɔe be mesɔ kura be nuwo nanɔ alea o. Nu ka tae Yehowa, Mawu gbagbe la, ƒe aʋakɔa nanɔ sisim le amegbetɔ dzro, si nye trɔ̃subɔla nu le vɔvɔ̃ ta? Le David gbɔ la, Goliat ƒe alɔmeɖeɖea nye vlododo Yehowa ŋutɔ tẽe. Eya ta edze nuƒoƒo kple asrafoawo tso Goliat wuwu ŋu. Eteƒe medidi o, David nɔviŋutsu tsitsitɔ, Eliab, se nya si gblɔm David nɔ. Eliab he nya ɖe eŋu vevie hegblɔ be yenya be aʋaa teƒe kpɔ gee wòva. Gake David ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka mehewɔ fifia? Menye nya ko mebia oa?” Esia yome la, eyi edzi nɔ gbɔgblɔm kakaɖedzitɔe be yeate ŋu awu Goliat va se ɖe esime ame aɖe yi ɖagblɔ nya siwo gblɔm wònɔ la na Saul. Eya ta fia la dɔ ame ɖa be wòaɖakplɔ David vɛ na ye.—1 Samuel 17:23-31.

David gblɔ dzideƒonya sia na fia la tso Goliat ŋu be: ‘Dzika megatso ame aɖeke ƒo le eta o.’ Enye nyateƒe be dzi ɖe le Saul kple eƒe amewo ƒo le Goliat ta. Ðewohĩ vodada si wowɔe nye be wotsɔ wo ɖokuiwo sɔ kple ame dzɔtsu la, eye wokpɔe be ne yewokɔ aleke gbegbe hã, eƒe ƒodo gbɔ alo akɔta ko yewoase. Wosusui be ame dzɔtsu ma si bla aʋakpa la aɖe yewoƒe agbe ɖa kaba ŋutɔ. Gake David ya mebu nuwo ŋu nenema o. Abe ale si míava kpɔe ene la, David ƒe susu le nya sia ŋu to vovo kura. Eya ta egblɔ be woaɖe mɔ na ye yeaɖakpe kple Goliat.—1 Samuel 17:32.

Saul melɔ̃ ɖe edzi o, eye wògblɔ be: “Màte ŋu ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ ma o, elabena ɖevi ko nènye, ke eya la, aʋawɔla wònye tso eƒe ɖekakpui me ke.” Ðe esia fia be ɖevie David nyea? Ao, ke hã, metsi awɔ asrafodɔ haɖe o, eye anɔ eme be David dze abe ame si metsi boo o ene. Gake wonya David xoxo be enye kalẽtɔ, eye ɣemaɣi la, anɔ eme be esusɔ vie wòaxɔ ƒe blaeve.—1 Samuel 16:18; 17:33.

David ƒo nu tso ale si wòwu dzata kple sisiblisi lae ŋu na Saul kple susu be wòagavɔ̃ ɖe ye nu o. Adegbe ƒomee wònɔa? Ao. David nya nu si gbɔ wòtso be yete ŋu wu lã wɔadã mawo. Egblɔ be: “Yehowa, ame si ɖem tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo me la, aɖem tso Filistitɔ sia si me.” Saul va lɔ̃ nɛ mlɔeba eye wògblɔ nɛ be: “Heyi, eye Yehowa nenɔ kpli wò.”—1 Samuel 17:37.

Ðe nàdi be xɔse si nɔ David si la tɔgbi nanɔ ye sia? Ekema, de dzesii be menye ɖe David se le eɖokui me be xɔse le ye si alo ɖeko wòsusui nenema ko o. Nu siwo wònya tso Mawu ŋu kple nu siwo me wòto lae na wòxɔ Mawu dzi se. Enyae be Yehowa nye Ametakpɔla lɔ̃ame kple Ame si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi. Ne míedi be xɔse ma tɔgbi nanɔ mía si la, ele be míanɔ nu srɔ̃m tso Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Eye ne míele nu siwo míesrɔ̃ dzi wɔm la, míakpɔe be emetsonu nyuiawo ado ŋusẽ míaƒe xɔse nenema ke.—Hebritɔwo 11:1.

“YEHOWA ATSƆ WÒ ADE ASI NAM”

Gbã la, Saul dze agbagba be yeado yeƒe aʋawɔnuwo na David. Wole abe Goliat tɔwo ke ene, wotsɔ akɔbli wɔ woe, eye anɔ eme be gawu alo awu si le abe tɔmelãtsro ene la hã kpe ɖe eŋu. Gake esi David do gawu gã kpekpe ma eye wòtee kpɔ be yeazɔ la, ekpɔe be made ye dzi o. Mexɔ hehe abe asrafo ene o, eya ta medo aʋawɔnu mawo kpɔ o, vevietɔ esi wònye be Saul ƒe gawue, elabena eyae nye ame si kɔkɔ wu le Israel ɣemaɣi! (1 Samuel 9:2) Eɖe aʋawɔnu bliboa ɖi eye wòtiae be yeanɔ yeƒe awua me ko—eƒe lãkplɔviwu si nana wòsua te nyuie kpɔa alẽawo ta.—1 Samuel 17:38-40.

David tsɔ eƒe lãkplɔtia, ekpla eƒe akplo la, eye wòtsɔ akafo hã ɖe asi. Akafo adze nu maɖinui, gake le nyateƒe me la, enye aʋawɔnu si ŋu ŋɔdzi le. Enye lãgbalẽ sue aɖe si ŋu wotsi ka legbee eve ɖo; ka ɖeka le eƒe go ɖeka dzi eye evelia le eƒe go kemɛ dzi, eye wònye takpɔnu si sɔ nyuie na alẽkplɔla. Ne alẽkplɔla tsɔ kpe de lãgbalẽ suea me eye wòdo asi ɖe dzi troe sesĩe heɖe asi le kawo dometɔ ɖeka ŋu la, kpea ate ŋu ado le eme kple ŋusẽ ale gbegbe be ate ŋu awu ame. Aʋawɔnu sia tea ŋu wua ame ale gbegbe be, ɣeaɖewoɣi la, akafodalawo ƒe hatsotsowo nɔa asrafohawo me.

Esi David tsɔ nu mawo bla akpae vɔ la, ewɔ kaba be yeaɖakpe kple yeƒe futɔa. Míate ŋu akpɔ ale si David anɔ gbe dom ɖa vevie esime wòbɔbɔ nɔ kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ fɔm le tɔʋu si ƒu la me ɖaa le susu me. Eyome eɖo ta aʋakpeƒea—menɔ zɔzɔm o, ke boŋ enɔ du ƒum!

Esi Goliat kpɔ ame si gbɔna be yeava kpe kplii la, nu kae wòsusu? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Edo vloe, elabena ɖevi ko wònye, ebiã, eye wòdze ɖeka.” Goliat do ɣli sesĩe gblɔ be: “Avue menye hafi nètsɔ kpowo gbɔna gbɔnyea?” Edze ƒãa be ekpɔ David ƒe atia gake menya be akafo le esi o. Eyɔ Filistitɔwo ƒe mawuwo tsɔ ƒo fi de David eye wòka atam be yeatsɔ yeƒe futɔ sia si meɖi naneke le ye ŋkume o la ƒe kukua ana dziƒoxewo kple gbemelãwo.—1 Samuel 17:41-44.

Nya siwo David gblɔ tsɔ ɖo eŋu nɛ, si ɖe xɔse si gbegbe le esi fia la, gawɔa dɔ ɖe ame dzi va de asi na egbea. Kpɔe ɖa le susu me be ɖekakpuia kɔ gbe dzi le nya siawo gblɔm ɖo ɖe Goliat be: “Wò ya ètsɔ yi, akplɔ kple aŋutrɔ gbɔna gbɔnye, ke nye ya megbɔna gbɔwò le aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe aʋalɔgowo ƒe Mawu, si ŋu nèɖe alɔme le la, ƒe ŋkɔ me.” David nyae be menye amegbetɔ ƒe ŋusẽ kple aʋawɔnuwoe nye nu vevitɔ o. Goliat mede bubu Yehowa Mawu ŋu o, eye Yehowa hã atu nu kplii. David gblɔe ɖe eteƒe be “Yehowa tɔe nye aʋa la.”—1 Samuel 17:45-47.

David nyae nyuie be Goliat dzɔ atsu eye aʋawɔnu sesẽwo le esi. Ke hã David meɖe mɔ nu mawo do ŋɔdzi nɛ o. David mewɔ vodada si Saul kple eƒe asrafoawo wɔ la o. David metsɔ eɖokui sɔ kple Goliat o. Ke etsɔ Goliat sɔ kple Yehowa boŋ. Goliat si kɔkɔ meta 3 kloe la kɔkɔ wu ŋutsu bubuwo sãsãsã, gake aleke wòanɔ ne wotsɔe sɔ kple xexea me katã ƒe Dziɖulagã la? Vavãe, le eyama ŋkume la, Goliat le ko abe nugbagbevi nyaŋui aɖe ene, abe ale si amegbetɔwo katã le le Mawu ŋkume ene—ke le eya gome la, Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃e ɖa!

David le du dzi ɖo ta eƒe futɔa gbɔ hede asi eƒe akploa me tsɔ kpe ɖeka. Etsɔ kpea de eƒe akafoa me hedoe ɖe dzi le etrom sesĩe ale gbegbe be wòle ya sim hele ɖiɖim xuimxuimxuim. Goliat zɔ ɖe David dzi, eye anɔ eme be enɔ eƒe akpoxɔnutsɔlaa yome tututu. Edze ƒãa be Goliat ƒe kɔkɔme mede edzi le go sia me o, elabena akpoxɔnutsɔla si kɔkɔ abe ŋutsu bubuwo ke ene la mate ŋu akɔ akpoxɔnua ayi dzi ale gbegbe be wòakpɔ ame dzɔtsu la ƒe ta ta o. Eye eƒe ta hãe David dzidze.—1 Samuel 17:41.

David kpɔe be ame dzɔtsu gɔ̃ hã meɖi naneke le Yehowa Mawu ŋkume o

David da kpea azɔ. Kpɔ ale si ɖoɖoe anyi zi toŋtoŋ esi kpea le ʋɔ lũm sesĩe ɖo ta Goliat gbɔe ɖa. Ðikeke mele eme o be, Yehowa kpɔ egbɔ be mahiã be David nada kpe bubu o. Kpea yi ɖalɔ Goliat ƒe ŋgonu tututu hege ɖe tago me nɛ. Ðeko ame dzɔtsu la dze anyi gbloo tsyɔ mo anyi! Anɔ eme be ŋɔdzi lé eƒe akpoxɔnutsɔlaa wòde afɔ du me. David yi ɖaɖe Goliat ŋutɔ ƒe ɣi le eŋu hetsɔ tso ta le enu.—1 Samuel 17:48-51.

Dzi ɖo Saul kple eƒe asrafoawo ƒo mlɔeba. Wodo aʋaɣli sesĩe helũ ɖe Filistitɔawo dzi. Aʋa la wu enu abe ale si tututu David gblɔe na Goliat ene be: Yehowa “atsɔ mi katã ade asi na mí.”—1 Samuel 17:47, 52, 53.

Mawu subɔlawo megayia aʋa egbea o. Ɣeyiɣi si me Mawu subɔlawo tsɔa lãnuwo yia aʋae la va yi. (Mateo 26:52) Ke hã, ehiã be míasrɔ̃ David ƒe xɔse. Abe David ene la, ele be míaka ɖe edzi be Yehowa li ŋutɔŋutɔ—eyae nye Mawu ɖeka kolia si wòle be míasubɔ kple Mawu si ŋu wòle be míade bubui. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be míase le mía ɖokui me be míaƒe kuxiwo lolo wu mí, gake míaƒe kuxiwo meɖi naneke o ne míetsɔ wo sɔ kple Yehowa ƒe ŋusẽ mavɔmavɔ la. Ne míena Yehowa nye míaƒe Mawu eye míexɔ edzi se abe ale si David xɔ edzi se ene la, ekema nɔnɔme sesẽ alo kuxi aɖeke malolo wu mí o. Naneke mesesẽ gbɔ Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu o!