Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Dzidzeme Kple Dɔmenyonyo

Dzidzeme Kple Dɔmenyonyo

ÐE NÈSENƐ AMEWO GBLƆNA ZI GEÐE BE KESINƆNU SIWO LE AME SIE NANA WOKPƆA DZIDZƆ KPLE DZIDZEDZEA? Esi wònye be susu ma le amewo si ta la, ame geɖe vuna ɖe dɔ ŋu wɔna gaƒoƒo geɖe be yewoakpɔ ga. Gake ɖe ga kple nunɔamesiwo nana ame kpɔa dzidzɔa? Nu kae kpeɖodziawo fia?

Le agbalẽ aɖe (Journal of Happiness Studies) ƒe nya nu la, ne míenya kpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ko la, míegahiã ga gbogbo aɖeke hafi akpɔ dzidzɔ alo dzidzeme o. Menye ga ŋue nyaa ku ɖo o. Nyati aɖe si dze le magazine si nye Monitor on Psychology me gblɔ be, “agbagbadzedze be ga geɖe nasu ame si nana womekpɔa dzidzɔ o.” Nya mawo sɔ kple aɖaŋu aɖe si Biblia ɖo anɔ abe ƒe akpe evee nye esi va yi ene be: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la, . . . wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.” (1 Timoteo 6:9, 10) Vevesese mawo dometɔ aɖewo ɖe?

DZIMAÐITSITSI KPLE ALƆ̃MADƆMADƆ KPLE SUSU BE WOAKPƆ KESINƆNUWO TA. “Subɔvi ɖaɖu nu ʋɛ loo alo ɖaɖu nu sɔgbɔ o, alɔ̃ vivina nɛ, ke nu gbogbo siwo le kesinɔtɔ si la menana wòdɔa alɔ̃ o.”—Nyagblɔla 5:12.

NE NU SI WOLE MƆ KPƆM NA BE AHE DZIDZƆ VƐ LA MEVA EME O LA, DZI ÐENA LE AME ƑO. Nu si gbɔ wòtsona ƒe ɖee nye be ga meɖia ƒo o. “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ akpɔ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnuwo la, viɖe maɖi ƒo nɛ akpɔ o.” (Nyagblɔla 5:10) Azɔ hã, gadidi vivivo ate ŋu ana ame naŋe aɖaba ƒu nu vevi siwo nana wokpɔa dzidzɔ la dzi. Nu vevi siawo ƒe ɖewoe nye ɣeyiɣi si ame azã ɖe eƒe ƒomea, xɔlɔ̃wo kple mawusubɔsubɔdɔwo ŋu.

NE GA FIÃ ALO GA SI AME DE DƆ AÐE ME MEVA ÐE VI O LA, EHEA NUXAXA KPLE TƆTƆ VANƐ. “Mèganɔ hloloe tsom atraɖii be yeakpɔ kesinɔnu o. Dze nunya, eye nàdzudzɔ esia. Kaka wò ŋku nakpɔe la, enu yi xoxo, elabena ato aʋala abe hɔ̃ ene adzo,” eye wòadzo le ame gbɔ.—Lododowo 23:4, 5.

NƆNƆME SIWO NANA AME KPƆA DZIDZƆ

DZIDZEME. “Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o. Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.” (1 Timoteo 6:7, 8) Ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu metoa nyatoƒoe alo lia liʋiliʋĩ o, eye esia nana womeʋãa ŋu o. Esi wònye be womedia nu siwo gbɔ woƒe ŋutete ŋu o ta la, nu metena ɖe wo dzi alo wotsia dzi o.

DƆMENYONYO. “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ame siwo nyoa dɔme la, kpɔa dzidzɔ elabe wonana ame bubuwo kpɔa dzidzɔ ne ɣeyiɣi kple ŋusẽ vi aɖe koe wozã ɖe amewo ŋu gɔ̃ hã. Nu siwo wokpɔna la sɔ gbɔ eye ga mate ŋu aƒle wo o. Nu siawoe nye, lɔlɔ̃, bubu kple xɔlɔ̃ vavã siwo hã nyoa dɔme na ame.—Luka 6:38.

NE AMEWO XƆ ASI NA AME WU KESINƆNUWO. “Ama agba ɖeka si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyitsu dami si ŋu fuléle kpe ɖo.” (Lododowo 15:17) Mawunyakpukpui sia gɔme ɖe? Ne mí kple amewo dome le nyuie la, exɔ asi wu kesinɔnuwo. Eye lɔlɔ̃ hiã vevie hafi ame nakpɔ dzidzɔ abe ale si míava kpɔe emegbe ene.

Nyɔnu aɖe si tso South America si ŋkɔe nye Sabina kpɔ ale si Biblia me mɔfiamewo ɖea vii. Srɔ̃a gblẽe ɖi, eya ta Sabina dagbana hafi kpɔa eya kple vianyɔnuvi eve ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ewɔa dɔ vovovo eve eye wòfɔna fɔŋli ga ene gbe sia gbe. Togbɔ be vovo mele Sabina ŋu kura o hã la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Nu kae do tso eme?

Eƒe ganyawo metrɔ ya o, gake fifia eva le dzidzɔ kpɔm. Ne míagblɔe la, esi wòva tsi dzi ɖe nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ta la, dzi va le edzɔm. (Mateo 5:3) Eva dze xɔlɔ̃ vavãwo le eƒe haxɔsetɔwo dome. Eye wòva le dzidzɔ kpɔm le esi wògblɔa nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu nya na ame bubuwo ta.

Biblia gblɔ be: “Nunya me tsonu tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:19; etenuŋɔŋlɔ) Le esia ta edze ƒãa be dzidzeme kple dɔmenyonyo kpakple nana be amewo naxɔ asi na ame wu kesinɔnuwo nana ame kpɔa dzidzɔ.