Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Nu Si Ta Aƒemedɔ Wɔwɔ Le Vevie

Nu Si Ta Aƒemedɔ Wɔwɔ Le Vevie

KUXIA

Le ƒome aɖewo me la, wokpɔa mɔ be ɖeviwo nakpe asi ɖe aƒemedɔwo ŋu eye wowɔa esia kple dzidzɔ. Le ƒome bubu aɖewo hã mea dzilawo medina be ɖeviwo nawɔ aƒemedɔ o eye edzɔa dzi na ɖeviawo hã be yewomewɔa aƒemedɔwo o.

Numekulawo de dzesii be yevudukɔ aɖewo koŋ me ye kuxi sia le be ɖeviwo mekpea asi ɖe aƒemedɔwo ŋu o, gake woɖea vi tso wo me ya. Dzila aɖe si ŋkɔe nye Steven gblɔ be: “Woɖea asi le ɖeviwo ŋu be woaƒo video dzi fefewo, atsa le internet dzi eye woakpɔ television. Womedia nu boo aɖeke tso wo si o.”

Nu kae nèsusu? Ðe aƒemedɔwo wɔwɔ hiã vevie vavã menye le aƒea me ƒe dzadzɛnyenye dzaa ta ko o ke boŋ le ɖevia ƒe ŋgɔyiyi hã gomea?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Dzila aɖewo medina be yewoaɖo aƒemedɔwo na wo viwo o vevietɔ nenye be sukudɔdeasiwo kple kpakpã le suku vɔ megbe wɔna bubuwo sɔ gbɔ ɖe wo dzi. Gake na míade ŋugble tso viɖeawo ŋu.

Aƒemedɔwo kpena ɖe ɖeviwo ŋu wotsina zua ame ɖɔʋuwo. Mewɔ nuku o be ɖevi siwo wɔa aƒemedɔwo la dzea agbagba le suku. Ne ɖeviwo kpea asi ɖe aƒemedɔwo ŋu la, dzi nɔa wo ƒo, woɖɔa ŋu ɖo eye wowɔa nu moveviɖoɖotɔe, nɔnɔme siawo kpena ɖe ame ŋu le suku.

Aƒemedɔwo kpena ɖe ɖeviwo ŋu wosua te subɔa ame bubuwo. Ame geɖe de dzesii be ɖevi siwo kpea asi ɖe aƒemedɔwo ŋu la, lɔ̃na be yewoawɔ dumedzadzraɖodɔwo ne wotsi. Esia mewɔ nuku o elabe aƒemedɔwo wɔwɔ kpe ɖe wo ŋu be woatsɔ ame bubuwo ƒe hiahiãwo aɖo ŋgɔ na woawo ŋutɔ tɔ. To vovo na esia la, Steven si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Ðevi siwo womedea aƒemedɔ asi na o la bunɛ be ele be amewo nasubɔ yewo eye ne wotsi la, susu totrowo nɔa wo si ɖe agbanɔamedziwo kple dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu.”

Aƒemedɔwo nana ƒomewo wɔa ɖeka. Ne ɖeviwo le aƒemedɔwo wɔm la, wokpɔnɛ be menye ɖeko ƒomea hiã na yewo o, ke boŋ agba le yewo dzi le ƒomea me. Gake ne dzilawo nana ɖeviwo kpɔnɛ be kpakpã le suku megbe dɔwo le vevie wu aƒemedɔwo la, nu vevi mawo ato ɖeviawo ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Vi kae wòaɖe ne vinyea ku ɖe bɔlƒoha aɖe ŋu gake eƒe dzi meku ɖe ƒomea ya ŋu o?’

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dze egɔme tso woƒe ɖevime. Ame aɖewo gblɔna be ele be dzilawo nana ɖeviwo nadze aƒemedɔwo wɔwɔ ne woxɔ ƒe etɔ̃. Ame bubuwo hã be ƒe eve alo esi mede nenema o. Nya lae nye be ɖevi suewo dina be yewoawɔ dɔ kple yewo dzilawo eye esia wɔnɛ be wosrɔ̃a wo dzilawo ƒe nuwɔnawo.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 22:6.

De dɔ asi na wo ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, ƒe etɔ̃ vi ate ŋu afɔ fefenuwo le anyigba, atutu nane si kɔ ɖe anyigba alo aƒo awu ƒoɖiwo nu ƒu be woanya. Ðevi tsitsiwo ate ŋu akplɔ nu, aklɔ ʋu alo aɖa nu gɔ̃ hã. De dɔ siwo ko ɖevia ate ŋu awɔ la asi nɛ. Ðewohĩ wò nu aku ne èkpɔ ale si ɖevia tsɔ dzo ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu.

Aƒemedɔwo nenɔ vevie na wò. Esia wɔwɔ asesẽ ne sukudɔdeasiwo li kɔ ɖe viwòa dzi. Ke hã ne womedea aƒemedɔwo asi na ɖeviwo o kple susu be woƒe dodokpɔ me tsonuwo nanyo la, ke abe ale si agbalẽ si nye The Price of Privilege gblɔe enea “esia fia be womeda nu vevitɔwo ɖe nɔƒe gbãtɔ o.” Abe ale si míegblɔe va yi ene la, aƒemedɔwo kpena ɖe ɖeviwo ŋu wodzea agbagba le suku. Nu siwo ɖeviwo srɔ̃ le woƒe ɖevime akpe ɖe wo ŋu ne wotsi va ɖe srɔ̃.—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 1:10.

Wò susu nenɔ taɖodzinua ŋu wu emetsonuawo. Ðewohĩ ɣeyiɣi si viwòa atsɔ awu dɔ si nède esi nu la adidi wu ale si nàkpɔ mɔe. Àde dzesii be dɔa ƒe nyonyome hã kpɔtɔ vie. Ne edzɔ alea la, mègagblɔ be yeaxɔ dɔa le esi awɔ o. Menye wò taɖodzinue nye be wòawɔ dɔa memie abe ame tsitsi ene o, ke boŋ be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòasrɔ̃ agbanɔamedzi tsɔtsɔ eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔwɔwɔ me.—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 3:22.

Wò susu nenɔ nu nyuitɔ si nàna ɖevia ŋu. Ame aɖewo gblɔna be ne woxe fe na ɖeviwo ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ ta la, enana woléa fɔ ɖe dɔ ŋu. Ame bubuwo hã susu be esia nana ɖeviwo ƒe susu katã nɔa nu siwo woakpɔ tso ƒomea gbɔ ŋu wu nu siwo woate ŋu awɔ akpe ɖe ƒomea ŋu. Wogblɔ hã be ne ɖeviawo kpɔ be ga le yewo si la woagbe aƒemedɔwo wɔwɔ, ne edzɔ alea la ke woda taɖodzinu si le aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu la ƒu. Nu kae míasrɔ̃ tso eme? Anyo wu be woana ga ɖevi gake menye ɖe aƒemedɔ aɖe si wòwɔ ta o.