Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Dɔdɔ Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Dɔdɔ Ŋu?

WOKPƆTƆ le nya hem tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu le dukɔ geɖe me. Ke hã, le ƒe 2015 me la, Amerika ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ate ŋu aɖe wo nɔewo le se nu azɔ le dukɔa me godoo. Emegbe ame gbogbo aɖewo yi Internet dzi be yewoaku nu me tso nyaa ŋu. Nya si wo dometɔ akpa gãtɔ biae nye be, “Nya kae Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?”

Biblia megblɔ tẽe be gome le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu si be woaɖe wo nɔewo le se nu o. Ke nya vevi si míate ŋu abiae nye be, Nya kae Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu?

Ame geɖe siwo medzro Biblia me nyuie o gblɔna be yewonya ŋuɖoɖoa, gake woƒe ŋuɖoɖoa tsia tre ɖe wo nɔewo tɔ ŋu! Ame aɖewo gblɔna be Biblia tsi tre ɖe srɔ̃ɖeɖe ma ƒomevi ŋu vevie. Ame bubuwo hã be se si Biblia de be “lɔ̃ hawòvi” fia be Biblia da asi ɖe srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe ƒomevi dzi.—Romatɔwo 13:9.

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

Nya siawo dometɔ kae nàgblɔ be enye nyateƒe?

  1. Biblia tsi tre ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu.

  2. Biblia da asi ɖe edzi.

  3. Biblia de dzi ƒo be woalé fu ame siawo ƒomevi vevie.

ŊUÐOÐOAWO:

  1. NYATEƑEE. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo . . . la womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Nya sia ku ɖe nyɔnuwo hã ŋu.—Romatɔwo 1:26.

  2. AƲATSOE. Biblia fia nu be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo koe ate ŋu adɔ kple wo nɔewo.—1 Mose 1:27, 28; Lododowo 5:18, 19.

  3. AƲATSOE. Togbɔ be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu hã la, mede dzi ƒo be míabu nazã ɖe wo ŋu, alé fu wo, alo awɔ ŋlɔmi le wo ŋu o.—Romatɔwo 12:18. [1]

Nu Kae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?

Yehowa Ðasefowo xɔe se be Biblia ƒe mɔfiame ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu ye nye nyuitɔ kekeake si nu woanɔ agbe ɖo, eye wotiae be yewoanɔ agbe ɖe enu. (Yesaya 48:17) [2] Esia fia be Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe gbɔdɔnuwɔna manɔsenu, siwo dome ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ le dzi o. (1 Korintotɔwo 6:18) [3] Aleae Ðasefowo tiae be yewoanɔ agbee eye gome le wo si be woatiae nenema.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe se vevi sia dzi be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míawo hã míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋui ene

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be ‘yewoanɔ ŋutifafa me kple amewo katã.’ (Hebritɔwo 12:14) Togbɔ be Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzi o hã la, womezia woƒe susuwo ɖe amewo dzi loo alo kpɔa gome le ŋutasẽnu siwo wowɔna ɖe ame siawo ŋu me alo kpɔa dzidzɔ ne wose eŋu nya o. Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe se vevi sia dzi be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míawo hã míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋui ene.—Mateo 7:12.

Ðe Biblia De Nazãbubu Ƒe Dzi Ƒoa?

Ame aɖewo agblɔ kokoko be Biblia de nazãbubu ɖe ame siawo ŋu ƒe dzi ƒo, eye be ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe sewo dzi la léa fu ame siawo. Wogblɔna be, ‘Woŋlɔ Biblia le ɣeyiɣi siwo me amewo ƒe ŋku meʋu o. Egbea la, míeléa fu amewo le woƒe ŋutigbalẽ, dukɔ si me wotso kple ame si ame ŋutɔ atia be yeaɖe la ta o.’ Le woƒe susu nu la, fuléle ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ le ko abe fuléle ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ene. Ðe nuwo ŋu bubu alea sɔa? Ao. Nu ka tae?

Elabena vovototo le fuléle ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ kple fuléle ameawo ŋutɔ dome. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woade bubu ame ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu. (1 Petro 2:17) [4] Gake ema mefia be ele be Kristotɔwo nada asi ɖe gbɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe dzi o.

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be èbua sigaretnono be egblẽa nu le ame ŋu alo be enye ŋunyɔnu. Ke ne wò dɔwɔhati aɖe noa sigaret ya ɖe? Ðe woabu wò be wò ŋku meʋu o le esi wò susu le sigaretnono ŋu to vovo na etɔ ta? Ðe esi eya noa sigaret eye wò ya mènonɛ o fia be nèbua nazã ɖe eŋua? Ne wò dɔwɔhatia bia tso asiwò be nàtrɔ susu si le asiwò ku ɖe sigaretnono ŋu la, ɖe ema mafia be meda sɔ o eye medi be yealɔ̃ ɖe susu si ta wò ya menonɛ o la dzi oa?

Yehowa Ðasefowo tiae be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la nu. Womedaa asi ɖe nuwɔna siwo ŋu Biblia ƒo nu tsi tre ɖo la dzi o. Gake womeɖua fewu alo wɔa ŋlɔmi le ame siwo ƒe nuwɔnawo to vovo na wo tɔ la ŋu hã o.

Ðe Biblia Ƒe Susu Le Nya Sia Ŋu Le Kpaɖii Akpaa?

Ke ame siwo me ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzro le ya ɖe? Nenemae wodzi woea? Ne nenemae la, ɖe manye tagbɔsesẽ be woagblɔ be woagaɖi kɔ na woƒe dzodzroa oa?

Biblia megblɔ be woadzi ame aɖewo nenema o togbɔ be Biblia lɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme aɖewo ƒo ke ɖe to ɖe ame aɖewo me hã. Gake Biblia gblɔ be ele be míaƒo asa na nuwɔna aɖewo, siwo dome ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ hã le, ne míedi be míadze Mawu ŋu.—2 Korintotɔwo 10:4, 5.

Ame aɖewo agblɔ be Biblia ƒe susu le nya sia ŋu sesẽ akpa. Wogblɔnɛ alea elabena wosusuna be ele be woaɖi kɔ na dzodzro ɖe sia ɖe si le ame me, alo be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro le vevie ale gbegbe be ele be woaɖi kɔ nɛ godoo. Ke hã, Biblia gblɔ be ŋutete le amegbetɔwo ŋu be woate ŋu aɖu woƒe dzodzrowo dzi. To vovo na lãwo la, amegbetɔwo ya ate ŋu atiae be yewoaɖu yewoƒe dzodzrowo dzi.—Kolosetɔwo 3:5. [5]

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Numekula aɖewo gblɔ be nɔnɔme aɖewo abe adãwɔwɔ ene nye nɔnɔme si wotsɔ dzia ame. Biblia megblɔ be woadzi ame aɖewo woanye adãwɔlawo o, gake egblɔ be ame aɖewo nye ‘dɔmedzoetɔwo’ kple ‘dzikutɔwo.’ (Lododowo 22:24; 29:22) Ke hã, Biblia gblɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.”—Psalmo 37:8; Efesotɔwo 4:31.

Ame ʋɛ aɖewo malɔ̃ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi o alo woagblɔ be edzi wɔwɔ asesẽ na ame siwo nye adãwɔlawo. Le nyateƒe me la, numekula siwo xɔe se be dzikudodo le ʋu me na ame siawo la dzea agbagba be yewoakpe ɖe wo ŋu woaɖu nɔnɔme ma dzi.

Susu mae le Yehowa Ðasefowo si ku ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe si dzi Biblia meda asi ɖo o la ŋu, eye esia ku ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ hã ŋu. Le go evea siaa me la, ele be woawɔ ɖe Biblia ƒe nya sia dzi be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nanya ale si wòaɖu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe fieŋufieŋu me” o.—1 Tesalonikatɔwo 4:4, 5.

“Nenemae Mia Dometɔ Aɖewo Nɔ Tsã”

Ame ƒomevi vovovo siwo nɔ agbe vovovowo ye di be yewoava nye Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me, eye wo dometɔ aɖewo wɔ tɔtrɔ gãwo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso “ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, trɔ̃subɔlawo, ahasiwɔlawo, [kple] ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna” ŋu, eye wògblɔ kpee be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.”1 Korintotɔwo 6:9-11.

Esi Biblia gblɔ be, “nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã” la, ɖe wòfia be dzodzro ma megaɖea fu na ame siwo kpɔ gome le ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ me va yi kpɔ la oa? Manye nenema o, elabena Biblia xlɔ̃ nu hã be: “Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me, ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi wɔ ge o.”—Galatiatɔwo 5:16.

De dzesii be Biblia megblɔ be dzodzro gbegblẽwo maɖe fu na Kristotɔ o. Ke boŋ, egblɔ be ele be amea ŋutɔ natiae be yemawɔ ɖe dzodzro mawo dzi o. Kristotɔwo srɔ̃a ale si woaɖu dzodzro mawo dzi, womenɔa eŋu bum si awɔe be woava wɔ ɖe edzi o.—Yakobo 1:14, 15. [6]

Biblia de vovototo dzodzrowo kple dzodzrowo dzi wɔwɔ dome. (Romatɔwo 7:16-25) Ame si ŋutsu kple ŋutsu ƒe dzodzro ɖea fu na ate ŋu atia nu siwo ŋu eƒe susu anɔ, abe ale si ko wòawɔe ne dzikudodo, ahasiwɔwɔ kple ŋubiabiã ƒe dodokpɔwo dze ŋgɔe ene.—1 Korintotɔwo 9:27; 2 Petro 2:14, 15.

Togbɔ be Yehowa Ðasefowo nɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Biblia me nu hã la, womezia woƒe susuwo ɖe ame bubuwo dzi loo alo dzea agbagba be yewoana woatrɔ se siwo ana be ablɔɖe maganɔ ame siwo ƒe agbenɔnɔ to vovo na wo tɔ la si o. Gbedeasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe la nye nya nyui, eye wotsɔa dzidzɔ gblɔnɛ na ame siwo katã aɖo to.—Dɔwɔwɔwo 20:20.

^ 1. Romatɔwo 12:18: “Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

^ 2. Yesaya 48:17: “Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò.”

^ 3. 1 Korintotɔwo 6:18: “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu!”

^ 4. 1 Petro 2:17: “Mibu amewo katã ƒomevi.”

^ 5. Kolosetɔwo 3:5: “Eya ta miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, [kple] gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃” la gome.

^ 6. Yakobo 1:14, 15: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.”