Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Yesaya 30:21 gblɔ be ‘woase’ Yehowa ƒe gbe ‘le megbe,’ evɔ kpukpui si do ŋgɔ ya fia be Yehowa le ŋgɔgbe esime wògblɔ be, ‘Miakpɔ miaƒe nufiala Gã la kple ŋku’?

Yesaya 30:20, 21 xlẽ be: ‘Miaƒe Nufiala Gã la magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ miaƒe Nufiala Gã la kple ŋku, eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.’

Ne míatsɔ mawunyakpukpui sia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, nuxlẽla la kpɔa Yehowa, Nufiala Gã la, le eŋgɔ gake sea Eƒe gbe le emegbe. Gake nya siawo nye kpɔɖeŋunyawo eye ele be woase egɔme le kpɔɖeŋugɔmesese nu.

Nusi míate ŋu akpɔ le susu me le kpukpui 20 lia ƒe nuɖɔɖɔ mɔnua ŋu enye subɔvi aɖe si le eƒe aƒetɔ ŋu eye wòle klalo be yeawɔ aƒetɔa ƒe mɔfiamewo dzi. Abe alesi ko subɔvi si kpɔa eƒe aƒetɔ sinu tututu be yeanya nusi wòdi tso ye si ene la, Yehowa ƒe amewo léa ŋku ɖe Biblia me nufiame siwo Yehowa nana eme nɔa kɔkɔm ɖaa toa eƒe anyigba dzi habɔbɔa dzi la ŋu nyuie egbea. (Psalmo 123:1, 2) Ẽ, wowɔa nu ɖe eƒe mɔfiafia nu henɔa ŋudzɔ ɖe nusianu si Yehowa gblɔna toa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la ŋu.—Mateo 24:45-47.

Ke nya si esubɔlawo ase le wo megbe ya ɖe? Susu le eme be míaƒo nya ta be gbe si míase le mía megbe la nye Mawu ƒe gbe si tso blema, si le ɖiɖim le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi si me ɖem wòle to “xɔnuvi nuteƒewɔla” dzi me. (Luka 12:42) Mawu subɔla siwo li egbea sea eƒe gbe to Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le woƒe agbe me to agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si nye “xɔnuvi nuteƒewɔla,” la tana dzi. To mɔkpɔkpɔ na mɔfiame si Nufiala Gã la nana kple ŋudzɔnɔnɔ ɖe eŋu kpakple Mawu ƒe Nya, si woŋlɔ ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ, sɔsrɔ̃ me la, esubɔlawo kpɔnɛ le wo ŋgɔ eye wosea eƒe gbe le wo megbe le kpɔɖeŋumɔ nu.—Romatɔwo 15:4.