Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Nya Viviwo Nanɔ Wò Aɖe Dzi

Na Nya Viviwo Nanɔ Wò Aɖe Dzi

“Na nye numenyawo . . . nadze ŋuwò, Oo Yehowa.”—PSALMO 19:14.

HADZIDZI: 82, 77

1, 2. Nu ka tae Biblia tsɔ nuƒoƒo ƒe ŋutete si le mía si sɔ kple dzo?

LE ƑE 1871 me la, dzo dze ave gã aɖe le Wisconsin, si le Amerika. Dzoa bi vlavlavla hetsrɔ̃ ati siwo ade miliɔn akpe eve sɔŋ. Ame 1,200 kple edzivɔe ku. Le nyateƒe me la, amewo meku le dzobibi bubu aɖeke me le Amerika alea kpɔ o. Wosusu be anye dzoxi siwo le dodom tso keteke siwo va yina me lae tɔ dzo avea. Nya sia na míeɖo ŋku Biblia ƒe kpukpui aɖe dzi, si gblɔ be: “Mikpɔ ale si dzo sue aɖe ko tea ŋu tɔa dzo ave gã aɖee ɖa!” (Yakobo 3:5) Nu kae na Biblia ŋlɔla Yakobo gblɔ nya sia?

2 Eɖe eme be: “Aɖe la hã, dzoe wònye.” (Yakobo 3:6) “Aɖe la” le tsitre ɖi na nuƒoƒo ƒe ŋutete si le mía si. Eye nya siwo dona le mía nu ate ŋu agblẽ nu abe dzo ene. Míaƒe nyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe amewo dzi. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be agbe kple ku le aɖe la si me. (Lododowo 18:21) Gake ɖe esia fia be ele be míamia nu ɣesiaɣi le esi míele vɔvɔ̃m be míava gblɔ nya madzeto aɖe ta? Menye nyaa ye nye ema o. Elabena míedzudzɔa dzododo le esi míesusui be dzoa ava fiã mí ta o. Ðe míeɖɔa ŋu ɖo le ezazã ŋu boŋ. Le kpɔɖeŋu me, míedoa dzo tsɔ ɖaa nu, míeƒua dzo ne vuvɔ le wɔwɔm, eye míesia dzo tsɔ kpɔa nu. Nenema ke ne míelé be na míaƒe nuƒoƒo la, míate ŋu azã nunana sia be wòaɖe vi na amewo eye míatsɔe akafu Yehowa.—Psalmo 19:14.

3. Nu etɔ̃ kawoe ana míaƒe nuƒoƒo nade dzi ƒo na ame?

3 Yehowa na ŋutete mí be míagblɔ nu siwo le susu kple dzi me na mí la na amewo, eye míate ŋu ake nu agblɔe loo, alo azã míaƒe asiwo atsɔ awɔ dzesiwoe. Eya ta aleke míate ŋu azã nunana nyui sia atsɔ ade dzi ƒo na amewo? (Xlẽ Yakobo 3:9, 10.) Ele be míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si míaƒo nu, nya siwo míagblɔ kple ale si míagblɔe.

ƔEYIƔI KAE NYE NYUITƆ SI MÍAƑO NU?

4. Ɣekaɣie wòle be míazi ɖoɖoe?

4 Ɣeaɖewoɣi la, anyo be míamia nu. Biblia gblɔ be: “Ðoɖoeziɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Eya ta míezia ɖoɖoe heɖoa to ne amewo le nu ƒom be míatsɔ ade bubu wo ŋu. (Hiob 6:24) Azɔ hã míeʋua go amewo ƒe nya ɣaɣlawo, alo nya siwo mele be amewo nase o la o. (Lododowo 20:19) Eye ne ame aɖe do dziku na mí la, anyo be míalé mía ɖokui kpoo eye míazi kpi.—Psalmo 4:4.

5. Aleke míaɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe nuƒoƒo ƒe ŋutete si wòna mí ŋu?

5 Gake ɣeaɖewoɣi ehiã be míaƒo nu. (Nyagblɔla 3:7) Ele be míake nu akafu Yehowa, ade dzi ƒo na ame, aɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ, alo ana amewo nanya míaƒe nuhiahiãwo. (Psalmo 51:15) Ne míezã míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea le mɔ siawo nu la, míeɖenɛ fiana Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nunana sia ŋu. Nyateƒea ye nye be ne mía xɔlɔ̃ aɖe na nu nyui aɖe mí la, míedina be míazãe nyuie.

6. Nu ka tae wòle vevie be míagblɔ nyawo le wo gblɔɣi?

6 Nu ka tae wòle vevie be míaƒo nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Lododowo 25:11 gblɔ be: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la le abe sikatɔtɔŋuti le klosalogba me ene.” * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Yevutɔ si ƒe amadede le abe sikatsi ene la nya kpɔna ŋutɔ, gake aganya kpɔ wu ne nu si ƒe amadede le abe klosalo ene dzie wodae ɖo. Le mɔ sia ke nu la, ɖewohĩ nya nyui aɖe le mía si míagblɔ na ame aɖe. Gake aɖe vi na amea wu ne míegblɔe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Aleke míate ŋu awɔ esia?

7, 8. Mɔ ka nue mía nɔvi siwo le Japan la srɔ̃ Yesu le?

7 Ne míegblɔ nya aɖe le ɣeyiɣi si mesɔ o dzi la, maɖe vi boo aɖeke na amewo o, eye mavivi na wo hã o. (Xlẽ Lododowo 15:23.) Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: le March 2011 me la, anyigba ʋuʋu le atsiaƒu gɔme hena tsi ɖe amewo le Japan ƒe dugã geɖewo me. Ame siwo wu 15,000 sɔŋ ye ku. Togbɔ be Yehowa Ðasefo geɖewo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ aɖewo tsi eme hã la, woɖoe be yewoazã Biblia atsɔ ade dzi ƒo na amewo. Gake wonya be dukɔa me tɔ geɖewo nye Buddhatɔwo eye womenya naneke tso Biblia ŋu o. Eya ta nɔviawo meƒo nu tso tsitretsitsia ŋu na wo ɣemaɣi o, ke boŋ wofa akɔ na wo eye woɖe nu si tae nya vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi la me na wo.

8 Mía nɔvi siawo srɔ̃ Yesu. Enya ɖoɖoeziɣi kple nuƒoɣi siaa. (Yohanes 18:33-37; 19:8-11) Eye elala hefia nanewo eƒe nusrɔ̃lawo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Yohanes 16:12) Japan nɔviawo hã lala be yewoaƒo nu tso tsitretsitsia ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ƒe eve kple afã le atsiaƒu gɔme anyigbaʋuʋua megbe la, woma trakt si nye Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea? na amewo. Ame geɖewo xɔ trakt la eye emenyawo fa akɔ na wo ŋutɔ. Ele be míawo hã míabu ame siwo le míaƒe anyigbamama me ƒe dekɔnuwo kple woƒe dzixɔsewo ŋu be míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi míaƒo nu na wo.

Ele be míagbɔ dzi ɖi aƒo nu na amewo le ɣeyiɣi si dzi woalɔ̃ be yewoaɖo to

9. Nudzɔdzɔ kawo mee wòle be míalala aƒo nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi le?

9 Nɔnɔme bubu kawo mee wòle be míalala be míagblɔ nya aɖe le egblɔɣi? Ðewohĩ ame aɖe gblɔ nya aɖe wòve mí kaɖikaɖi. Le esi míaɖo nyaa ŋu enumake ahagblɔ nya ʋeʋẽ aɖe nɛ teƒe la, anyo be míatɔ vie abia mía ɖokui be: ‘Ðe wòɖoe be yeado vevesese nama? Ðe wòhiã kokoko be magblɔ ale si eƒe nyaa vem la nɛa?’ Ɣeaɖewoɣi la, anyo be nàzi kpi. Gake ne èkpɔe be ehiã godoo be yeakɔ nu le nyaa dzi la, ele be nàlala wò dzi nafa hafi. (Xlẽ Lododowo 15:28.) Alo ɖewohĩ míedi be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ŋu be woadze si Yehowa. Ele be míagbɔ dzi ɖi, míabu nya siwo míagblɔ ŋu nyuie, eye míaƒo nu na wo le ɣeyiɣi si dzi woalɔ̃ be yewoaɖo to.

NYA KAE MÍAGBLƆ?

10. (a) Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe nuƒoƒo ŋu? (b) Nya kawo gbɔgblɔe wòle be míatsri?

10 Nya siwo míegblɔna ate ŋu ana amewo ƒe dzi nadze eme alo woƒe dzi naho. (Xlẽ Lododowo 12:18.) Ame siwo le Satana ƒe xexea me dometɔ geɖe ƒe aɖe vena wu ƒli ƒe aɖe, woƒe “nya tɔamewo” le abe “yi” kple “aŋutrɔ” ene. (Psalmo 64:3) Television dzi fefewo kple filmwo mee wo dometɔ geɖe srɔ̃a nuƒoƒo alea le. Gake mele be Kristotɔwo nada gbe ɖe amewo gbɔ alo agblɔ nya siwo atɔ wo o, eye míagblɔe atsɔ ado nukokoe na amewo gɔ̃ hã o. Nukokoedodo na amewo megblẽ o, ate ŋu ana woadi be yewoaɖo to mí gɔ̃ hã. Gake mele be míaɖi gbɔ ame aɖe, ado ŋukpee alo adzui be míatsɔ ado nukokoe na amewo o. Biblia de se na Kristotɔwo be woagagblɔ “nya veame” aɖeke o. Egblɔ hã be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na ame siwo asee la.”—Efesotɔwo 4:29, 31.

11. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míagblɔ nya tuameɖowo?

11 Yesu gblɔ be “nya si wu dzi lae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Esia fia be nu siwo le míaƒe dzi mee dona le mía nu. Eya ta ne míelɔ̃ amewo hetsɔa ɖe le woƒe nyonyo me vavã la, míagblɔ nya siwo ana woƒe dzi nadze eme. Eye míaƒe nyawo atu wo ɖo ahade dzi ƒo na wo.

12. Nu bubu kawo hãe akpe ɖe mía ŋu míagblɔ nya dzetowo?

12 Ebia agbagbadzedze hafi míaƒe nyawo nadze fia to adze ga to. Togbɔ be Fia Salomo nye nunyala gã aɖe hã la, ‘edea ŋugble hekua nuwo me tsitotsito’ ale be wòaŋlɔ nya siwo de pɛpɛpɛ eye wovivi. (Nyagblɔla 12:9, 10) Nu kae akpe ɖe míawo hã ŋu míanya nya si míagblɔ? Anyo be míaku nu me le Biblia kple míaƒe agbalẽwo me be míakpɔ nya vivi siwo míagblɔ. Eye míadi nya siwo gɔme míese o la ƒe gɔmesese. Míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu ƒo nui hã ale be míagblɔ nya siwo aɖe vi na amewo. Media nya si wòagblɔ do kpoe o, elabena Yehowa fia ‘nya si tututu wòagblɔ na ame siwo ŋu ɖeɖi te’ lae. (Yesaya 50:4) Ehiã vevie hã be míabu ŋusẽ si míaƒe nyawo akpɔ ɖe amewo dzi ŋu. (Yakobo 1:19) Àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe amea ase nyaa gɔme bubuia? Aleke wòawɔ nui?’

13. Nu ka tae wòle be míagblɔ nya siwo gɔme sese le bɔbɔe?

13 Le blema Israel la, kpẽkuku ɖe sia ɖe gblɔa gbedeasi aɖe. Kpẽ ƒe ɖiɖime aɖe fia be dukɔa nakpe ta. Bubu hã fia be asrafowo naho aʋa. Wò ya bu nu si adzɔ ɖe asrafowo dzi ne kpẽa ƒe ɖiɖime mekɔ nyuie o la ŋu kpɔ ko! Nenema ke Biblia tsɔ kpẽ ƒe ɖiɖime si me kɔ nyuie sɔ kple nya siwo gɔme sese le bɔbɔe. Ne míeɖe nyawo me nyuie o la, atɔtɔ amewo alo woaxɔ nu si menye nyateƒe o dzi ase. Míedi be míaƒo nu eme nakɔ na amewo gake mele be míaƒo nu amemabumabutɔe alo anɔ nya kam na wo kãkãkã o.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:8, 9.

14. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be Yesu gblɔ nya siwo gɔme sese le bɔbɔe?

14 Míakpɔ ale si Yesu gblɔ nya siwo gɔme sese le bɔbɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖewo le Mateo ta 5 va se ɖe 7. Le eƒe nuƒo ma me la, mezã nya gã nya gã siwo gɔme sese sesẽ, alo lɔ nyawo trɔ ɖe amewo dzi o. Megblɔ nya aɖeke si ave amewo hã o. Yesu fia nyateƒenya vevi siwo me goglo, gake ezã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe. Gbe ɖeka esi Yesu di be yeafia yeƒe nusrɔ̃lawo be mele be woatsi dzi fũu akpa ɖe nu si woaɖu gbe sia gbe ŋu o la, egblɔ na wo be Yehowa nyia dziƒoxewo. Eyome ebia wo be: “Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?” (Mateo 6:26) Yesu ƒe nya ʋɛ mawo fia nu vevi aɖe nusrɔ̃lawo eye wòde dzi ƒo na wo.

ALEKE WÒLE BE MÍAƑO NU NA AMEWO?

15. Nu ka tae wòle be míaƒo nu na amewo tufafatɔe?

15 Menye nya si míagblɔ koe le vevie o, ke ale si míagblɔe hã le vevie nenema ke. Amewo lɔ̃na ɖoa to Yesu elabe eƒe ‘nyawo vivina,’ si fia be egblɔnɛ tufafatɔe. (Luka 4:22) Ne nya fafɛwo le míaƒe aɖe dzi la, wo sese avivi amewo nu eye woalɔ̃ ɖe míaƒe nyawo dzi. (Lododowo 25:15) Ne míedea bubu amewo ŋu eye míebua woƒe seselelãmewo ŋu la, esia aʋã mí míaƒo nu na wo tufafatɔe. Emae Yesu wɔ. Gbe ɖeka esi wòkpɔe be amehawo tsi dzi ɖe yeƒe nyawo sese ŋu la, eya hã nɔ wo gbɔ dzidzɔtɔe hefia nu wo. (Marko 6:34) Eye esi ame aɖewo dzu Yesu gɔ̃ hã la, medzu wo ɖe eteƒe o.—1 Petro 2:23.

16, 17. (a) Aleke míasrɔ̃ Yesu ne míele nu ƒom na míaƒe ƒometɔwo kple mía xɔlɔ̃wo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu nyui kawoe do tso eme esi vidada aɖe ƒo nu tufafatɔe?

16 Togbɔ be míelɔ̃ míaƒe ƒometɔwo kple mía xɔlɔ̃wo hã la, ɣeaɖewoɣi míeƒoa nu na wo nyuie o, le esi wole mía gbɔ ta. Ewɔna na mí be mehiã be míabu tame hafi aƒo nu na wo o. Gake Yesu ya meda gbe ɖe exɔlɔ̃wo gbɔ kpɔ o. Esi wo dometɔ aɖewo nɔ nya ʋlim le ame si nye gãtɔ ŋuti la, eɖo aɖaŋu na wo tufafatɔe, eye wòkplɔ ɖevi sue aɖe va wo dome tsɔ ɖɔ woƒe nuŋububu ɖo. (Marko 9:33-37) Hamemetsitsiwo, miate ŋu asrɔ̃ Yesu ne mieɖɔa nɔviwo ɖo kple gbe bɔbɔe.—Galatiatɔwo 6:1.

17 Ne ame aɖe gblɔ nya aɖe wòve dɔme na mí gɔ̃ hã la, aɖe vi geɖe ne míeɖo nya ŋu nɛ fafɛ. (Lododowo 15:1) Eva dzɔ be ŋutsuvi aɖe, si dada nye dzilaɖekɛ, nɔ agbe eve nɔm. Nɔvinyɔnu aɖe si le woƒe hamea me si le fafam na vidadaa la gblɔ nɛ be: “Ewɔ nublanui be viwòa zu kplamasee. Hm, èwɔ dɔ ɖe yame.” Vidada la tɔ sẽe hegblɔ be: “Ele eme be nuwo mele afɔ tsɔm nyuie fifia o, gake ‘kabakaba hã nyo, ɖɔɖɔɖɔ hã nyo,’ hehe si menae ava ɖe vi. Wò ya gbɔ dzi ɖi, Armagedon megbe koa, míakpɔe; ɣemaɣie míanya nyateƒea.” Esi vidadaa lé eɖokui kpoo heƒo nu na nɔvinyɔnua tufafatɔe ta la, wokpɔtɔ nye xɔlɔ̃wo. Via hã se nya si wògblɔ eye wòkpɔe be ye dada ka ɖe edzi be yeate ŋu atrɔ. Wogblɔna be, ‘ŋlɔ be gatsɔ menye fi o,’ eya ta edzudzɔ ha vɔ̃wo dede, exɔ nyɔnyrɔ, eye emegbe wòva subɔ le Betel. Míeɖale nu ƒom na mía nɔviwo, míaƒe ƒometɔwo, alo ame bubuwo o, ele be míaƒe “nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.”—Kolosetɔwo 4:6.

18. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le nuƒoƒo me?

18 Ŋutete si le mía si be míaɖe nu siwo le míaƒe susu kple dzi me agblɔ na amewo la nye nunana nyui aɖe tso Yehowa gbɔ. Ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome la, míaƒo nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, míalé ŋku ɖe nya siwo míegblɔna ŋu, eye míadze agbagba aƒo nu tufafatɔe ɣesiaɣi. Eya ta gblɔ nya viviwo nàtsɔ ade dzi ƒo na amewo eye nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Wogatea ŋu yɔa atɔtɔŋuti (apple alo pomme) be yevutɔ.