Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzedzekpɔkpɔ Abe Vidada Ene

Dzidzedzekpɔkpɔ Abe Vidada Ene

Dzidzedzekpɔkpɔ Abe Vidada Ene

LE XEXEA me godoo egbea la, nyɔnu akpa gãtɔ dea dɔme. Le dukɔ deŋgɔwo me la, nyɔnu siwo si dɔwɔɖui le ƒe agbɔsɔsɔme de sɔsɔ ge kple ŋutsu siwo dea dɔme la tɔ. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, nyɔnuwo wɔa agbledɔ gaƒoƒo geɖe hena woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.

Nyɔnu geɖewo le dagbadagbam le dɔwɔwɔ hena ƒomea ƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wole kutri kum hena beléle na ƒomea me tɔwo le aƒea me. Menye ɖeko nyɔnu siawo dia ga hena nuɖuɖu, nudodo, kple xɔnyawo gbɔ kpɔkpɔ o, ke woɖaa nu, nyaa nu hekpɔa aƒea me ƒe dzadzɛnyenye hã gbɔ.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vidada Kristotɔwo dzea agbagba be yewoafia mawuvɔvɔ̃ yewo viwo. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Cristina, si si nyɔnuvi eve le la gblɔ be: “Le nyateƒe me la, dadasɔ le dɔwɔɖuinyawo kple ƒomegbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ me sesẽ ŋutɔ, vevietɔ ne ɖevi suewo le asiwò. Mele bɔbɔe be nàkpɔ vovo ɖe ɖeviawo ŋu abe ale si wòhiãe ene o.”

Nu kae ƒonɛ ɖe vidadawo nu wodina be dɔwɔɖui nanɔ yewo si? Kuxi kawoe wodoa goe? Ðe wòhiã be dɔwɔɖui nanɔ vidada si kokoko hafi wòase le eɖokui me be yekpɔ dzidzedzea?

Nu Si Ta Vidadawo Dea Dɔme

Le vidada geɖewo gome la, ehiã godoo be gbe sia gbe dɔwɔɖui nanɔ wo si. Srɔ̃ mele wo dometɔ aɖewo si si ana kpekpeɖeŋu wo le ganyawo gome o. Atsu kple asi aɖewo hã kpɔe be ame ɖeka ƒe dɔwɔfetu made na ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔkpɔ o.

Ke hã, menye gakuxiwo gbɔ kpɔkpɔ tae vidada ɖe sia ɖe wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ ɖo o. Didi be bubu nanɔ yewo ŋu ta koe wo dometɔ geɖewo dea dɔme ɖo. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo wɔa dɔ ale be ga nanɔ yewo ŋutɔ si, alo be yewoate ŋu aƒle nu nyuiwo na yewo ɖokui. Wo dometɔ geɖe bi ɖe woƒe dɔwo wɔwɔ me, eye wokpɔa dzidzɔ hã.

Ate ŋu anye be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenue na vidada aɖewo se le wo ɖokui me be ele kokoko be yewoadi dɔ aɖe awɔ. Togbɔ be ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ele na vidada siwo dea dɔme be woawɔ avu kple nuteɖeamedzi kpakple ɖeɖiteameŋu hã la, amewo mesea nu gɔme na wo dometɔ siwo tiae be yewomade dɔme o la o—woɖua fewu le wo ŋu gɔ̃ hã. Nyɔnu aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Mele bɔbɔe be nàɖe nu si tae nètiae be yeanye ‘nyɔnu aƒedzikpɔla ko’ la me na ame bubuwo o. Ame aɖewo ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo ɖenɛ fiana be èle wò agbe dome gblẽm.” Rebeca, si nye vidada si si nyɔnuvi ƒe eve vi le la gblɔ be: “Togbɔ be ame siwo dome míele la kpɔe be ele be nyɔnuwo nalé be na wo viwo hã la, mekpɔe be womedea asixɔxɔ vidada siwo si dɔwɔɖui mele o ŋu ale o.”

Nuŋububu Si Mesɔ O Kple Ale Si Nyaa Le Ŋutɔŋutɔ

Le xexea ƒe akpa aɖewo la, nyakakamɔnuwo gblɔna be “nyɔnu adodoea” ye nye esi kpɔ dzidzedze le eƒe agbemedɔ me—eɖua fetu gã, eƒe awudodowo sɔna pɛ, eye kakaɖedzi blibo nɔa esi. Ne egbɔ va aƒe me la, ŋusẽ ganɔa eŋu wòkpɔa viawo ƒe kuxiwo gbɔ, ɖɔa srɔ̃a ƒe vodadawo ɖo, eye wòte ŋu kpɔa ƒomea me kuxi bubuwo hã gbɔ. Le nyateƒe me la, nyɔnu ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aɖo nu si yɔm wòle be “nyɔnu adodoea” ƒe dzidzenu ma gbɔ.

Le nyateƒe me la, dɔ siwo nyɔnu geɖe kpɔna wɔna la nyea nu ɖeka tɔgbi wɔwɔ ɖaa ƒe dɔ eye fetua medea ame dzi tututu o. Nublanuitɔe la, vidada siwo dea dɔme la va kpɔnɛ dzea sii be yewoƒe dɔwɔɖuia menana yewo wɔa yewoƒe dzɔdzɔmeŋutetewo ŋu dɔ bliboe o. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso hadomenunya ŋu gblɔ be: “Togbɔ be nyɔnuwo wɔ ŋgɔyiyi le agbagbadzedze be yewoanɔ tasɔsɔ me kple ŋutsuwo me hã la, ŋutsuwo kpɔtɔ yi edzi le ɖoƒe nyuitɔwo le dɔwɔƒewo eye woxɔa fetu gãwo wu. Eya ta ɖeko nyɔnu siwo kpɔa mɔ be yewoƒe dɔmedede ana bubu nanɔ yewo ŋu la va kpɔnɛ dzea sii kɔte be mede yewo dzi o.” Spaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, El País, gblɔ be: “Akɔntabubu ɖee fia le nyɔnuwo gome be dzodzodzoetsitsi si tsoa nuteɖeamedzi gbɔ ate ŋu aɖe fu na wo zi gbɔ zi etɔ̃ wu ŋutsuwo, le esi wo dometɔ akpa gãtɔ wɔa dɔ eve ta—dɔmetɔa kple aƒemetɔa.”

Ale Si Srɔ̃ŋutsuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Le nyateƒe me la, vidada Kristotɔ ŋutɔ ƒe nyametsotsoe wònye ne ele be wòade dɔme alo madee o. Gake ne srɔ̃ le esi la, ele be woa kple srɔ̃a nadzro nya sia me ahada nuwo kpɔ nyuie hafi awɔ nyametsotso.—Lododowo 14:15.

Ke ne atsu kple asi aɖe kpɔe be, le ganyawo ƒe fuɖename ta, ele be yewo ame evea siaa yewoanɔ dɔme dem ya ɖe? Le go sia me la, srɔ̃ŋutsu dzeaɖaŋu atsɔ Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia nya vevii, be: “Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo [wu] eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi [la me].” (1 Petro 3:7, Agbenya La) Srɔ̃ŋutsu dea bubu srɔ̃a ŋu ne ebua eƒe ŋutilã me kple seselelãme ŋutetewo ƒe seɖoƒewo ŋu. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, akpe ɖe srɔ̃a ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Srɔ̃ŋutsua alɔ̃ faa awɔ dɔ siwo amewo buna dɔ tsɛwoe la ɖokuibɔbɔtɔe, abe Yesu ene, ke manɔ asa ƒom na dɔ mawo tɔgbi wɔwɔ abe ɖee woaɖe eƒe bubu dzi kpɔtɔ ene o. (Yohanes 13:12-15) Ke boŋ abu aƒemedɔ mawo wɔwɔ be wonye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ na ye srɔ̃ veviedonula la afia. Srɔ̃nyɔnua akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu ma tɔgbi ŋu ŋutɔ.—Efesotɔwo 5:25, 28, 29.

Ðikeke mele eme o be, ele vevie be atsu kple asi nawɔ aƒemedɔwo aduadu ne wo ame evea siaa dea dɔme. Spaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ABC te gbe ɖe nya sia ƒe vevienyenye dzi. Esi wònɔ nu me ɖem ku ɖe numekuku aɖe si Ƒomenyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Dɔwɔƒe aɖe wɔ ŋu la, nyatia gblɔ be menye “mawusubɔsubɔ kple agbe nyui nɔnɔ me dzidzenuwo ƒe toyiyi” ɖeɖe ko gbɔe srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi le Spain tso o, ke etso nu eve bubu aɖewo hã gbɔ—“nyɔnuwo ƒe dɔmedede kple ŋutsuwo ƒe kpekpeɖeŋumanamana le aƒemedɔwo wɔwɔ me.”

Vidada Kristotɔ Ƒe Wɔƒe Vevi La

Togbɔ be vifofowo koŋue Yehowa tsɔ wo viwo hehe ƒe agbanɔamedzia de asi na hã la, vidada Kristotɔwo nyae be wɔƒe vevi aɖe kpɔ yewo hã yewo ƒe ŋkume—vevietɔ le ɖeviwo ƒe vidzĩme. (Lododowo 1:8; Efesotɔwo 6:4) Vidadawo kple vifofowo siaae Yehowa nɔ nu ƒom na esime wòde se na Israel viwo be woafia yeƒe Se la wo viwo. Enya be esia wɔwɔ bia ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi geɖe, vevietɔ le woƒe ɖevime. Susu sia tae Mawu gblɔ na dzilawo be woahe wo viwo le aƒe me, le mɔ dzi, ne wofɔ, kple ne womlɔ anyi ɖo.—5 Mose 6:4-7.

Mawu ƒe Nya la te gbe ɖe vidadawo ƒe wɔƒe si nye ɖoƒe si ŋu bubu le kple eƒe vevienyenye dzi esime wòde se na ɖeviwo be: “Megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 6:20) Gake nyɔnu si si srɔ̃ le atsɔ nyawo aɖo srɔ̃a ŋkume hafi ade sewo na ɖeviawo. Ke hã, abe ale si mawunyakpukpui ma ɖee fia ene la, gome le vidadawo si be woade sewo na wo viwo. Eye viɖe geɖe ado tso eme na ɖevi siwo wɔna ɖe mawuvɔvɔ̃ kple agbe nyui nɔnɔ ƒe mɔfiame siwo vidada mawuvɔ̃la nana dzi tso dzi blibo me la ŋutɔ. (Lododowo 6:21, 22) Teresa, si nye vidada si si ŋutsuvi eve le la, ɖe nu si tae medi be yeade dɔme o me be: “Vinyewo hehe be woasubɔ Mawue nye dɔ vevitɔ nam. Medi be mawɔ dɔ sia le mɔ nyuitɔ kekeake nu.”

Vidada Siwo Kpɔ Dzidzedze

Ðikeke mele eme o be Israel Fia Lemuel kpɔ viɖe tso dadaa ƒe amehehe kutrikukutɔe me. Woŋlɔ “nya, siwo dadaa ku ɖe to me nɛ” tsɔ ‘ɖɔe ɖo’ la hã ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me gɔ̃ hã. (Lododowo 31:1; 2 Timoteo 3:16) Nya siwo vidada sia gblɔ tso ame si ƒomevi srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye ŋu la kpena ɖe viŋutsuwo ŋu wotiaa nyɔnu si woaɖe la nunyatɔe. Eye eƒe nuxlɔ̃amenya siwo wògblɔ ku ɖe agbe maɖɔʋu nɔnɔ kple aha tsu nono ŋu la ɖea vi egbea abe ale si wònɔ zi gbãtɔ si woŋlɔ wo ɖii ene.—Lododowo 31:3-5, 10-31.

Le ƒe alafa gbãtɔa me la, apostolo Paulo kafu dɔ nyui si vidada aɖe si ŋkɔe nye Eunike wɔ le nufiafia viaŋutsu Timoteo me. Esi anɔ eme be srɔ̃a si nye dzimaxɔsetɔ subɔa Helatɔwo ƒe mawuwo ta la, enɔ na Eunike be wòamla Timoteo be wòaxɔ “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” dzi ase. Ɣekaɣie Eunike te Ŋɔŋlɔawo fiafia Timoteo? Nuŋlɔɖi si tso Mawu gbɔ la gblɔ be ‘tso eƒe vidzĩme kee.’ (2 Timoteo 1:5; 3:14, 15) Eya ŋutɔ ƒe xɔse, eƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo kple eƒe nufiafiawo dzra Timoteo ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔ dɔ si wòva wɔ emegbe la ŋu.—Filipitɔwo 2:19-22.

Biblia ƒo nu tso vidada siwo ƒe amedzrowɔwɔ na Mawu subɔla wɔnuteƒewo kpe ɖe wo viwo ŋu wode ha kple kpɔɖeŋu nyui ɖolawo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Sunem nyɔnu aɖe xɔa nyagblɔɖila Elisa ɖe eƒe me edziedzi. Emegbe esi via va ku la, Elisa va fɔe ɖe tsitre. (2 Fiawo 4:8-10, 32-37) Bu Maria, si nye Marko si hã ŋlɔ Biblia gbalẽ aɖe dada la, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Anɔ eme be eɖe mɔ ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu le eƒe me le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 12:12) Ðikeke mele eme o be hadede kple apostoloawo kple Kristotɔ bubu siwo vaa wo ƒe me edziedzi la ɖe vi na Marko ŋutɔ.

Edze ƒãa be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe dɔ siwo nyɔnu nuteƒewɔla siwo ƒãa eƒe gɔmeɖosewo ɖe wo viwo me wɔna la ŋu. Elɔ̃a nyɔnu siawo le woƒe nuteƒewɔwɔ kple agbagba siwo wodzena be yewoana yewoƒe aƒe me nanye teƒe si woakpɔ tutuɖo le hena mawuvɔvɔ̃ la ta.—2 Samuel 22:26; Lododowo 14:1.

Tiatia Si Nana Wokpɔa Dzidzedze Wu

Abe ale si Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo ŋu míeƒo nu tso ɖee fia ene la, ƒomea ƒe ŋutilã me, seselelãme, kple mawusubɔsubɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie hea viɖe tɔxɛwo vanɛ. Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o. Zi geɖe la, vidada ƒe aƒemedɔwo wɔwɔ lɔa nu geɖe ɖe eme wu nu si ɖoƒe deŋgɔ ƒe amesinɔnɔ le dɔme biana tso ame si.

Enye nyateƒe be ne vidada tiae be yeaɖe asi le dɔwɔɖui ŋu alo aɖe edzi akpɔtɔ le numedzodzro kple srɔ̃a vɔ megbe la, ɖewohĩ ahiã be ƒomea natsɔ nanewo asa vɔe, eye ate ŋu adzɔ be ame siwo mese tiatia si wòwɔ gɔme o la aɖu fewu le eŋu. Gake viɖeawo aƒo nu siwo wòatsɔ asa vɔe la ta sãsãsã. Vi etɔ̃ le vidada si ŋkɔe nye Paqui si, eye wòhiã be wòawɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ. Egblɔ be: “Medina be manɔ aƒea me hafi ɖeviawo nagbɔ tso suku, bene woate ŋu aɖo dze kplim.” Alekee wòɖe vi na viawo? Egblɔ be: “Mekpena ɖe wo ŋu le woƒe sukudɔdeasiwo wɔwɔ me, eye ne kuxi aɖewo do mo ɖa la, mekpɔa wo gbɔ enumake. Anyinɔnɔ ɖekae alea gbe sia gbe na dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui le mía dome. Ɣeyiɣi si mezãna ɖe ɖeviawo ŋu xɔ asi nam ale gbegbe be megbe be nyemaxɔ dɔwɔɖui aɖe si ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu nam la o.”

Vidada Kristotɔ geɖewo kpɔe dze sii be esi yewoɖe ɣeyiɣi siwo yewozãna ɖe dɔwɔɖui ŋu dzi kpɔtɔ la, eɖe vi na ƒome bliboa. Cristina, si ŋu míeƒo nu tso va yi, gblɔ be: “Edze abe esi medzudzɔ dɔmedede la, ƒomea ƒe kuxiwo dzi ɖe kpɔtɔ ene. Mekpɔa ɣeyiɣi ɖoa dze kple vinyeawo hekpena ɖe srɔ̃nye ŋu le mɔ geɖewo nu. Meva te vivisese le nufiafia vinyenyɔnuviawo me, le esi mekpɔ be wole nua nyam hele ŋgɔyiyiwo wɔm la ta.” Nudzɔdzɔ aɖe koŋ tsi susu me na Cristina vevie. Egblɔ be: “Vidzikpɔƒee vinye gbãtɔa srɔ̃ azɔlizɔzɔ le, gake nye ŋutɔe fia azɔlizɔzɔ vinye evelia ya le aƒe me. Esime wòɖe eƒe afɔ gbãtɔawo hedi be yeadze anyi la, nye ŋutɔ nye abɔwo mee wòdze. Nudzɔdzɔ ma do dzidzɔ nam ale gbegbe!”

Nu bubu si hã ŋu wòle be woabue nye be fetu si vidada si dea dɔme tsɔ saa vɔe la maɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple viɖe siwo gbegbe ado tso eme o. Cristina gblɔ be: “Ga si mexena na vidzikpɔƒea kple ʋuɖofewo xɔa nye dɔwɔfetu ƒe akpa gã aɖe. Esi míeva lé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu nyuie la, míeva de dzesii be nye dɔmedede mehea ga geɖe vaa aƒea me abe ale si míesusui ene o.”

Esi atsu kple asi aɖewo gbugbɔ lé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmewo ŋu la, wokpɔe be ne srɔ̃nyɔnua le aƒea me hekpɔa aƒemenyawo gbɔ la, aɖe vi sãsãsã wu fetu si wòatsɔ asa vɔe. Cristina srɔ̃, Paul, gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be srɔ̃nye va le aƒea me hekpɔa mía vi sue eveawo dzi. Esime srɔ̃nye nɔ dɔme dem tsã la, ɖeɖi tea mía kplii ŋu ale gbegbe.” Alekee nyametsotso sia si atsu kple asi sia wɔ la ɖe vi na wo vinyɔnuvi eveawo? Paul gblɔ be: “Menye ɖeko ɖeviawo se le wo ɖokui me be yewole dedie wu o, ke enye wo ta kpɔkpɔ tso ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu le woƒe ɖevime la hã me.” Nu ka tae atsu kple asi sia se le wo ɖokui me be ele vevie be yewoazã ɣeyiɣi geɖe ale si yewoate ŋui ɖe yewo viawo ŋu? Paul ɖo eŋu be: “Mekpɔe dze sii be ne mí dzilawo míemla mía viawo ƒe dzi kple woƒe tamesusu o la, ame bubuwo aƒã susu gbegblẽwo ɖe wo me.”

Edze ƒãa be atsu kple asi ɖe sia ɖe ŋutɔe alé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmea ŋu ahawɔ nyametsotso, eye mele be ame aɖeke nahe nya ɖe nyametsotso siwo ame bubuwo awɔ la ŋu o. (Romatɔwo 14:4; 1 Tesalonikatɔwo 4:11) Ke hã, anyo be woabu viɖe gbogbo siwo dona tso eme ne vidada medea dɔme o la ŋu. Esi Teresa, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, nɔ ale si wòse le eɖokui me ku ɖe tiatia si wòwɔ ŋu gblɔm la, egblɔ kpuie be: “Naneke menaa wosena le ame ɖokui me be yekpɔ dzidzedze de ɣeyiɣi ale si ame ate ŋui zazã le beléle kple nufiafia ame ŋutɔ ƒe viwo me nu o.”—Psalmo 127:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Vidada Kristotɔwo wɔa akpa vevi aɖe le wo viwo hehe me