Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

ADZƆ dzi na Yona ŋutɔ ne ɖee wòate ŋu atsi gbeɖiɖi dziŋɔ mawo nu. Ya dziŋɔ aɖe nɔ ƒoƒom to tɔdziʋua ƒe abalatiwo me ʋuduʋudu, ƒutsotsoe gãgã siwo kɔ ŋutɔ la va nɔ gbagbam ɖe tɔdziʋua ŋu si na be tɔdziʋu bliboa ƒe ʋuƒowo katã nɔ ŋeŋem. Menye esiawo koe nɔ fu ɖem na Yona o, ke boŋ esi gavɔ̃ɖi wue nye ɣli siwo dom tɔdziʋukula siwo nye ʋumefia kple eŋumewo nɔ esime wonɔ agbagba dzem be yewoana tɔdziʋua naganyrɔ o. Yona kpɔe be ŋutsu siawo katã le tsɔtsrɔ̃ ge kpuie le ye ta!

Aleke wòdzɔe be Yona va ɖo nɔnɔme sesẽ ma me? Edze agɔ gã aɖe le eƒe Mawu, Yehowa, dzi. Agɔ kae wòdze? Ðe esia gblẽ woa kple Mawu dome keŋkeŋua? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me. Le kpɔɖeŋu me, Yona ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si wòate ŋu adzɔe be ame siwo si xɔse vavã le gɔ̃ hã nate ŋu atra kple ale si woate ŋu awɔ ɖɔɖɔɖoe.

Nyagblɔɖila Aɖe Si Tso Galilea

Ne amewo bu Yona ŋu la, zi geɖe la, edzena abe woƒe susu katã nɔa eƒe nɔnɔme manyomanyowo, siwo ƒe ɖewoe nye tomaɖomaɖo kple nublanuimakpɔmakpɔ gɔ̃ hã, dzi ene. Gake nu nyui geɖewo li míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutsu ma ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa Mawu tia Yona be wòanye yeƒe nyagblɔɖila. Nenye ame mawɔnuteƒe alo nu madzɔmadzɔ wɔla aɖee Yona nye la, anye ne Yehowa matiae be wòawɔ dɔ gã sia gbegbe o.

Míesrɔ̃ nane tso du si me Yona tso la ŋu le 2 Fiawo 14:25 me. Etso Gat-Xefer si didi tso Nazaret, du si me Yesu Kristo va tsi le le ƒe alafa enyi aɖewo megbe, la gbɔ kilometa 4 pɛ ko. * Yona wɔ eƒe nyagblɔɖidɔa le Fia Yerobeam II, si nye Israel to ewo fiaɖuƒea ƒe fia, la ƒe dziɖuɣi. Eliya ku keke gbe aɖe gbe ke, Elisa, nyagblɔɖila si va ɖe eyome la, hã ku le Yerobeam fofo ƒe dziɖuɣi. Togbɔ be Yehowa zã nyagblɔɖila mawo tsɔ ɖe Baal subɔsubɔ ɖa le Israel hã la, Israel viwo gaɖoe koŋ de megbe ake. Fia aɖe si wɔa ‘nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me’ ye va nɔ anyigba la dzi ɖum azɔ. (2 Fiawo 14:24) Eya ta Yona ƒe nyagblɔɖidɔa manya nɔ bɔbɔe nɛ alo avivi enu kura o. Ke hã, ewɔ dɔ sia nuteƒewɔwɔtɔe.

Gake gbe ɖeka la, nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Yona. Yehowa de dɔ aɖe Yona si, gake Yona bui be dɔa sesẽ akpa. Dɔ kae Yehowa de esi?

“Tso, Nayi Niniwe”

Yehowa gblɔ na Yona be: “Tso, nayi Niniwe, du gã la me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunye me.” (Yona 1:2) Mesesẽ be míakpɔ nu si tae dɔ sia dze dɔ sesẽ aɖe ŋutɔ nɛ o. Niniwe nɔ Galilea ƒe ɣedzeƒe gome, hedidi tso egbɔ anɔ abe kilometa 800 ene, eye wòanɔ abe ɣleti ɖeka ƒe azɔlizɔzɔ ene. Ke hã, edze abe nɔnɔme sesẽ siwo me wòato le eƒe mɔzɔzɔa mee nye eƒe dɔdeasia ƒe akpa si bɔbɔ wu ene. Le Niniwe la, anɔ na Yona be wòaɖe gbeƒã Yehowa ƒe gbedeasia na Asiriatɔ siwo wonya le woƒe ŋutasesẽ kple tagbɔsesẽ kura gɔ̃ hã ta. Ne Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ meɖo to Yona ƒe gbedeasia o la, ekema nu kae wòate ŋu akpɔ mɔ be trɔ̃subɔla mawo nawɔ? Aleke Yehowa subɔla ɖeka pɛ ko ate ŋu akpɔ dzidzedze le Niniwe du gã ma, si wova yɔ emegbe be “hlɔ̃dodu,” la me?—Naxum 3:1, 7.

Ðe Yona bu nya mawo ŋua? Míenya ya o. Gake nu si míenyae nye be esi dzo. Yehowa dɔ Yona ɖo ɖe ɣedzeƒe gome, gake eɖo ta ɣetoɖoƒe, eye le nyateƒe me la, eɖo ta keke ɣetoɖoƒe ʋĩ ke. Eyi Yopa si nye ƒutadu aɖe si tɔdziʋudzeƒe nɔ, eye le afi ma la, eɖo tɔdziʋu aɖe si ɖo ta Tarsis. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Spania ye Tarsis nɔ. Nenye nenemae la, ke Yona ɖo ta du aɖe si didi tso Niniwe gbɔ kilometa 3,500 sɔŋ. Mɔ ma zɔzɔ yi ɖe keke Ƒu Gã la—abe ale si woyɔa Mediterranea Ƒua ɣemaɣi ene—ƒe go kemɛ dzi anya axɔ ƒe ɖeka blibo! Alea gbegbee Yona ɖoe kplikpaa be yeasi le dɔ si Yehowa de esi la nui!

Ðe esia fia be míate ŋu aƒo nya ta ko be, vɔvɔ̃nɔtɔe Yona nyea? Mele be míaƒo nya ta kaba nenema o. Abe ale si míava kpɔe ene la, ete ŋu ɖe nɔnɔme nyui ɖedzesi aɖewo fia. Gake abe ale si ko wòle le mí katã gome ene la, ame madebliboe Yona hã nye, eye wònɔ avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ geɖewo. (Psalmo 51:7) Mía dometɔ kae vɔvɔ̃ meɖo kpɔ o?

Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be Mawu nabia tso mía si be míawɔ nane si míebu be esesẽ ŋutɔ, alo be míate ŋu awɔe kura o gɔ̃ hã. Ate ŋu asesẽ na mí be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia abe ale si wobia tso Kristotɔwo si be woawɔe ene gɔ̃ hã. (Mateo 24:14) Ele bɔbɔe be míaŋlɔ nyateƒenya vevi si Yesu gblɔ be, “le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu” la be. (Marko 10:27) Ne míeŋlɔa nyateƒenya sia be ɣeaɖewoɣi la, ke ɖewohĩ míate ŋu ase Yona ƒe kuxia gɔme. Ke hã, nu kae do tso Yona ƒe sisia me nɛ?

Yehowa He To Na Eƒe Nyagblɔɖila Dzego La

Na míakpɔe le susu me ɖaa be, Yona ye nye ema ge ɖe tɔdziʋua me heyi ɖanɔ anyi bɔkɔɔ. Ðewohĩ Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋu aɖee wòɖo. Enɔ ʋumefia kple tɔdziʋumedɔwɔlawo kpɔm esime wonɔ hloloe tsom vevie henɔ dzadzram ɖo bene yewoaho tɔdziʋua adzo le tɔdziʋudzeƒea. Esi tɔdziʋua ho henɔ ŋgɔ yim eye gota nɔ bubum ɖe eme vivivi heva bu ɖe eme keŋkeŋ la, Yona anya bui be yesi le afɔku si yenɔ vɔvɔ̃m na vevie la nu azɔ. Gake yame ƒe nɔnɔme trɔ kpata.

Ahom sesẽ aɖe tu le ƒua dzi, eye ƒua dze agbo ŋɔdzitɔe, ƒutsotsoeawo kɔ ale gbegbe be meli gã siwo li egbea gɔ̃ hã maɖi naneke le wo me o. Ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi tɔdziʋu ma, si bu ɖe ƒu gbana ma, si ƒe ƒutsotsoewo kɔ abe towo ene me la, me nɔlawo de dzesii be yewoƒe tɔdziʋua le sue akpa, eye wɔna mele eŋu o? Ðe Yona nya nu tso nya aɖe si eya ŋutɔ va ŋlɔ emegbe be, “Yehowa lɔ ya gã aɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi” la ŋu ɣemaɣia? Esesẽ be míaɖo eŋu be ɛ̃. Ke hã, ekpɔ tɔdziʋumedɔwɔlawo nɔ ɣli dom henɔ woƒe mawu vovovoawo yɔm, eye wònyae hã be mawu mawo mate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke wo o. Eƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ʋu la di be, yeagbã.” (Yona 1:4; 3 Mose 19:4) Eye aleke Yona ate ŋu ado gbe ɖa na Mawu si nu wònɔ sisim le?

Esi Yona kpɔe be yemate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke wo o la, eyi ɖe tɔdziʋua gɔme hedi teƒe aɖe mlɔ. Eteƒe medidi hafi wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ o. * Ʋumefia la va ke ɖe Yona ŋu, enyɔe heƒoe ɖe enu be wòado gbe ɖa na eƒe mawu, abe ale si ko ʋua me nɔla ɖe sia ɖe nɔ ewɔm ene. Esi ʋukulawo ka ɖe edzi be menye ahom gbɔloe ahom ma nye o ta la, wodzidze nu bene yewoakpɔ ʋua me nɔla si gbɔ dzɔgbevɔ̃e ma anya tso. Ðikeke mele eme o be, Yona ƒe dzi lolõ ɖe dɔme nɛ, esime nudzidzea menɔ ame aɖeke dzi dzem o. Kasia, nyateƒe la dze ƒãa. Yehowa gbɔe ahom la tso, eye eya kee nɔ mɔ fiam nudzidzea hã ɖo ta ame ɖeka, si nye Yona, gbɔ!—Yona 1:5-7.

Yona gblɔ nya sia nya na tɔdziʋukulawo. Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ƒe subɔlae wònye. Mawu sia nue wònɔ sisim le, eye eya dzie wòdze agɔ le heto esia dzi de tɔdziʋua me nɔlawo ƒe agbe afɔku dziŋɔ sia me. Ŋɔdzi lé ameawo ale gbegbe, eye Yona te ŋu kpɔ esia le woƒe mo. Wobiae be nu kae wòle be yewoawɔ nɛ be tɔdziʋua naganyrɔ kpli yewo o mahã. Nya kae wògblɔ? Dzidzi anya ƒo Yona ne ekpɔ ale si wòanyrɔ ɖe atsiaƒu dzeagbo ma si fa miamiamia me la le susu me ɖaa. Gake aleke wòate ŋu azi kpi ame gbogbo mawo naku evɔ wònya nyuie be yeate ŋu axɔ wo ɖe agbe hafi? Esia tae wògblɔ be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.”—Yona 1:12.

Menye vɔvɔ̃nɔtɔ ƒe nyawoe nye esiawo o ɖe, alo? Anya do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi be wòakpɔ Yona wòaɖe dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ma afia le nɔnɔme madeamedzi ma gbegbe me. Xɔse sẽŋu si nɔ Yona si la dze ƒãa le nudzɔdzɔ sia me. Míate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyui ma egbea to ame bubuwo ƒe nyonyo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na mía tɔwo me. (Yohanes 13:34, 35) Ne míekpɔ ame aɖe le hiã me le ŋutilã me, le seselelãme, alo mawusubɔsubɔ gome la, ɖe míetsɔa mía ɖokuiwo nana be míakpe ɖe eŋua? Aleke Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋue nye esi ne míewɔe nenema!

Ðewohĩ esia wɔ dɔ ɖe tɔdziʋukulawo hã dzi, elabena gbã la, womelɔ̃ be yewoakɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒua me o! Ke boŋ wowɔ nu sia nu si woate ŋui bene yewoaku ʋua ato ahom la me ado, gake medze edzi o. Ðeko ahom la nyra ɖe edzi. Mlɔeba la, wova kpɔe be naneke meli yewoagawɔ o. Wodo ɣli na Yona ƒe Mawu, Yehowa, be wòakpɔ nublanui na yewo, eye wokɔ Yona ƒu gbe ɖe atsiaƒua me.—Yona 1:13-15.

Mawu Kpɔ Nublanui Na Yona Eye Wòɖee

Yona ge dze atsiaƒu dzeagbo la me doo! Ðewohĩ edze agbagba be yeanɔ tsia dzi vie, eye wòfɔ mo dzi hekpɔ tɔdziʋua to futukpɔ kple tsitsotsoewo me ɖaa wòle du dzi yina. Ƒutsotsoe siwo nu sẽ la ŋe ɖe edzi hezii ɖe tsia me. Eyi edzi nɔ to yim, eye wòsusui be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na ye o.

Yona va gblɔ ale si wòse le eɖokui me le nudzɔdzɔ sia me la emegbe. Ɣemaɣi la, eƒe susu yi nu geɖewo dzi. Esusui nublanuitɔe be yemagakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ dzeani si nɔ Yerusalem la gbeɖe o. Ekpɔe be yeɖi abu yina ɖe atsiaƒua ƒe gogloƒe ke, le towo ƒe agunu, afi si avawo alo ƒumegbewo xatsa ɖe eŋu le. Edze abe afi siae azu eƒe yɔdo ene.—Yona 2:3-7.

Gake tɔ gbɔ! Nane gbɔna egbɔ—nu gbagbe yibɔ nyadri aɖee! Enɔ egogom, eye wòlũ ɖe edzi. Nu gbagbe la ke nu baa hemii ɖe dɔ me gbla!

Yona anya susu be evɔ na ye vɔ. Gake Yona de dzesi nu wɔnuku aɖe. Ekpɔe be yegakpɔtɔ le agbe kokoko! Ekpɔe be nu vevi mewɔ ye o, lã gã la ƒe dɔgbo metu ye gudugudu o, eye gbɔgbɔtsixe metsi ye ƒo gɔ̃ hã o. Agbegbɔgbɔ gakpɔtɔ nɔ eme, togbɔ be afi si wòle be wòanye eƒe yɔdo lae nye ema wònɔ hafi hã. Vivivi la, vɔvɔ̃ aɖe va yɔ Yona me fũu. Ðikekemanɔmee la, eƒe Mawu, Yehowa, ye “dɔ ƒumelã gã aɖe, be wòaɖami Yona.” *Yona 2:1.

Miniti geɖewo va yi, eye gaƒoƒowo va yi. Le viviti tsiɖitsiɖi ma si tɔgbi Yona mekpɔ kpɔ o me la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ de ŋugble, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu. Woŋlɔ gbe si wòdo ɖa le ƒumelãa ƒe dɔ me la katã ɖe Yona ta 2 lia me, eye wòna míenya nu geɖe tso eya amea ŋu. Gbedodoɖa sia ɖee fia be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze geɖe su Yona si, elabena eyɔ nya tso Psalmowo me zi geɖe. Egaɖe nɔnɔme nyui lédziname aɖe hã fia le Yona ŋu: enye akpedala. Yona ƒo nya ta be: “Ke nye la matsɔ akpedagbe asa avɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!”—Yona 2:10.

Yona srɔ̃e tso nudzɔdzɔ ma me be Yehowa ate ŋu axɔ na ame ɖe sia ɖe le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me kple afi sia afi. Le “lã la ƒe dɔ me” gɔ̃ hã la, Yehowa kpɔ esubɔla si ɖo xaxa me la, eye wòxɔ nɛ. (Yona 2:1) Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana ame nanɔ agbe ahanɔ dedie ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ le lã gã ma ƒe dɔ me. Egbea la, anyo be míaɖo ŋku edzi be, Yehowae nye ‘Mawu, si si me míaƒe agbe le.’ (Daniel 5:23) Eya gbɔe míaƒe agbe dzɔ tso, eye eyae na míeli. Ðe míedaa akpe ɖe esia ta? Ekema ɖe medze be míaɖo to Yehowa oa?

Ke Yona ya ɖe? Ðe wòsrɔ̃ ale si wòaɖe akpedada afia Yehowa to toɖoɖoe mea? Ɛ̃, esrɔ̃e. Le ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ megbe la, ƒumelã la tsɔ Yona va keke ƒua nu ke, eye ‘wòdzɔe ɖe gota.’ (Yona 2:11) Bu eŋu kpɔ ko! Le esiawo katã megbe hã la, menɔ na Yona be wòaƒu tsi hafi aɖo gota gɔ̃ hã o! Ke hã, ehiã be wòadi dua me mɔ. Eteƒe medidi o, wodo eƒe akpedada ƒe gbɔgbɔ la kpɔ. Yona 3:1, 2 gblɔ be: “Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena: Tso, nayi Niniwe, du gã la me, eye naɖe gbeƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.” Nu kae Yona awɔ?

Yona mehe ɖe megbe kura o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Yona tso yi Niniwe ɖe Yehowa ƒe nya la nu.” (Yona 3:3) Ɛ̃, eɖo to. Edze ƒãa be esrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me. Ele be míasrɔ̃ Yona ƒe xɔse le go sia hã me. Mí katã míewɔa nu vɔ̃; mí katã míedaa vo. (Romatɔwo 3:23) Gake ɖe míenaa ta, alo ɖe míesrɔ̃a nu tso míaƒe vodadawo me, eye míetrɔa dzi me hesubɔa Mawu toɖoɖotɔea?

Ðe Yehowa ɖo Yona ƒe toɖoɖoa teƒe nɛa? Ɛ̃, eɖo eteƒe nɛ. Edze abe Yona va see emegbe be tɔdziʋua me nɔlawo tsi agbe ene. Ahom la nu fa enumake le Yona ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nuwɔna la megbe, eye tɔdziʋukula mawo “vɔ̃ Yehowa ŋutɔ,” eye wosa vɔ nɛ, ke menye na woƒe alakpamawuwo o.—Yona 1:15, 16.

Nu dodzidzɔname aɖe si lolo wu gɔ̃ hã va do tso eme emegbe. Yesu zã ŋkeke siwo Yona tsɔ nɔ ƒumelã gã la ƒe dɔ me tsɔ wɔ ŋkeke siwo eya ŋutɔ atsɔ anɔ yɔdo me ɣemaɣi la ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 12:38-40) Aleke gbegbe dzi adzɔ Yona ye nye esi ne eva se nu tso yayra ma ŋu ne wofɔe ɖe tsitre ɖe anyigba dzi! (Yohanes 5:28, 29) Yehowa di be yeayra wò hã. Wò hã àsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me ahaɖe toɖoɖo kple ɖokuitɔmadimadi ƒe gbɔgbɔ afia abe ale si Yona wɔe enea?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Nyateƒenya si wònye be Galileatɔe Yona nye la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena Farisitɔwo gblɔ dadatɔe tso Yesu ŋu be: “Dzro eme, ekema àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.” (Yohanes 7:52) Gbegɔmeɖela kple numekula geɖe gblɔna be ɖeko Farisitɔwo nɔ nya la gblɔm gbadza ko be, nyagblɔɖila aɖeke metso Galilea kpɔ o, eye ɖeke hã matso du tsɛ ma me gbeɖe o. Nenye nenemae la, ekema ŋutsu mawo nɔ aɖaba ŋem ƒu ŋutinya kple nyagblɔɖiwo siaa dzi.—Yesaya 8:23; 9:1.

^ mm. 17 Biblia gɔmeɖeɖe si woyɔna be Septuagint (Septante) te gbe ɖe ale si gbegbe Yona dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ la dzi esime wògblɔ kpee be, enɔ ƒã nom. Le esi míaƒo nya ta be esi Yona metsɔ ɖeke le nu si nɔ dzɔdzɔm la me o tae wòyi alɔ̃ me ɖo teƒe la, anyo be míaɖo ŋku edzi be ɣeaɖewoɣi la, alɔ̃ tsɔna ame siwo dzi nu te ɖo vevie la. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nɔ nu xam vevie le Getsemane bɔa me la, Petro, Yakobo, kple Yohanes nɔ “alɔ̃ dɔm le nuxaxa ta.”—Luka 22:45.

^ mm. 25 Woɖe Hebrigbe me nya si wozã na “ƒumelã” la gɔme ɖe Helagbe me be “ƒumelã klitsu,” alo “lã nyadri.” Togbɔ be míate ŋu ato mɔ aɖeke dzi anya lã si ƒomevi tututu ƒumelã gã ma nye o hã la, wogblɔ be agblolui aɖewo le Mediterranea Ƒua me siwo lolo ale gbegbe be woate ŋu ami ame blibo. Agblolui siwo lolo sãsãsã wu emawo la le teƒe bubuwo; eye wo dometɔ siwo woyɔna be bosogblolui la ƒe didime ate ŋu ade meta 15, alo awu nenema kura gɔ̃ hã!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ðikelawo Tsɔ Nya Ðe Yona Ƒe Agbalẽa Ŋu

▪ Ðe nudzɔdzɔ siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia gbalẽ si nye Yona me la dzɔ ŋutɔŋutɔa? Tso keke blema kee amewo tsɔa nya ɖe agbalẽ sia ŋu. Amewo gblɔna zi geɖe le míaƒe ŋkeke siawo siwo me Biblia me nyawo ŋuti ɖikeke xɔ aƒe ɖo me la be glitoto, nyakpakpa, alo xotutuwo koe agbalẽ sia me nyawo nye. Nuŋlɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me ka nya ta tso ale si subɔsubɔhakplɔla aɖe ɖe Yona kple ƒumelã gã la ƒe ŋutinya gɔme ŋu. Subɔsubɔhakplɔla ma gblɔ be nyakpakpa manyatalenu aɖee ŋutinya ma nye eye wòɖe egɔme ale: Yona yi ɖadze amedzrodzeƒe aɖe si ŋkɔe nye Boso La Ƒe Dzesi, le Yopa. Esi ga menɔ esi wòaxe fe na amedzrodzeƒea tɔ o la, enyae. Aleae wòdzɔe be amedzrodzeƒe si nye boso la “xɔ” Yona “heva dzɔe ɖe gota” emegbee nye esi. Edze abe Biblia ŋuti ɖikelawo ɖoe kplikpaa be yewoami Yona wu ale si ƒumelã gã la wɔe ene!

Nu ka tae amewo hea nya ɖe Biblia gbalẽ sia ŋu alea gbegbe ɖo? Esi nu siwo ŋu wòƒo nu tsoe nye nukunuwo tae. Edze abe nukpɔsusu kpaɖi si nɔa ɖikela geɖewo si ku ɖe nukunuwo ŋue nye be, ‘Nu mawo tɔgbi mate ŋu adzɔ o,’ ene. Gake le nyateƒe me la, ɖe nukpɔsusu ma sɔa? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mexɔ nyagbe gbãtɔ si wotsɔ ʋu Biblia nui la dzi sea?’ Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (1 Mose 1:1) Le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe siwo bua nu ŋu la lɔ̃ ɖe nyateƒenya bɔbɔe sia dzi nunyatɔe. Ke hã, le mɔ aɖe nu la, nu si ŋu woƒo nu tsoe le nyagbe ma ɖeɖe dzaa me la ƒo nukunu siwo katã ŋu wova ƒo nu tsoe emegbe le Biblia me la ta sãsãsã.

Bu esia ŋu kpɔ: Nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yona ƒe agbalẽa me dometɔ kae awu wɔwɔ na Ame si wɔ dziƒowo kple nu gbagbe wɔnuku siwo katã le anyigba dzi la? Ahom wɔwɔ yea? Nana be ƒumelã gã aɖe nami ame yea? Alo be wòana ƒumelã ma ke nava dzɔ amea ɖe gota yea? Nu siawo wɔwɔ masesẽ na Ame si si ŋusẽ si seɖoƒe meli na o le la kura o.—Yesaya 40:26.

Nu wɔnukuwo tea ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi Mawu ƒe asi manɔmee gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be le ƒe 1758 me la, tɔdziʋukula aɖe ɖiɖi tso meli aɖe me hege dze Mediterranea Ƒua me, eye agblolui gã aɖe mii. Ke hã, woda aprimtu agblolui la. Esi tua lɔ agbloluia la, etu tɔdziʋukulaa, eye wokɔe agbagbe yi ɖada ɖe dedienɔƒe aɖe, eye nu vevi boo aɖeke mewɔe o. Ne nya ma nye nyateƒe la, míate ŋu abu ŋutinya ma be eɖe dzesi ŋutɔ, kura gɔ̃ hã be ewɔ nuku—gake míagblɔ be nukunu ye wònye o. Ðe Mawu mate ŋu azã eƒe ŋusẽ awɔ nu si de ŋgɔ wu esia sãsãsã oa?

Ðikelawo tea tɔ ɖe edzi hã be ame aɖeke mate ŋu anɔ ƒumelã ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ evɔ gbɔgbɔtsixe matsi eƒo wòaku o. Ke hã, amegbetɔwo dze aɖaŋu ale gbegbe be wote ŋu wɔ go siwo me wodea ya si wogbɔna ɖo, eye wozãnɛ tsɔ gbɔna le tsi gɔme hena gaƒoƒo geɖewo. Ðe Mawu mate ŋu azã eƒe ŋusẽ kple nunya triakɔ si seɖoƒe meli na o la atsɔ ana be Yona nayi edzi anɔ agbe ahanɔ gbɔgbɔm hena ŋkeke etɔ̃ oa? Abe ale si Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Maria si nye Yesu dada ɣeaɖeɣi kpɔ ene la, “Mawu magblɔ nya aɖeke wòado kpo emevava o.”—Luka 1:37.

Nu bubu ka hãe ɖo kpe edzi be Yona ƒe agbalẽa me nyawo nye ŋutinya vavã? Yona gblɔ nya aɖewo tso tɔdziʋua kple ale si ekulawo wɔ nui la ŋu, eye nya siwo wògblɔ la le eteƒe hã. Yona 1:5 gblɔ be ʋukulaawo tsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒua me bene ʋua nazu wodzoe. Blema ŋutinyaŋlɔlawo kple rabiwo ƒe se gɔ̃ hã ɖee fia be wowɔa nu sia zi geɖe ne ahom tu le atsiaƒu dzi. Ale si Yona ɖɔ Niniwe emegbe hã wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu ŋutinyaŋlɔlawo kple blematomenukulawo va ke ɖo. Gake ƒo wo katã ta la, Yesu Kristo gblɔ be ŋkeke etɔ̃ siwo Yona tsɔ nɔ ƒumelã gã la ƒe dɔ me la nye nyagblɔɖi si ku ɖe ale si ye ŋutɔ ava nɔ yɔdo me ɣemaɣi la ŋu. (Mateo 12:38-40) Yesu ƒe ɖaseɖiɖia ɖo kpe Yona ƒe ŋutinya la ƒe nyateƒenyenye dzi.

“Mawu magblɔ nya aɖeke wòado kpo emevava o.”—LUKA 1:37

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tɔdziʋukulawo kɔ Yona ƒu gbe ɖe atsiaƒua me abe ale si eya ŋutɔ bia tso wo si be woawɔe ene