Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ku Ðe Ameƒomea Ƒe Etsɔme Ŋu

Ku Ðe Ameƒomea Ƒe Etsɔme Ŋu

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Ku Ðe Ameƒomea Ƒe Etsɔme Ŋu

Ðe Yesu do agbenɔnɔ le dziƒo ŋugbea?

Ɛ̃, nenemae! Wofɔ Yesu ŋutɔ ɖe tsitre, eye wòyi ɖe Fofoa gbɔ le dziƒo. Gake do ŋgɔ na eƒe ku kple tsitretsitsia la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo be: “Fofonye ƒe aƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.” (Yohanes 14:2) Gake ame ʋɛ aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔ sia asu. Yesu na nyateƒenya sia me kɔ nyuie esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ fiaɖuƒe la ana mi.”—Luka 12:32.

Nu kae “alẽha sue” la awɔ le dziƒo?

Fofo la di be ame ʋɛ siawo nava nye dziɖuɖu aɖe me tɔwo kple Yesu le dziƒo. Aleke míewɔ nya? Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre wòyi dziƒo vɔ megbe la, eɖee fia apostolo Yohanes be nuteƒewɔla aɖewo ‘aɖu fia ɖe anyigba la dzi.’ (Nyaɖeɖefia 1:1; 5:9, 10) Nya nyui aɖee nye ema. Nu siwo ameƒomea hiã vevie la dometɔ ɖekae nye dziɖuɖu nyuitɔ. Nu kawoe Yesu ƒe dziɖuɖu sia awɔ? Yesu gblɔ be: “Le nuwo gbugbɔgawɔ me, ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã miabɔbɔ anɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi.” (Mateo 19:28) Yesu kple eyomedzelawo ƒe dziɖuɖua ‘agbugbɔ’ nɔnɔme deblibo siwo me atsu kple asi gbãtɔa se vivi le le anyigba dzi hafi va wɔ nu vɔ̃ la aɖo anyi.

Mɔkpɔkpɔ kae Yesu tsɔ ɖo ameƒomea me tɔ susɔeawo ŋkume?

Wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe le anyigba dzi, gake wowɔ Yesu ya be wòanɔ agbe le dziƒo. (Psalmo 115:16) Eya ta Yesu gblɔ be: “Miawo mietso anyigba; nye ya metso dzi.” (Yohanes 8:23) Yesu do anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe ƒe ŋugbe na ameƒomea. Egblɔ gbe ɖeka be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5) Enɔ susu hem yi psalmo si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la me nya siawo dzi be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:11, 29.

Eya ta menye “alẽha sue” siwo le dziƒo yi ge la ɖeɖe koe akpɔ agbe mavɔ o. Yesu ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ si li na ameƒomea me tɔ miliɔn geɖewo la hã ŋu. Egblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Aleke Mawu aɖe ameƒomea tso fukpekpe mee?

Yesu ƒo nu tso ɖeɖekpɔkpɔ tso ameteteɖeanyitsoƒe ƒomevi eve aɖewo me ŋu esi wògblɔ be: “Ʋɔnudɔdrɔ̃ xexe sia ɖo azɔ; azɔ woanya xexe sia dzi ɖula la ɖa.” (Yohanes 12:31) Gbã la, woadrɔ̃ ʋɔnu mawumavɔ̃la siwo hea fukpekpe vɛ la ahatsrɔ̃ wo. Evelia, woaɖe Satana ɖa eye magable amewo azɔ o.

Ke ame siwo nɔ agbe le ŋutinya me, eye woku, evɔ mɔnukpɔkpɔ mesu wo si wosrɔ̃ nu tso Mawu kple Kristo ŋu hexɔ wo dzi se o ya ɖe? Yesu gblɔ na nu vɔ̃ wɔla aɖe si nɔ kukum le exa la be: “Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Mɔnukpɔkpɔ ava su ame sia kple ame miliɔn bubu geɖewo si woava srɔ̃ nu tso Mawu ŋu ne Yesu va fɔ wo ɖe tsitre le paradisonyigba dzi. Esia aʋu mɔ ɖi na wo be woanɔ ame fafa siwo le dzɔdzɔe, siwo akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi la dome.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?ƒe ta 3 kple 7 lia hena numeɖeɖe bubuwo *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”​—Psalm 37:29