Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Subɔsubɔhawo Dzi Le Aʋawɔnyawo Mea?

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Subɔsubɔhawo Dzi Le Aʋawɔnyawo Mea?

Alberto wɔ asrafodɔ abe ƒe ewo sɔŋ ene. Egblɔ be: “Míaƒe asrafohaa ƒe osɔfo yraa mí gblɔna be ‘Mawu li kpli mi.’ Gake nya sia ɖea fu nam megblɔna be: ‘Wole yrayem be mayi aɖawu ame, evɔ Biblia de se be, “Mègawu ame o.”’”

Ray nye ƒudzisrafo aɖe si kpɔ gome le Xexemeʋa II me. Gbe ɖeka ebia woƒe asrafohaa ƒe osɔfo be: “Èva doa gbe ɖa ɖe mía ta le melia me be míaɖu dzi le aʋaa me. Gake ɖe ame siwo míawɔ aʋaa kplii hã ƒe osɔfo mele gbe do ge ɖa ɖe wo ta oa?” Osɔfoa ɖo eŋu be ame aɖeke mate ŋu ase Aƒetɔa ƒe mɔwo gɔme o.

Ne osɔfoa ƒe nya sia te ɖe dziwò la, nyae be menye wò ɖeka koe o.

NU KAE BIBLIA FIA TSO NYA SIA ŊU?

Yesu gblɔ be Mawu ƒe sedede vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be “nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Marko 12:31) Ðe Yesu ƒe nyawo fia be afi si ame aɖe le, alo dukɔ si me wòtso dzie míanɔ te ɖo alɔ̃ea? Ao. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) Woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo aɖe dzesi ale gbegbe be azu nɔnɔme si koŋ amewo anya na wo. Woalɔ̃ faa atsɔ woƒe agbe ana ɖe wo nɔviwo ta, ke menye be woaɖe woƒe agbe ɖa o.

Kristotɔ gbãtɔwo nɔ agbe ɖe Yesu ƒe sededea nu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Sɔlemeha Fofo gbãtɔwo, abe Tertullian kple Origen ene, ɖo kpe edzi be esi Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe sedede si nye be woagawu ame o dzi tae womekpɔ gome le Roma dziɖuɖua ƒe asrafodɔ me o.”—The Encyclopedia of Religion.

ALEKE YEHOWA ÐASEFOWO WƆA NU LE GO SIA ME?

Yehowa Ðasefowo le xexea ƒe akpa ɖe sia ɖe kloe, eye wo dometɔ aɖewo le dukɔ vovovo siwo le aʋa wɔm kple wo nɔewo la me. Ke hã, wodzea agbagba lɔ̃a wo nɔewo eye amewo nya esia na wo nyuie.

Ðe subɔsubɔhakplɔlawo fiaa woƒe hameviwo be woaɖe lɔlɔ̃ akuakua afia wo haviwoa?

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 me esi Hututɔwo ho aʋa ɖe Tutsitɔwo ŋu le Rwanda la, Yehowa Ðasefowo ya mede akpa aɖeke dzi o. Ðasefo Hututɔwo tsɔa woƒe agbe dea afɔku me ɣlaa wo nɔvi Tutsitɔwo be woagawu wo o. Esi amewulaawo lé Ðasefo Hututɔ eve aɖewo siwo tsɔ wo nɔvi Tutsitɔwo ɣla la, wogblɔ na wo be, “Míawu mi le esi mietsɔ Tutsitɔ siawo ɣla ta.” Nublanuitɔe la, wowu Ðasefo Hututɔ eve siawo nyateƒe.—Yohanes 15:13.

Aleke nèkpɔe, ɖe Yehowa ɖasefowo ƒe nuwɔna wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ be míalɔ̃ mía havi ahalɔ̃ faa aku ɖe eta?