Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NE MÍEKU KO EVƆA

Kukuawo Agagbɔ Agbe!

Kukuawo Agagbɔ Agbe!

Betania nye kɔƒe sue aɖe si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa 3. (Yohanes 11:18) Nublanuinya aɖe dzɔ le afi ma kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku. Lazaro, si nye exɔlɔ̃ veviwo dometɔ ɖeka la dze dɔ sesẽ aɖe heku kpata.

Esi Yesu se nyaa la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be Lazaro le alɔ̃ dɔm eye yedi be yeayi aɖanyɔe. (Yohanes 11:11) Gake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nya si gblɔm wònɔ la gɔme o, eya ta Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ be: “Lazaro ku.”—Yohanes 11:14.

Esi woɖi Lazaro eye Yesu va ɖo Betania le ŋkeke eneagbe la, edi Lazaro nɔvinyɔnu Marta be yeafa akɔ nɛ. Marta gblɔ nɛ be: “Ne ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” (Yohanes 11:17, 21) Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, agagbɔ agbe.’—Yohanes 11:25.

“Lazaro lee, do va!”

Esi Yesu di be yeaɖee afia be nya si yegblɔ la menye ŋugbedodo ƒuƒlu o la, ete ɖe yɔdo la ŋu eye wòdo ɣli be: “Lazaro lee, do va!” (Yohanes 11:43) Ewɔ nuku na ame siwo katã nɔ afi ma la be wokpɔe ame si ku la fɔ do go.

Ne mede ɖeke o la, Yesu fɔ ame eve ya teti ɖe tsitre do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia. Ɣeaɖeɣi la, efɔ Yairo ƒe vi nyɔnuvi la tso ku me. Do ŋgɔ teti hafi Yesu nafɔe ɖe tsitre la, egblɔ be alɔ̃ dɔm wònɔ.—Luka 8:52.

De dzesii be esi Lazaro kple Yairo vinyɔnuvia siaa ku la, Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye ema Yesu wɔ tsɔ ɖɔ kui. Nu ka tae? Ne ame le alɔ̃ dɔm la, meganyaa naneke o, eya ta esɔ nyuie be wotsɔe sɔ kple ɖiɖiɖeme tso vevesese kple fukpekpe si me. (Nyagblɔla 9:5; kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye,  “Ku Le Abe Alɔ̃dɔdɔ Ayi Eme Ʋĩi Ene.”) Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo se nɔnɔme si me ame kukuwo le la gɔme nyuie. Mawusubɔsubɔ  ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Yesu yomedzelawo bua ku abe alɔ̃dɔdɔ ene, eye wobua yɔdo be enye gbɔɖemeƒe . . . na ame siwo ku le xɔse me.” *Encyclopedia of Religion and Ethics.

Efaa akɔ na mí be míanyae be ame kukuwo le alɔ̃ dɔm le yɔdo me eye womele fu kpem o. Azɔ míenya nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku eye mehiã be ku nagadzi ŋɔ na mí o.

“NE ŊUTSU KU LA, ÐE WÒGAGBƆA AGBEA?”

Gake togbɔ be edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne míedɔ alɔ̃ nyuie le zã me hã la, mía dometɔ kae adi be yeanɔ alɔ̃ me tegbee? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be ame siwo ku hele alɔ̃ dɔm le yɔ me la nagagbɔ agbe abe ale si wònɔ le Lazaro kple Yairo vinyɔnua gome enea?

Blemafofo Hiob bia nya ma tututu esime wòkpɔe be yele kuku ge. Ebia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?”—Hiob 14:14.

Esi Hiob nɔ nu ƒom na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eya ŋutɔ ɖo nya si wòbia la ŋu esi wògblɔ be: “Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:15) Hiob ka ɖe edzi be ne yeku la, Yehowa adi vevie be yeafɔ ye si nye esubɔla wɔnuteƒe la ɖe tsitre gbe ɖeka. Mɔkpɔkpɔ gbɔloe wònye nɔ Hiob sia? Menye nenemae kura o.

Esi Yesu fɔ amewo ɖe tsitre ta la, esia ɖo kpe edzi be Mawu na ŋusẽ Yesu be wòaɖu ku dzi. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be ‘ku ƒe safuiwo’ le Yesu si me fifia. (Nyaɖeɖefia 1:18) Eya ta Yesu aʋu tsiẽƒe ƒe agbowo, abe ale si ko wògblɔ be woamli kpea ɖa le Lazaro ƒe yɔdoa nu ene.

Biblia ƒo nu tso tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo sia ŋu zi gbɔ zi geɖe. Mawudɔla aɖe gblɔ kakaɖedzinya sia na Daniel be: “Gbɔ ɖe eme, eye nàfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu nàxɔ wò gome.” (Daniel 12:13) Yesu gblɔ na Zadukitɔwo, siwo nye Yudatɔwo ƒe kplɔla siwo mexɔ tsitretsitsi ƒe ŋugbedodoa dzi se o la be: “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o.” (Mateo 22:23, 29) Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me . . . be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

ƔEKAƔIE KUKUAWO AFƆ?

Ɣekaɣie woafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔawo siaa ɖe tsitre? Mawudɔlaa gblɔ na ame dzɔdzɔe Daniel be afɔ le “ŋkekeawo ƒe nuwuwu.” Marta hã xɔe se be ye nɔviŋutsu Lazaro “atsi tsitre le tsitretsitsi la me le ŋkeke mamlɛa dzi.”—Yohanes 11:24.

Biblia na míenya be Kristo ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɣia ye nye ‘ŋkeke mamlɛ’ si Marta wɔnɛ. Paulo ŋlɔ bena: “Ele be [Kristo naɖu] fia va se ɖe esime Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.” (1 Korintotɔwo 15:25, 26) Esia nye susu vevi si tae wòle be míado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi ɖo. *

Abe ale si Hiob nyae nyuie ene la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be yeafɔ kukuawo ɖe tsitre. Ne ŋkeke ma va ɖo la, woaɖe ku ɖa tegbee. Eye magahiã gbeɖe be ame aɖe nabia be, ‘Ne míeku ko evɔa?’ o.

^ mm. 8 Yevugbe me nya si nye “cemetery” (cimetière) la tso Helagbe me nya si gɔmee nye “alɔ̃dɔƒe” la me.

^ mm. 18 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.