Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | YESU LE AMEWO ÐEM—TSO NU KA ME?

Nu Si Tae Wòhiã Be Woaɖe Mí

Nu Si Tae Wòhiã Be Woaɖe Mí

“Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.”—Hiob 14:1, 2.

Tso keke blema ke la, amewo dina be yewoanɔ agbe le lãmesẽ me ahakpɔtɔ anye ɖekakpui kple ɖetugbui tegbee, elabena wokpɔnɛ be anyo ŋutɔ. Gake ewɔ nublanui be amegbetɔwo kuna. Hiob ƒe nya si dze le etame la gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, togbɔ be ƒe akpe etɔ̃ kple edzivɔwoe nye esia wògblɔ nya ma hã.

Ame aɖeke medina be yeaku o. Biblia gblɔ na mí be esi Mawu wɔ mí la, ede agbenɔnɔ tegbee ƒe didi mía me, eye míedina be míanya nu si tututu wònye. (Nyagblɔla 3:11) Esi wòle alea ta la, ɖe nèsusu be Mawu si lɔ̃ mí la ade didi aɖe mía me eye maɖe mɔ be didi ma nava eme na mí oa? Ne èɖo eŋu be ao la, ekema èɖo eŋu nyuie. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be futɔe ku nye, eye edo ŋugbe be ‘woava ɖee ɖa’ kura.—1 Korintotɔwo 15:26.

Mewɔ nuku o be futɔe ku nye vavã. Ame nɔŋute aɖeke madi be yeaku o. Ne míekpɔ afɔku gbɔna la, míedea axa nɛ, míeɣlana alo sina. Ne míedze dɔ la, míetoa mɔ vovovowo dzi be míaƒe lãme nasẽ. Míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míaƒo asa na nu sia nu si ahe ku vɛ na mí.

Ðe susu aɖe li si tae míaxɔe ase be wole futɔ si nye ku, si li tso blema ke la, ɖe ge ɖa? Ɛ̃, susu aɖe li si tae míate ŋu axɔe ase ɖo. Menye ɖe Yehowa Mawu, mía Wɔla la, wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe ƒe ʋɛ aɖewo ko ahaku o. Meɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo naku o. Ke boŋ ɖe wòɖoe be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, eye nu sia nu si Mawu ɖo la, ewɔnɛ godoo.—Yesaya 55:11.

Gake, aleke tututue wole ku ɖe ge ɖae? Tso blema ke la, amewo dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoagaku o, gake wokuna godoo. Ke hã, amewo gakpɔtɔ le agbagbadzedzea dzi ko. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to atike vovovowo vɛ be yewoatsɔ axe mɔ na dɔlélewo alo atsɔ ada dɔ aɖewo. Wowɔ numekuku tsitotsito tso nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ŋu. Le teƒe geɖewo la, amewo nɔa agbe didi wu ale si wònɔ le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me. Ke hã ku gakpɔtɔ le nu gblẽm kokoko. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, ‘wo katã wogatrɔna zua anyi.’—Nyagblɔla 3:20.

Nya nyui lae nye be mehiã be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe nunya ŋu o. Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo xoxoxo be woaɖe mí tso ku si me, eye ame si koŋ dzi wòato awɔ esiae nye Yesu Kristo.