Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

EXLẼLAWO BIA BE . . .

Nu Kae Gblẽ Le Kristmas-kɔnuwo Ŋu?

Nu Kae Gblẽ Le Kristmas-kɔnuwo Ŋu?

Amewo gblɔna be Yesu ƒe dzigbezãe Kristmas si Kristotɔwo ɖuna tso ɣeaɖeɣi ke la nye. Gake kɔnu siwo wowɔna le azã sia ɖuɣi la nana míebiana be, aleke wòdzɔe be wova tsɔ kɔnu mawo do ƒome kple Yesu ƒe dzigbe kura ya?

Gbã la, míaƒo nu tso glimeme si woyɔna be Santa Claus (si wogayɔna be Fada Kristmas alo Papa Noël) ŋu. Eyae nye ŋutsu si ɖo ge si fu hele wuya, si ƒe alɔgo le butuu eye wòdoa awu dzĩ la. Dziehe Amerika ƒe ahaɖaƒe aɖe ye toe vɛ tsɔ do boblo Kristmas le ƒe 1931 me eye wòkpɔ dzidzedze ŋutɔ. Le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me la, Braziltɔwo dze agbagba be yewoatsɔ glimeme bubu si woto vɛ le woƒe dukɔa me, si woyɔ be Grandpa Indian (Papa India) xɔŋkɔ la atsɔ aɖɔ li Fada Kristmas lae. Nu kae do tso eme? Le Nufialagã Carlos E. Fantinati ƒe nya nu la, menye ɖeko Fada Kristmas la de du heƒo Papa India la ta ko evɔ o, ke “ede du wu Yesu ɖevi la hã, eye wòva zu nu si koŋ wotsɔ dea dzesi December 25 ƒe azã la.” Gake Fada Kristmas alo Papa Noël si nye glimeme la ta koe nya ku ɖe Kristmas ŋua? Na míatrɔ ayi Kristo hamea ƒe gɔmedzedze ke ne míakpɔ ŋuɖoɖoa.

Britaintɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me la, Kristotɔwo tsi tsitre ɖe xɔsetakulawo kple Yesu siaa ƒe dzigbezã ɖuɖu ŋu vevie.” (Encyclopedia Britannica) Nu ka tae? Nu si tae nye be Kristotɔwo bua dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si wòle be yewoatsri keŋkeŋ. Gakpe ɖe eŋu la, womeyɔ Yesu ƒe dzigbeŋkeke le Biblia ƒe afi aɖeke o.

Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo tsi tsitre ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si nye dzigbezãɖuɖu ŋu vevie hã la, Katoliko-haa va ɖo Kristmasɖuɖu anyi le ƒe alafa enelia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me. Esi sɔlemeha la di be yewoaxɔ ŋkɔ ta la, wodi be yewoaɖe nu vevi siwo nɔ mɔ xem na yewo la dometɔ ɖeka, si nye Romatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo kple woƒe azã siwo de du, siwo woɖuna le vuvɔŋɔli la ɖa. Agbalẽ si nye Amerikatɔwo Ƒe Kristmasɖuɖu, si aƒetɔ Penne L. Restad ŋlɔ la gblɔ be, ƒe sia ƒe tso December 17 lia dzi ʋuu va ɖo January 1 dzi la, “Romatɔwo dometɔ akpa gãtɔ nɔa nuɖuɖu kple nunono, fefewɔwɔ, aglotutu siwo gbɔ eme, kple gbɔlɔlɔ dzi, eye wokpɔa gome le azã bubuwo hã ɖuɖu me ne wole bubu dem woƒe trɔ̃wo ŋu.” Eye le December 25 lia dzi la, Romatɔwo ɖua Ɣe Si Dzi Womete Ŋu Ðuna O ƒe dzigbe. Esi sɔlemehaa ɖo Kristmasɖuɖu anyi ɖe ŋkeke ma dzi la, eto esia me ble Romatɔ geɖewo nu wova nɔ Yesu ƒe dzigbezã ɖum ɖe ɣe ƒe dzigbezãɖuɖu teƒe. Aƒetɔ Gerry Bowler ƒe agbalẽ si ƒo nu tso Fada Kristmas ŋu la gblɔ be Romatɔwo “gakpɔtɔ nɔ gome kpɔm le dzidzɔdonamenu siwo wowɔna le azã siwo woɖuna le vuvɔŋɔli ƒe domedome la ŋu.” (Santa Claus, a Biography) Le nyateƒe me la, “wogakpɔtɔ ɖua azã yeyeawo abe ale si woɖua azã xoxoawo ene.”

Eya ta eme kɔ ƒãa be nu si na nya ku ɖe Kristmasɖuɖu ŋu la koŋue nye be trɔ̃subɔsubɔ si nye ŋunyɔnu la mee wòdzɔ tso. Aƒetɔ Stephen Nissenbaum ƒe agbalẽ si ƒo nu tso Kristmas ƒe ŋutinya ŋu tso eƒe gɔmedzedzea ke la gblɔ be Kristmas “menye nu bubu aɖeke tsɔ wu trɔ̃subɔlawo ƒe azã si dzi woda ŋkɔ ɖo be enye Kristotɔwo ƒe azã o.” (The Battle for Christmas) Eya ta Kristmas-kɔnuwo medea bubu Mawu kple Via, Yesu Kristo, ŋu o. Nu tsɛ aɖe koe nya sia nyea? Biblia bia be: “Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ɖekawɔwɔ kae le kekeli kple viviti dome?” (2 Korintotɔwo 6:14) Abe ale si ko womate ŋu adzɔ ati si glɔ̃ hetro o ene la, nenema kee Kristmas-kɔnuwo hã tro ale gbegbe be “womate ŋu adzɔe o.”—Nyagblɔla 1:15.