Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | Enok

“Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”

“Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”

ENOK nɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe. Asesẽ be míase egɔme gake enɔ agbe ƒe 365, ƒe ma sɔ gbɔ wu ame ene siwo nɔ agbe didi egbea ƒe agbenɔƒewo! Gake menye ɖe wòtsi nenema gbegbe le eŋɔli o. Ɣemaɣi, anye ƒe 5,000 enye esi va yi la, amewo nɔa agbe didi wu ale si amewo nɔa agbee egbea. Ame gbãtɔ Adam, nɔ agbe ƒe alafa ade aɖewo xoxo hafi wodzi Enok, eye Adam gayi edzi nɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ kpee! Adam ƒe dzidzimevi aɖewo nɔ agbe wòdidi wu ema gɔ̃ hã. Eya ta esi Enok xɔ ƒe 365 la, anɔ eme be ŋusẽ ganɔ eŋu abe ame si agate ŋu anɔ agbe didi ene. Gake meva eme nenema o.

Anɔ eme be Enok ɖo nɔnɔme dziŋɔ aɖe me. Kpɔe ɖa le susu me be eyae ma si dzo yina, eye ele ŋku ɖom ale si ame siwo wògblɔ Mawu ƒe gbedeasia na wɔ nui la dzi. Adã le mo na wo. Wolé fui kaɖikaɖi. Woɖu fewu le eƒe nyawo ŋu eye wodo vlo Mawu si dɔe la. Womate ŋu ahe nya kple Enok ƒe Mawu, Yehowa o, gake woate ŋu ahe nya kple Enok ya! Ðewohĩ Enok menya ne yeagakpɔ yeƒe ƒomea o. Ðe wòanya nɔ srɔ̃a, vianyɔnuwo kple viaŋutsu Metusala, alo tɔgbuiyɔvia Lamek ŋu buma? (1 Mose 5:21-23, 25) Ðe wòvɔ nɛ nye ema?

Biblia meƒo nu tso Enok ŋu boo na mí o. Teƒe etɔ̃ koe woƒo nu tso eŋu tsitotsito kpuie le le Biblia me. (1 Mose 5:21-24; Hebritɔwo 11:5; Yuda 14, 15) Ke hã, kpukpui mawo na ŋutsu sia si si xɔse sesẽ le la ƒe nu tsi susu me na mí. Ðe nèle ƒome dzi kpɔma? Ðe wòsẽ na wò be nàtɔ afɔ to ɖe nu si nènya be enye nyuitɔ wɔwɔ ŋu kpɔa? Ne nenemae la, ke àsrɔ̃ nu vevi aɖewo tso xɔse si nɔ Enok si la me.

“ENOK YI EDZI ZƆ KPLE MAWU VAVÃ LA”

Amewo nɔ nu vlo geɖe wɔm esime wodzi Enok. Eyae nye dzidzime adrelia tso Adam dzi. Ɣemaɣi la amegbetɔwo medidi boo tso blibodede si me Adam kple Xawa nɔ si va ge le wo si la gbɔ o. Ema tae amewo nɔa agbe didi ɣemaɣi. Gake wonɔa agbe vloe eye womevɔ̃a Mawu o. Ŋutasesẽ xɔ anyinɔ. Esia dze egɔme tso dzidzime evelia dzi, esime Kain wu nɔvia Abel. Anɔ eme be Kain ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka dana eye wòsẽa ŋuta hebiaa hlɔ̃ wu Kain gɔ̃ hã! Le dzidzime etɔ̃lia me la, nu vɔ̃ɖi bubu gado ta ɖa. Amewo dze Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ, gake menye kple susu be yewoasubɔe o. Anye be wonɔ Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea zãm tsɔ gblɔa busunya alo zãnɛ amemabumabutɔe.—1 Mose 4:8, 23-26.

Ðewohĩ alakpasubɔsubɔ sia bɔ ŋutɔ le Enok ƒe ŋkekea me. Esi Enok nɔ tsitsim la, eva hiã be wòatso nya me. Ðe wòade eŋɔlimetɔwo ƒe nuwɔnawo dzia? Alo ɖe wòadi Mawu vavã, Yehowa, si wɔ dziƒo kple anyigbaa? Anya di vevie be yeasrɔ̃ nu tso Abel, si ku ɖe eƒe xɔse ta la ŋu, elabena esubɔ Yehowa le mɔ si dze eŋu la nu. Enok ɖoe be yeawɔ nu ma tututu. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 5:22 gblɔ na mí be: “Enok yi edzi zɔ kple Mawu vavã la.” Nya wɔdɔɖeamedzi mawo na míekpɔe be Enok nye mawuvɔ̃la si to vovo na ame mavɔ̃mawu siwo dome wònɔ. Eyae nye ame gbãtɔ si ŋu nya Biblia gblɔ le mɔ sia nu.

Mawunyakpukpui ma ke gblɔ be Enok yi edzi zɔ kple Yehowa esime wòdzi Metusala vɔ megbe gɔ̃ hã. Eya ta míekpɔe be ƒome ƒe tae Enok nye esime wòxɔ abe ƒe 65 ene. Eɖe srɔ̃ gake womeyɔ srɔ̃a ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me o, eye womeyɔ ‘viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo’ ƒe xexlẽme hã o. Ne vifofo aɖe azɔ kple Mawu evɔ ele be wòahe viawo ahakpɔ eƒe ƒomea dzi la, ke ele be wòadze agbagba awɔe le Mawu ƒe mɔwo dzi. Enok nya be Yehowa di tso ye si be yeaku ɖe ye srɔ̃ ŋu goŋgoŋ. (1 Mose 2:24) Eye ewɔ etɔ sinua fia Yehowa Mawu ƒe mɔwo viawo. Nu kae do tso eme?

Biblia megblɔ nya fũu aɖeke tso esia ŋu o. Megblɔ naneke tso Enok vi Metusala ƒe xɔse ŋu o. Eyae nye ame si nɔ agbe didi wu, si ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me eye wòku le ƒe si me Tsiɖɔɖɔ gãa va la me. Ke hã Metusala dzi ŋutsuvi aɖe si ŋkɔe nye Lamek. Lamek va tso tɔgbuia Enok ɖo wu ƒe alafa ɖeka sɔŋ. Esi Lamek tsi la, eɖe xɔse sesẽ aɖe fia. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ nya ɖi tso Noa, si nye Lamek vi la ŋu eye nyagblɔɖi sia va eme le Tsiɖɔɖɔa megbe. Abe tɔgbuitɔgbuia Enok ene la, Noa hã to vovo na ame siwo dome wònɔ, ezɔ kple Mawu. Noa metso Enok ɖo o. Gake Enok ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Anɔ eme be Noa srɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu ma ŋu tso fofoa Lamek gbɔ loo alo tso tɔgbuia Metusala gbɔ loo alo ɖewohĩ tso Enok fofo Yared, si ku esi Noa xɔ ƒe 366 la gbɔ.—1 Mose 5:25-29; 6:9; 9:1.

Bu vovototo si le Enok kple Adam dome ŋu kpɔ. Togbɔ be Adam de blibo hã la, ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye aglãdzedze kple tɔtɔ ye nye nu si wògblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwo. Gake togbɔ be Enok ya mede blibo o hã, ezɔ kple Mawu eye woɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖi na eƒe dzidzimeviwo. Adam ku esime Enok xɔ ƒe 308. Ðe Adam si nye ɖokuitɔdila gãtɔ ƒe ƒomea xa nu le eƒe ku ta? Míenya ya o. Aleke kee wòɖale o, Enok “yi edzi zɔ kple Mawu vavã la.”—1 Mose 5:24.

Ne èle ƒome dzi kpɔm la, bu nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso Enok ƒe xɔse ŋu kpɔ. Ele vevie be nàkpɔ wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ya, gake nu siwo ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu le vevie wu nu bubu ɖe sia ɖe. (1 Timoteo 5:8) Menye nya siwo nàgblɔ dzi koe nàto awɔ esia o, ke to wò nuwɔnawo hã me. Ne èzɔ kple Mawu abe Enok ene, eye nèɖe mɔ Mawu fia mɔ wò le agbe me la, wò hã àɖo kpɔɖeŋu vavã aɖe ɖi na wò ƒomea be woasrɔ̃.

ENOK “GBLƆ NYA ÐI TSO WO ŊU”

Enok si si xɔse le la anya tsi akogo le xɔsemanɔmesitɔ mawo dome. Gake ɖe Yehowa eƒe Mawu la de dzesia? Ɛ̃. Gbe ɖeka la, Yehowa ƒo nu kple esubɔla wɔnuteƒe sia. Mawu dɔ Enok be wòagblɔ gbedeasi aɖe na eŋɔlimetɔwo. Eya ta eɖo Enok nyagblɔɖilae. Enok ye nye ame gbãtɔ si ƒe gbedeasi woŋlɔ ɖe Biblia me. Míenya esia elabe gbɔgbɔ ʋa Yesu nɔvi Yuda wòŋlɔ Enok ƒe nyagblɔɖia me nyawo ɖi ƒe alafa geɖe megbe. *

Nya kae Enok gblɔ ɖi? Nyagblɔɖia gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Yehowa va kple eƒe ame kɔkɔe akpeakpewo, be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye yeabu fɔ ame mavɔ̃mawuwo katã le woƒe mawumavɔmavɔ̃nu siwo wowɔ le mawumavɔmavɔ̃ me, kple nya baɖa siwo katã nu vɔ̃ wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ tso eŋu la ta.” (Yuda 14, 15) Gbã la àde dzesii be Enok gblɔ nyaa wòdze abe ɖe nua dzɔ va yi ene, abe ɖe Mawu wɔ nu si nyagblɔɖia gblɔ xoxo ene. Nyagblɔɖi geɖewo hã to mɔ ma ke. Susua katã koe nye be: Nyagblɔɖilaa le nu ƒom tso nane si ava eme godoo la ŋu si na be woate ŋu aɖɔe abe ɖe wòva eme xoxo ene!—Yesaya 46:10.

Enok gblɔ Mawu ƒe gbedeasi na ame siwo tsi tre ɖe eŋu vɔvɔ̃manɔmee

Aleke Enok wɔ hafi ɖe gbeƒã nya ma ɖewohĩ na ame siwo katã di be yewoaɖo toe? De dzesi kpekpeme si nɔ nuxlɔ̃amea ŋu, zi ene sɔŋ nyagblɔɖia zã nya ‘mawumavɔmavɔ̃’ tsɔ ka mo na ameawo eye wòhe nya ɖe woƒe nuwɔnawo ŋu. Nyagblɔɖia xlɔ̃ nu amewo katã be woƒe nuwɔna le xexea me tso esime wonya amegbetɔ le Eden la gblẽ ɖe edzi kura. Vɔ̃ gã aɖe adzɔ ɖe xexe sia dzi ne Yehowa kple eƒe “dɔla kɔkɔe akpeakpewo” va be yewoatsrɔ̃e. Enok ɖeɖee gblɔ Mawu ƒe gbedeasi ma vɔvɔ̃manɔmee! Anye be Lamek kpɔ tɔgbuia ƒe dzinɔameƒoa eye wòwɔ nuku nɛ. Ne nenemae la, ke míate ŋu ase nu si tae la gɔme nyuie.

Enok ƒe xɔse aʋa mí míabia mía ɖokuiwo be, ɖe míekpɔa xexe si me míele la abe ale si Mawu kpɔnɛ enea? Ʋɔnudrɔ̃nya siwo Enok gblɔ dzinɔameƒotɔe la gawɔa dɔ kokoko; emenyawo sɔ na egbexexea abe ale si wòsɔ na Enok ŋɔlimetɔwo ene. Yehowa to Tsiɖɔɖɔ gã aɖe dzi tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawu siwo nɔ anyi le Noa ŋɔli wòwɔ ɖeka kple Enok ƒe nuxlɔ̃amea. Gake tsɔtsrɔ̃ ma nye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ gã si le ŋgɔ gbɔna. (Mateo 24:38, 39; 2 Petro 2:4-6) Abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene la, egbea hã Yehowa kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo ava drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexea. Ele be míabu Enok ƒe nuxlɔ̃amea nu vevii eye míaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo hã. Mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo atsi tre ɖe mía ŋu. Esia ana míatsi akogo ɣeaɖewoɣi. Yehowa megblẽ Enok ɖi o, eye magblẽ esubɔla siwo wɔa nuteƒe nɛ egbea hã ɖi o!

“WOKƆ ENOK DZOE, BE WÒAGAKPƆ KU O”

Aleke Enok ƒe agbe wu enui? Ku si ƒomevi wòku la me mekɔ na amewo o eye wòwɔ moyaa wu eƒe agbenɔnɔ gɔ̃ hã. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ kpuie ko be: “Enok yi edzi zɔ kple Mawu vavã la. Ke womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe.” (1 Mose 5:24) Mɔ ka nue Mawu kɔ Enok dzoe le. Apostolo Paulo ɖe eme emegbe be: “Le xɔse me wokɔ Enok dzoe, be wòagakpɔ ku o, eye womegakpɔe le afi aɖeke o, elabena Mawu kɔe dzoe; elabena hafi woakɔe adzoe la, ekpɔ ɖaseɖiɖi be eƒe nu dze Mawu ŋu nyuie.” (Hebritɔwo 11:5) Paulo ƒe nya si wògblɔ be “wokɔ Enok dzoe be wòagakpɔ ku o” gɔme ɖe? Biblia aɖewo gblɔ be Mawu kɔ Enok yi dziƒo. Gake menye nenemae o. Biblia gblɔ be Yesu Kristoe nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo.—Yohanes 3:13.

Ekema mɔ ka nue ‘wokɔ Enok dzoe’ le be “wòagakpɔ ku o”? Anye be Yehowa na Enok ku kpoo, ale be meto fukpekpe me hafi ku o. Gake gbã la, Enok kpɔ “ɖaseɖiɖi be eƒe nu dze Mawu ŋu nyuie.” Le mɔ ka nu? Do ŋgɔ na Enok ƒe ku la, anɔ eme be ɖewohĩ Mawu ɖe ŋutega si me wòkpɔ anyigbadziparadisoa le la fiae. Esi Enok kpɔ ŋutega sia si ɖee fia be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu vɔ la, edɔ alɔ̃ le ku me. Apostolo Paulo ŋlɔ tso ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo ŋu bena: “Le xɔse me ame siawo katã ku.” (Hebritɔwo 11:13) Le Enok ƒe ku megbe la, eƒe futɔwo anya nɔ eƒe kukua dim, gake “womegakpɔe le afi aɖeke o,” ɖewohĩ Yehowa ŋutɔe ɖii ale be woagagblẽ eƒe kukua dome alo azãe le alakpasubɔsubɔ me o. *

Esi Ŋɔŋlɔ mawo le susu me na mí la, na míakpɔ mɔ si nu Enok ƒe agbe anya wu enui le ɖa. De ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ, nenɔ susu me na wò be nu ɖeka aɖe koe Enok ate ŋu awɔ. Enok ye nye ema si dzo yina kple du eye nu te eŋu belibeli. Eyometilawo hã kplɔe ɖo eye dzi le wo kum vevie ɖe eƒe gbedeasia ŋu. Enok di teƒe aɖe be ɖo eye wòɖi ɖe eme vie, gake enya be madidi o woake ɖe ye ŋu. Ekpɔ be ne wolé ye la woawu ye ŋutasesẽtɔe. Esi wònɔ ɖiɖim ɖe eme la, edo gbe ɖa na eƒe Mawu. Enumake ese le eɖokui me be yeƒe susu dze akɔ anyi miɔɔ. Ekpɔ ŋutega aɖe si dze abe ɖe wokɔe dzoe eye wòle teƒe aɖe ŋutɔŋutɔ le ŋutegaa me ene.

Anye ne woawu Enok ŋɔdzitɔe hafi, gake Yehowa kɔe dzoe

Kpɔe ɖa le susu be enɔ xexe aɖe si to vovo sãsãsã na xexe si me wònɔ la kpɔm. Enya kpɔ nɛ abe Eden-bɔ ene, gake kerubiwo menɔ eŋu dzɔm be amewo nagage ɖe eme o. Ŋutsu kple nyɔnu gbogbo aɖewo, siwo nye ɖekakpui kple ɖetugbui sesẽwo le afi ma. Wole ŋutifafa me. Ame aɖeke metiaa wo yome le woƒe Mawu subɔsubɔ ta abe ale si woti Enok yome ene o. Enok kpɔe be Yehowa ka ɖe ye dzi, elɔ̃ ye eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Eka ɖe edzi bliboe be afi siae wòle be yeanɔ, wòanye ye ŋutɔ yeƒe me. Esi Enok ƒe dzi dze eme bɔkɔɔ la, emia ŋku eye vivivi la eyi alɔ̃me ʋĩi drɔ̃e makumakue.

Edɔ alɔ̃ le ku me, eye wòtsi afi ma va se ɖe egbe hele dedie le Yehowa Mawu, si meŋlɔa nu be o la ƒe susu me! Abe ale si Yesu do ŋugbe emegbee ene la, ŋkeke aɖe gbɔna, esime ame siwo katã le Mawu ƒe susu me la ase Kristo ƒe gbe, eye woado go le yɔdowo me ava kpɔ xexe aɖe si nya kpɔ eye ŋutifafa le eme la.—Yohanes 5:28, 29.

Àdi be yeanɔ afi ma? Bu ale si nàkpɔ dzidzɔe ne èdo go Enok ŋu kpɔ! De ŋugble tso nu dodzidzɔname siwo míasrɔ̃ tso egbɔ hã ŋu kpɔ! Agblɔe na mí nenye be nu siwo míesusu be edzɔ le eƒe agbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo me sɔ kple nu siwo dzɔ ɖe edzi ŋutɔŋutɔ. Gake nane li wòle be míasrɔ̃ tso eŋu fifi laa. Esi Paulo ƒo nu tso Enok ŋu vɔ la, egblɔ kpee be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.” (Hebritɔwo 11:6) Ðe esia mede dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míasrɔ̃ Enok ƒe xɔse oa?

^ mm. 14 Biblia ŋunyala aɖewo gblɔna be nyakpakpa si woyɔna be Enok Ƒe Agbalẽ mee Yuda yɔ nya mawo tsoe, gake gli siwo ŋu kakaɖedzi mele o ye agbalẽ ma si wogblɔna be enye Enok ƒe agbalẽ la me nyawo nye. Enok ƒe nyagblɔɖi siwo de pɛpɛpɛ lae le eme, gake blemagbalẽwo mee wokpɔ wo tsoe, eye agbalẽ mawo, eɖanye esi woŋlɔ ɖi alo numenya o la bu. Blemagbalẽ mawo me nyae Yuda anya zã loo alo be esrɔ̃ nu tso Enok ŋu le Yesu, si kpɔ Enok ƒe agbenɔnɔ teƒe tso dziƒo la gbɔ.

^ mm. 20 Nenema kee anye be Mawu kpɔ egbɔ be womezã Mose kple Yesu ƒe kukuwo le mɔ gbegblẽ aɖeke nu o.—5 Mose 34:5, 6; Luka 24:3-6; Yuda 9.