Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Hurricane Ian, Florida, USA, September 2022 (Sean Rayford/Getty Images); titina: Vidada aɖe kple via le sisim le aʋa nu le Donetsk, Ukraine, July 2022 (Alex Chan Tsz Yuk/SOPA Images/LightRocket via Getty Images); ɖusime: Wole ame gbogbowo dom kpɔ be corona dɔa le wo ŋu hã, Beijing, China, April 2022 (Kevin Frayer/Getty Images)

NƆ ŊUDZƆ!

Nuwo Tɔ Zi Le Ƒe 2022 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nuwo Tɔ Zi Le Ƒe 2022 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le ƒe 2022 mea, míese nyadzɔdzɔ geɖe tso aʋawɔwɔwo, ganyawo ƒe sesẽ, kple dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu. Biblia ɖeka koe gblɔ nu si tututu tae nu siawo le dzɔdzɔm.

Nu siwo dzɔ le ƒe 2022 me—nu si tututu wòfia

 Nu siwo dzɔ le ƒe sia mea gaɖo kpe edzi kɔtɛ be míele nu si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1) Ŋkeke mamlɛawo dze egɔme tso ƒe 1914 me. Kpɔ ale si nu siwo dzɔ nyitsɔ laa wɔ ɖeka kple nu siwo Biblia gblɔ be woadzɔ le míaƒe ŋkekea me ɖa:

 “Aʋawɔwɔwo.”Mateo 24:6.

  •   “Ƒe 2022 Mee Europa Gakpɔ Nu Dziŋɔ Siwo Aʋawɔwɔ Hena Vɛa Teƒe.” a

 Kpɔ nyati si nye “Russia Dze Ukraine Dzi.”

 ‘Nuɖuɖu ƒe veve.’Mateo 24:7.

  •   “Ƒe 2022 Nye Ƒe Si Me Nuɖuɖu Ve Eteƒe Mekɔ O.” b

 “Dɔvɔ̃wo.”Luka 21:11.

  •   “Ðeviwo ƒe tutudɔ (polio) gava le bɔbɔm, monkeypox (variole du singe) hã nye kuxi gã aɖe, eye corona dɔvɔ̃a yi edzi le nu gblẽm vevie. Esia na míekpɔe be amegbetɔwo ƒe agbe ɖo afɔku me le dɔvɔ̃wo si me.” c

 Kpɔ nyati si nye “Corona Dɔvɔ̃a Wu Ame Miliɔn Ade Sɔŋ.”

 “Nu dovoɖinamewo.”Luka 21:11.

  •   “Le ƒe 2022 mea, yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, kuɖiɖi, dzodzeavewo, kple tsiɖɔɖɔwo gblẽ nu ŋutɔ. Amewo maŋlɔ nu siwo dzɔ le ƒe sia mea be gbeɖe o, elabe ale si yame ƒe nɔnɔmewo trɔa wɔe be nu geɖe dome gblẽ, ame akpe alafa geɖewo ku eye ame miliɔn geɖe hã va zu sitsoƒedilawo.” d

 “Zitɔtɔwo [alo “ʋunyaʋunyawɔwɔ,” etenuŋɔŋlɔ].”Luka 21:9.

  •   “Ale si ganyawo le sesẽm, vevietɔ le esi nuwo ƒe asi yi dzi bobobo taa, wɔe be ame geɖewo do dziku eye wotso ɖe dziɖuɖuwo ŋu le ƒe 2022 me.” e

Aleke nuwo anɔ le ƒe si gbɔna me?

 Ame aɖeke mate ŋu agblɔ ale si tututu nuwo anɔ le ƒe 2023 me o. Gake nu si míenyae nye be eteƒe madidi o, Mawu Fiaɖuƒea, si nye Mawu ƒe dziɖuɖu si le dziƒoa ava kpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. (Daniel 2:44) Dziɖuɖu sia aɖe nu siwo katã nana amegbetɔwo kpea fua ɖa eye wòakpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.—Mateo 6:9, 10.

 Míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖe Yesu Kristo ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye ‘nɔ ŋudzɔ’ la dzi ale be nàde dzesi ale si nu siwo le dzɔdzɔm le xexea mea le eɖem fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. (Marko 13:37) Míeɖe kuku, do ka kpli mí ale be nàsrɔ̃ nu tso ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifia kple ale si wòate ŋu ana wò kple wò ƒomea miakpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe.

a AP News ƒe nyadzɔdzɔ, “Ƒe 2022 Mee Europa Gakpɔ Nu Dziŋɔ Siwo Aʋawɔwɔ Hena Vɛa Teƒe,” abe ale si Jill Lawless, gblɔe ene, December 8, 2022.

b Etso Xexea Me Ƒe Nuɖunyawo Gbɔkpɔha ƒe nyati si nye, “Nuɖuɖu Ƒe Veve Le Xexea Me Godoo” me.

c Nyatsoƒea: JAMA Health Forum, “Living in an Age of Pandemics—From COVID-19 to Monkeypox, Polio, and Disease X,” Lawrence O. Gostin, JD, September 22, 2022.

d Nyatsoƒea: Earth.Org, “What’s Behind the Record-Breaking Extreme Weather Events of Summer 2022?” Martina Igini, October 24, 2022.

e Nyatsoƒea: Carnegie Endowment for International Peace, “Economic Anger Dominated Global Protests in 2022,” Thomas Carothers kple Benjamin Feldman, December 8, 2022.