Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mary_Ukraine/stock.adobe.com

NƆ ŊUDZƆ!

Amewo Megale Kakam Ðe Dunyahelawo Dzi O—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Amewo Megale Kakam Ðe Dunyahelawo Dzi O—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le ƒe 2024 sia me la, woada akɔ le dukɔ geɖe me le xexea me godoo. Gake ame geɖe megale kakam ɖe dunyahelawo dzi o.

  •   Esi wobia gbe Amerikatɔwo la, wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be dunyahela geɖe metsi dzi ɖe dukɔmeviwo ŋu o, “woawo ŋutɔ tɔ koe le vevie na wo.” a—Pew Research Center, September 19, 2023.

 Sɔhɛ geɖewo hã meka ɖe dunyahelawo dzi o.

  •   “Ƒewuivi siwo li egbea di vevie be woakpɔ kuxi siwo le fu ɖem le xexea me gbɔ. Gake esi wobia gbe wo la, wogblɔ be dunyahelawo mele kuxi mawo gbɔ kpɔm o.”—The New York Times, January 29, 2024.

  •   “Numekuku aɖe ɖee fia be sɔhɛwo ka ɖe ame siwo daa videowo ɖe hahokadoƒewo dzi wu dunyahelawo.”—The Korea Times, January 22, 2024.

 Ðe míate ŋu aka ɖe dunyahelawo dzi be woana nuwo nanyo le etsɔmea? Ame ka koŋ dzie míaka ɖo?

Ðɔ ŋu ɖo, mègaka ɖe ame sia ame dzi o

 Enyo ŋutɔ be amewo mekana ɖe ame sia ame dzi egbea o. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be “ɖekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

 Azɔ hã, dunyahela siwo si susu nyui le eye woɖia anukware gɔ̃ hã mate ŋu awɔ nu siwo katã woɖo be yewoawɔ o. Ema tae Biblia xlɔ̃ nu mí be:

  •   “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.”—Psalmo 146:3.

Kplɔla aɖe si dzi nàte ŋu aka ɖo

 Biblia na míenya be Mawu ɖo kplɔla aɖe si dzi míate ŋu aka ɖo bliboe, eye ate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo katã gbɔ. Kplɔla mae nye Yesu Kristo. (Luka 1:32, 33) Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye fiaɖuƒe ma nye dziɖuɖu si le dzi ɖum tso dziƒo.—Mateo 6:10.

a Pew Research Center, “Americans’ Dismal Views of the Nation’s Politics,” September 2023.