Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nɔnɔmeawo Ava Sɔ Na Mí Katã Gbe Ðeka?

Ðe Nɔnɔmeawo Ava Sɔ Na Mí Katã Gbe Ðeka?

 Le dukɔ geɖewo mea, amewo le gbɔ lɔm le ablɔwo dzi elabe wosusui be dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo wɔe be ganyawo mede ame dahewo dzi o. Eye esi corona dɔvɔ̃a doa, agbea gasesẽ na amewo wu, vevietɔ esi wode se be amewo megado le woƒe aƒewo me o. Eye ale si nuwo ƒe asi yi dzi bobobo, kple ale si atikewɔnyawo va nɔa, na be vovototo si le ame dahewo kple kesinɔtɔwo dome la gava dze ƒãa.

 Ðe ganyawo ƒe sẽsẽ si ɖe kpe na mí la nu ava yi gbe ɖeka? Ɛ̃. Biblia gblɔ nu siwo Mawu awɔ atsɔ akpɔ míaƒe kuxi siawo gbɔ.

Kuxi siwo gbɔ Mawu akpɔ

 Kuxia: Ðoɖo siwo amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo wɔ ɖe ganyawo ŋu mete ŋu le amewo katã ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔm o.

 Egbɔkpɔnua: Mawu ana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Fiaɖuƒea anɔ dziƒo aɖu anyigba bliboa dzi.—Daniel 2:44; Mateo 6:10.

 Emetsonua: Esi wònye be Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi ta, akpɔ nu sia nu gbɔ le anyigba dzi pɛpɛpɛ. Amewo magakpe fu le ganyawo ƒe sẽse alo ahedada ta o. (Psalmo 9:7-9, 18) Ke boŋ woase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, eye woakpɔ dzidzɔ ɖekae kple woƒe ƒomewo. Biblia do ŋugbe be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.

 Kuxia: Amewo mate ŋu aƒo asa na nu siwo hea fukpekpe kple ahedada vɛ la o.

 Egbɔkpɔnua: Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu siwo katã hea fukpekpe kple ahedada vanɛ ɖa keŋkeŋ.

 Emetsonua: Le Mawu Fiaɖuƒea tea, nu siwo katã wɔnɛ be ƒomewo mete ŋu kpɔa woƒe nuhiãhiã veviwo o la katã nu ayi. Le kpɔɖeŋu me, aʋawɔwɔwo, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo azu gbe aɖe gbe nya. (Psalmo 46:9; 72:16; Yesaya 33:24) Mawu do ŋugbe: “Nye dukɔ anɔ teƒe siwo ŋutifafa le, aƒe siwo me dedienɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.”—Yesaya 32:18.

 Kuxia: Zi geɖea, ɖokuitɔdilawo kple ŋuklẽlawo zãa amewo tsɔ kpɔa woawo ŋutɔwo ƒe viɖe.

 Egbɔkpɔnua: Ame siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea tea alɔ̃ wo nɔewo tso dzi me, ke menye le ɖokuitɔdidi ta o.—Mateo 22:37-39.

 Emetsonua: Le Mawu Fiaɖuƒea tea, ame sia ame aɖe lɔlɔ̃ akuakua si “media eya ŋutɔ tɔ o” afia. (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Biblia gblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa a axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.”—Yesaya 11:9.

 Biblia ɖee fia be míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me eye eteƒe madidi o Mawu awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeaɖe ahedadaa ɖa la dzi. b (Psalmo 12:5) Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifia nànɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nyati siwo nye “Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu” kple “Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu.”

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

b Be nànya nu si tae nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi la, xlẽ nyati si nye “Biblia—Nyateƒetsoƒe Si Ŋu Kakaɖedzi Le.”