Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Adre Siwo Ana Wò Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Eye Wòade Wò Lãmesẽ Dzi

Nu Vevi Adre Siwo Ana Wò Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Eye Wòade Wò Lãmesẽ Dzi

 Nu si tae nu si nèɖuna le vevie

 Hafi nànɔ lãmesẽ mea, nu siwo nèɖuna hã wɔa akpa vevi aɖe. Ne èléa be na wò nuɖuɖu eye nèɖua nu siwo me nunyiame lea, ana nànɔ lãmesẽ me. Gake ne míeléa be na míaƒe nuɖuɖu o, alo míeɖua nu siwo made míaƒe lãmesẽ dzi oa, woate ŋu awɔe be míadze dɔ vevie. Eye anɔ ko abe ale si ame aɖe adze mɔ̃memi si menye adodoea o ade eƒe ʋu me eye emegbe wòanɔ nu gblẽm le ʋua ŋu ene. Kuxiawo madze enumake o, gake woava emegbe.—Galatiatɔwo 6:7.

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be “le dukɔ ɖe sia ɖe mea, kuxi siawo li: nunyuimakpɔɖu kple nuɖuɖu si medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu si wɔnɛ be ame lolona fũu akpa.” Nunono kple nuɖuɖu si medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu edziedzi nana ame léa dzidɔ, gbagbadɔ, suklidɔ, kple kansa bɔbɔe wu. Numekuku aɖe ɖee fia be nyitsɔ laa le ƒe ɖeka aɖe ko mea, nunyuimaɖumaɖu wɔe be ne mede ɖeke oa, ame siwo ade miliɔn 11 sɔŋ ku. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo lea wua ame akpe ɖeka kple edzivɔ gbe sia gbe, eye wònana ame miliɔn alafa geɖe hã dzea dɔ.

 Biblia de dzi ƒo na mí be míabu nya siawo ŋkubiãnyae. Biblia gblɔ be Mawu ‘gbɔe agbe dzɔ tso.’ (Psalmo 36:9) Agbe nye nunana, eye míeɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne míewɔa nu siwo ana míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea nanɔ lãmesẽ me. Kpɔ ale si nàte ŋu awɔ esiae ɖa.

 Nu ene siwo nàwɔ be wò nuɖuɖu nanɔ dedie

 1. Kpɔ wò nuɖuɖu ta tso dɔlékuiwo si me.

 Nu ka tae? Ne dɔlékuiwo a le nu si míeɖuna alo tsi si míenona mea, ana míadze dɔ.

 Aɖaŋu si lãmesẽŋutinunyalawo ɖo:

  •   Hafi nàɖa nua, klɔ asi kple tsi kple adzalẽ. b Lili asi asi me sekɛnd 20 ya teti. Klɔ asia megbe, asitɛ me kple fetsuwo me. Kpala asi nyuie eye nàtutu eŋu.

  •   Zã tsi kple adzalẽ nàtsɔ aklɔ nu siwo dzi nàtso nuɖuɖuwo le, agbawo, kple nu bubu ɖe sia ɖe si nàzã le nua ɖaɖa me. Tsɔ kpe ɖe eŋua, nu si dzi nètsoa nuɖuɖu si woaɖa le dzo dzi lea nenɔ vovo na nu si dzi nètsoa nuɖuɖu si womaɖa o.

  •   Klɔ atikutsetsewo kple amagbe ɖe sia ɖe nyuie, eye ne èle nuto si me wotsɔa tsi gbegblẽwo dea agble mea, zã dɔlékuiwutikewo nàtsɔ aklɔ wo nyuie.

 2. Ðe nu siwo woɖana kple nu siwo womeɖana o ɖe vovo.

 Nu ka tae? Dɔlékui siwo le nuɖuɖu mumu abe ʋulã ene mea ate ŋu age ɖe nuɖuɖu bubuwo me.

 Aɖaŋu si lãmesẽŋutinunyalawo ɖo:

  •   Ne èyi asi me vae ƒle nuɖuɖu mumu, vevietɔ ʋulã kple nu siwo màgava ɖa o tso asi me gbɔnaa, mègatsɔ wo tsaka o, eye ne ègbɔa, da wo ɖe teƒe vovo.

  •   Ne ètso ʋulã mumu aɖe vɔa, klɔ wò asiwo, hɛ si nèzã, kple nu si dzi nètso nua le nyuie hafi nàgatso nuɖuɖu bubu.

 3. Ne nuɖuɖu aɖe nye esi woɖanaa, kpɔ egbɔ be yeɖae wòbi nyuie.

 Nu ka tae? Ne woɖa nu wòbi nyuie ko hafi dɔlékui siwo le eme ate ŋu aku.

 Aɖaŋu si lãmesẽŋutinunyalawo ɖo:

  •   Ða nua va se ɖe esime dzoxɔxɔa sui nyuie. Ne èle ʋulã alo nu bubu aɖe ɖam la, ele be nàna etome naxɔ dzo ade dzidzenu Celsius 70 hena sekɛnd 30 ya teti.

  •   Ne èle detsi ƒom alo èle atadi wɔma, na wòabi nyuie.

  •   Ne nu si woɖa da ɖi xoxo si fa ye nèdi be yeagaɖua, ɖoe dzo dzi wòaxɔ dzo nyuie alo afiẽ hafi nàɖui.

 4. Kpɔ egbɔ be nuɖuɖua ƒe dzoxɔxɔ alo fafa nye esi sɔ nyuie.

 Nu ka tae? Ne afi si nèda nuɖuɖu ɖo ƒe dzoxɔxɔ alo fafa le Celsius 5 va ɖo 60 domea, dɔlékui siwo le emea ate ŋu adzi ɖe edzi teƒe eve le miniti 20 pɛ ko me. Gawua, ne ʋulã ƒe dzoxɔxɔ alo fafa mesɔ nyuie oa, dɔlékui aɖewo tea ŋu nyɔa aɖi ɖe lãa me, eye ne woɖa lãa gɔ̃ hãa, mexɔa ŋusẽ le aɖi mawo si o.

 Aɖaŋu si lãmesẽŋutinunyalawo ɖo:

  •   Kpɔ egbɔ be nuɖuɖua xɔ dzo alo fa nyuie, ke menye be wòanɔ evedomesi o ale be dɔlékuiwo nagadzi ɖe edzi kabakaba o.

  •   Mègagblẽ nu si woɖa wòbi la da ɖi wòawu gaƒoƒo eve o. Gake ne yame xɔ dzo wu Celsius 32 la, ke mègagblẽe ɖi wòawu gaƒoƒo ɖeka o.

  •   Ne nuɖuɖua bi la, kpɔ egbɔ be exɔ dzo hafi eɖuɣi naɖo.

 Nu etɔ̃ siwo nàwɔ be wò nuɖuɖu nade wò lãmesẽ dzi

 1. Ðu atikutsetse kple amagbe vovovowo gbe sia gbe.

 Nunyiame vovovowo le atikutsetsewo kple amagbe vovovowo me siwo dea míaƒe lãmesẽ dzi. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be atikutsetse kple amagbe si wò ŋutilã hiã na le ŋkeke ɖeka mea ƒe agbɔsɔsɔ anɔ abe esi ayi wò asiƒome ƒe teƒe atɔ̃ ene. Nuwo abe anagotee kple agbeli ene mekpe ɖe nuɖuɖu siawo ŋu o.

 2. Mègaɖu aminuwo fũu o.

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ɖo aɖaŋu be míaɖe nuwo abe nuɖuɖu siwo wotɔ le ami me, ganugoe me nuɖuɖu, alo akpɔnɔ ene dzi akpɔtɔ, elabena zi geɖea ami siwo medea lãmesẽ dzi oa nɔa wo me. Ne anya wɔa, zã ami siwo medɔa alɔ̃ o nàtsɔ aɖa nui. Ami siawo dea ame ƒe lãmesẽ dzi wu esiwo dɔa alɔ̃.

 3. Mègaɖu sukli kple dze fũu o.

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ɖo aɖaŋu be dze agbɔsɔsɔ si ame tsitsiwo aɖu gbe sia gbea megade gativi ɖeka o. Wogaka nya ta hã be sukli si ame aɖu gbe sia gbea megade gativi 12 o. c Sukli sɔa gbɔ ɖe goemenuɖuɖuwo kple aha viviwo me ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, sukli gativi 10 ye le ganugoe me aha vivi ɖeka me. Nu siwo tea ŋu nana ame lolona bɔbɔe la sɔa gbɔ ɖe aha viviwo me, gake amenyinu boo aɖeke menɔa wo me hã o.

 Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.” (Lododowo 22:3) Ne èdze aɖaŋu le nu siwo nèɖuna me eye nèwɔ tɔtrɔ siwo hiã la, ke èle eɖem fia be èdea asixɔxɔ wò agbe kple lãmesẽ si Mawu na wòa ŋu.

 Susu totro siwo le ame geɖe si

 Susu totro: Ne nuɖuɖu aɖe ƒe dzedzeme, eƒe ʋeʋẽ, kple eƒe vivi nyo koa, ke efia be ele dedie.

 Nyateƒea: Dɔlékui miliɔn akpe ewo sɔŋ ye ana tsi lita ɖeka nablu, gake dɔlékui 15 va ɖo 20 pɛ ko ate ŋu ana nàdze dɔ. Ne èle asi trɔm le nunono alo nuɖuɖu ŋu, alo èle asi trɔm le eŋu be yeava zã emegbea, kpɔ egbɔ be èzɔ ɖe dzoxɔxɔ alo fafa si sɔ na woa ƒe mɔfiamewo dzi, eye ɣeyiɣi didi si nàɖae alo adzrae ɖo hã nasɔ. Esia ko hafi wò nuɖuɖu alo nunono anɔ dedie.

 Susu totro: Tagbatsuwo megblẽa naneke le nuɖuɖu ŋu o.

 Nyateƒea: Tagbatsuwo ɖua ɖinuwo abe mĩ ene, eya ta dɔlékui miliɔn geɖe nɔa woƒe afɔwo ŋu zi geɖe. Eya ta be tagbatsuwo nagava dze ɖe wò nuɖuɖu dzi oa, tu nu enu nyuie ale be totoeƒe kple dodoeƒe aɖeke meganɔ eŋu o.

 Susu totro: “Mele nuɖuɖu si medea lãmesẽ dzi o ɖum ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eya ta ne meva le nu nyuiwo ɖum gɔ̃ hãa, esia maɖe vi aɖeka nam o.”

 Nyateƒea: Numekulawo de dzesii be ne míeɖua nu siwo ade míaƒe lãmesẽ dzia, ate ŋu akpɔ mía ta be míagaku kaba o, eye zi ale si míeyi edzi ɖu nu siwo me nunyiame lea, ade míaƒe ametia dzi geɖe wu.

a Dɔlékuiwo, alo nugbagbevi nyaŋuiwo, le sue ale gbegbe be míate ŋu akpɔ wo kple ŋku o. Woyɔa wo dometɔ aɖewo le yevugbe me be bacteria (bactéries), virus, kple parasite. Nugbagbevi siawo dometɔ aɖewo ate ŋu aɖe vi na wò, gake wo dometɔ aɖewo hã ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò alo awu wò gɔ̃ hã.

b Ne èzã tsi kple adzalẽ tsɔ klɔ asi la, eɖea dɔlékuiwo ɖa nyuie wu tsi ɖeɖe zazã.

c Sukli si ƒomevi míewɔnɛ le afi sia ye nye sukli siwo míedea nuɖuɖu me, anyitsi kple nu bubu siwo woɖena tsoa wo me. Esia to vovo na dzɔdzɔme sukli si nɔa atikutsetsewo, amagbe aɖewo kple nyinotsi me.