Dzo kpo yi emenuwo dzi

Tomenukulawo Ke Ðe Nu Si Ðo Kpe Edzi Be Fia David Nɔ Anyi Kpɔ La Ŋu

Tomenukulawo Ke Ðe Nu Si Ðo Kpe Edzi Be Fia David Nɔ Anyi Kpɔ La Ŋu

Le Biblia ƒe nya nu la, Israel Fia David nɔ agbe le ƒe alafa 11 lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me, eye eƒe dzidzimeviwo hã ɖu fia ƒe alafa geɖe. Gake ɖeklemiɖela aɖewo gblɔ be nya siwo Biblia gblɔ tso David ŋu la nye ŋutinya siwo amewo va kpa emegbe. Ðe Fia David nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔa?

Le ƒe 1993 me la, tomenukula Avraham Biran kple eƒe hadɔwɔlawo ke ɖe kpe kakɛ aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be “David Ƒe Fiaƒomea” la ŋu le Tel Dan, le Israel ƒe dziehe. Blema Aramgbe mee woŋlɔ nya mawo ɖo le ƒe alafa asiekelia Do Ŋgɔ Na Yesu me. Edze ƒãa be kpe kakɛ ma nye Aramtɔwo ƒe ŋkuɖodzikpe aɖe si dzi woƒo adegbe le be yewoɖu Israel-viwo dzi la ƒe akpa aɖe.

Agbalẽ si nye Bible History Daily ƒe nyati aɖe gblɔ be ɖeklemiɖela aɖewo melɔ̃ ɖe edzi be nuŋɔŋlɔ si nye “David Ƒe Fiaƒomea” si ŋu woke ɖo la nye kpeɖodzi be David nɔ anyi kpɔ o. Egblɔ kpee be: “Gake Biblia ŋuti nunyalawo kple tomenukula geɖe lɔ̃ ɖe edzi be nuŋlɔɖikpe si ŋu woke ɖo le Tel Dan la nye kpeɖodzi sẽŋu gbãtɔ si ɖo kpe edzi be Fia David si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ anyi kpɔ vavã; esia nye nu siwo ɖe dzesi wu siwo ŋu Biblia ŋuti numekulawo ke ɖo si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia Me Duwo Nɔƒe Kulawo Ƒe Nyatakakagbalẽ [si le Eŋlisigbe me] me la dometɔ ɖeka.”