Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Siwo Ku La Dzi?

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Siwo Ku La Dzi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5; Psalmo 146:4) Eya ta ne ame ku la, meganɔa anyi o. Kukuawo mebua tame, wɔa nu alo sea nu le lãme o.

“Anyi ke nàgatrɔ azu”

 Mawu gblɔ nu si adzɔ ɖe ame dzi ne eku esi wòƒo nu kple amegbetɔ gbãtɔ Adam. Esi Adam meɖo to Mawu o ta la, Mawu gblɔ nɛ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (1 Mose 3:19) Adam menɔ afi aɖeke hafi Mawu tsɔ anyi mèe o. (1 Mose 2:7) Eya ta esi Adam ku la, egatrɔ zu anyi eye megali o.

 Nu ma kee dzɔna ɖe ame siwo kuna egbea hã dzi. Biblia gblɔ tso amegbetɔwo kple lãwo siaa ŋu be: “Anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.”—Nyagblɔla 3:19, 20.

Ku menye nu sia nu ƒe nuwuwu kokoko o

 Zi geɖe la, Biblia tsɔa ku sɔna kple alɔ̃dɔdɔ. (Psalmo 13:4; Yohanes 11:11-14; Dɔwɔwɔwo 7:60) Ame si dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la meganyaa nu siwo le edzi yim o. Nenema kee kukuawo hã menyaa naneke o. Ke hã Biblia gblɔ be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre abe ale si wofɔa ame tso alɔ̃ me ene eye wòana woagava nɔ agbe ake. (Hiob 14:13-15) Le ame siwo Mawu afɔ ɖe tsitre ɖe gome ya la, ku menye nu sia nu ƒe nuwuwu o.