Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yevuwo Ƒe Agbalẽe Biblia Nyea?

Yevuwo Ƒe Agbalẽe Biblia Nyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Menye Europatɔwoe ŋlɔ Biblia o. Ŋutsu siwo katã Mawu zã woŋlɔ Biblia la tso Asia. Biblia mebua dukɔ aɖeke me tɔwo be wonyo wu bubuawo o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.