Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mawue Wɔ Abosam La?

Mawue Wɔ Abosam La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia na eme kɔ ƒãa be Mawu mewɔ Abosam o. Ke boŋ ewɔ ame aɖe si va zu Abosam emegbe. Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (5 Mose 32:3-5) Nya mawo na wòdze kɔtɛe be ɣeaɖeɣi va yi la, Satana de blibo, eye wònye ame dzɔdzɔe, eye wònye mawudɔlawo dometɔ ɖeka.

 Le Yohanes 8:44 la, Yesu gblɔ be Abosam “meli ke ɖe nyateƒe la me o,” si fia be tsã la, Satana nye anukwareɖila kple ame maɖifɔ.

 Gake abe ale si ko wòle le Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubu siwo si nunya le gome ene la, ablɔɖe le mawudɔla si va zu Satana la hã si be wòatiae be yeawɔ nyui alo vɔ̃. Esi wòtiae be yeatsi tre ɖe Mawu ŋu, eye wòna atsu kple asi gbãtɔ wɔ ɖeka kplii ta la, ewɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”—1 Mose 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9.