Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Nu Vɔ̃ Gbãtɔa?

Nu Kae Nye Nu Vɔ̃ Gbãtɔa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Adam kple Xawa ye nye ame gbãtɔ siwo wɔ nu vɔ̃. Esi wogbe toɖoɖo Mawu heɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia” ƒe tsetse la, wowɔ nu si ame geɖe yɔna be nu vɔ̃ gbãtɔ. a (1 Mose 2:16, 17; 3:6; Romatɔwo 5:19) Womeɖe mɔ na Adam kple Xawa be woaɖu ati ma ƒe tsetse o, elabena atia nɔ tsitre ɖi na ŋusẽ alo gome si le Mawu si be wòatso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu na amegbetɔwo. Esi Adam kple Xawa ɖu ati ma ƒe tsetse la, wotsɔe ɖo wo ɖokuiwo dzi be yewo ŋutɔwo yewoatso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Woto esia dzi gbe be yewomabɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te o.

 Nu kae “nu vɔ̃ gbãtɔ” gblẽ le Adam kple Xawa ŋu?

 Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ ta la, wotsi ku amegã kple nyagã, eye mlɔeba woku. Wogblẽ ƒomedodo si nɔ wo kple Mawu dome la me eye wobu mɔnukpɔkpɔ si nɔ wo si be woanɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me la hã.—1 Mose 3:19.

 Aleke “nu vɔ̃ gbãtɔ” gblẽ nu le mía ŋui?

 Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo katã nyi nu vɔ̃ dome tso wo gbɔ. Ðeko wòle abe ale si ɖeviwo xɔa dɔléle aɖewo tso wo dzilawo gbɔ ene. (Romatɔwo 5:12) Eya ta wodzi amegbetɔwo katã ɖe ‘nu vɔ̃ me,’ b si fia be wodzi mí ame madeblibowoe eye enɔa bɔbɔe na mí be míawɔ nu si nye vɔ̃.—Psalmo 51:5; Efesotɔwo 2:3.

 Esi míenyi nu vɔ̃ alo blibomademade dome ta la, míedzea dɔ, míetsina kua amegã alo nyagã hekuna. (Romatɔwo 6:23) Míawo ŋutɔwo ƒe vodadawo kple ame bubuwo tɔ siaa me tsonuwo hã gblẽa nu le mía ŋu.—Nyagblɔla 8:9; Yakobo 3:2.

 Ðe míate ŋu avo tso “nu vɔ̃ gbãtɔ” me tsonuwo si mea?

 Ɛ̃. Biblia gblɔ be Yesu ƒe kua nye “avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.” (1 Yohanes 4:10) Yesu ƒe vɔsaa ate ŋu ana míavo tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi la me tsonuwo si me eye wòana mɔnukpɔkpɔ mí be míanɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me—nu siae Adam kple Xawa bu.—Yohanes 3:16. c

 Alakpanya siwo ku ɖe “nu vɔ̃ gbãtɔ” ŋu

 Alakpanya: Nu vɔ̃ gbãtɔa wɔe be manya wɔ gbeɖe be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome o.

 Nyateƒea: Mawu meda nu vɔ̃ si Adam kple Xawa wɔ la ƒe fɔbubua ɖe mía dzi o. Enyae be míede blibo o, eye mebiaa nu si wònya be mímate ŋu awɔ o la tso mía si o. (Psalmo 103:14) Togbɔ be nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi la gblẽa nu le mía ŋu hã la, mɔnukpɔkpɔ li be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu.—Lododowo 3:32.

 Alakpanya: Nyɔnyrɔxɔxɔ klɔa nu vɔ̃ gbãtɔ ɖa le ame ŋu, eya ta ele be woade tsi ta na vidzĩwo.

 Nyateƒea: Togbɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi si ana ame nakpɔ ɖeɖe hã la, Yesu ƒe vɔsaa dzi xɔxɔ se koe ate ŋu aklɔ nu vɔ̃ ɖa le ame ŋu. (1 Petro 3:21; 1 Yohanes 1:7) Esi wònye be sidzedze ye nana xɔse vavãtɔ sua ame si ta la, manya wɔ be xɔse nanɔ vidzĩwo si o. Eya ta Biblia meda asi ɖe edzi be woanyrɔ vidzĩwo alo ade tsi ta na wo o. Edze ƒãa be Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi. ‘Ŋutsu kple nyɔnu’ siwo xɔ Mawu ƒe Nyaa dzi se heva zu xɔsetɔwo ye wonyrɔ, ke menye vidzĩwo o.—Dɔwɔwɔwo 2:41; 8:12.

 Alakpanya: Mawu ƒo fi de nyɔnuwo elabena Xawa ye nye ame gbãtɔ si ɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la.

 Nyateƒea: Menye nyɔnuwoe Mawu ƒo fi de o, ke boŋ “da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana” si ble Xawa wòwɔ nu vɔ̃ lae wòƒo fi de. (Nyaɖeɖefia 12:9; 1 Mose 3:14) Gawu la, Adam koŋ ye Mawu bu fɔe ɖe nu vɔ̃ gbãtɔ ta, ke menye srɔ̃ae o.—Romatɔwo 5:12.

 Ke nu ka tae Mawu gblɔ be Adam aɖu srɔ̃a dzi? (1 Mose 3:16) Nya ma si Mawu gblɔ la mefia be eda asi ɖe nuwɔna ma dzi o. Ðeko wònɔ nu wɔblanui si ado tso nu vɔ̃ si wowɔ me la gblɔm ɖi. Mawu kpɔa mɔ be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a ahade bubu eŋu eye wòade bubu deto nyɔnu bubuwo hã ŋu.—Efesotɔwo 5:25; 1 Petro 3:7.

 Alakpanya: Gbɔdɔdɔe nye nu vɔ̃ gbãtɔ la.

 Nyateƒea: Mate ŋu anye be gbɔdɔdɔe nu vɔ̃ gbãtɔa nye o, le susu siwo gbɔna ta:

  •   Esime Adam ɖeka ko nɔ anyi eye srɔ̃ menɔ esi o ye Mawu de se nɛ be wòagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ƒe tsetse o.—1 Mose 2:17, 18.

  •   Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be “midzi ne miasɔ gbɔ.” (1 Mose 1:28) Anye tagbɔsesẽ be Mawu nahe to na atsu kple asi gbãtɔa ɖe se si wòde na wo la dzi wɔwɔ ta.

  •   Adam kple Xawa mewɔ nu vɔ̃a ɖekae o—Xawa wɔ nu vɔ̃a gbã, eye srɔ̃a hã va wɔe emegbe.—1 Mose 3:6.

  •   Biblia mexe mɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ƒe dɔdɔ nu o.—Lododowo 5:18, 19; 1 Korintotɔwo 7:3.

a Nyagbɔgblɔ si nye “nu vɔ̃ gbãtɔ” medze le Biblia me o. Le nyateƒe me la, Satana ƒe ameblenyawo kple alakpa si wòda na Xawa ye nye nu vɔ̃ gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me.—1 Mose 3:4, 5; Yohanes 8:44.

b Le Biblia me la, nya “nu vɔ̃” mefia nu gbegblẽ wɔwɔ ko o, ke efia blibomademade alo nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme si dome míenyi la hã.

c Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yesu ƒe vɔsaa kple ale si wòate ŋu aɖe vi na mí ŋu la, kpɔ nyati si nye “Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?