Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Mawu Nye Mawuɖekaetɔ̃ Alo Trinitaa?

Ðe Mawu Nye Mawuɖekaetɔ̃ Alo Trinitaa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Sɔlemeha vovovowo gblɔna be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃ alo Trinita Kɔkɔe. Gake de dzesi nya si agbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ: “Trinita alo eŋuti nufiafia gobii aɖeke medze le Nubabla Yeyea me o . . . Nufiafia sia dze egɔme vivivi eye wònye nya wohe ʋuu hafi va ɖoe anyi le ƒe alafa geɖewo megbe.”

 Le nyateƒe me la, Biblia ƒe afi aɖeke meɖɔ Mawu kpɔ enye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe o. De dzesi mawunyakpukpui siawo me nyawo:

 “Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!”—5 Mose 6:4.

 “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.

 “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3, Eʋegbe Biblia.

 “Mawu ɖeka koe.”—Galatiatɔwo 3:20.

 Nu ka tae sɔlemeha geɖewo fiaa nu be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃ alo Trinita Kɔkɔe?