Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Yevu Kple Ameyibɔ Ƒe Wo Nɔewo Ðeɖe Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Yevu Kple Ameyibɔ Ƒe Wo Nɔewo Ðeɖe Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu da asi ɖe yevu kple ameyibɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe dzi, elabena Mawu bua ameƒomeviwo katã sɔsɔe. Biblia gblɔ be: “Mawu medea vovototo ame me o.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ.

 Na míakpɔ Biblia me nya siwo ɖo kpe edzi be ameƒomeviwo katã sɔ eye wokpɔ mɔ aɖe wo nɔewo la dometɔ aɖewo ɖa.

Amegbetɔwo katã nye tɔgbui ɖeka ƒe dzidzimeviwo

 Amegbetɔwo katã nye ŋutsu gbãtɔ Adam kple srɔ̃a Xawa ƒe dzidzimeviwo. Biblia yɔ Xawa be “ame gbagbewo katã dada.” (1 Mose 3:20) Esia tae Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be: ‘Ewɔ amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Amegbetɔwo katã nye ƒome ɖeka me tɔwo, eɖanye ŋutigbalẽ kae le wo ŋu o. Ke nu kae wòle be miawɔ ne nuto si me miele la me tɔwo bua nazã alo dea vovototo amewo me le woƒe ŋutigbalẽ ta vevie?

Nunya le “ame siwo nana woɖoa aɖaŋu na wo” la si

 Togbɔ be Mawu ya da asi ɖe yevu kple ameyibɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe dzi bliboe hã, menye ame sia amee bunɛ nenema. (Yesaya 55:8, 9) Ne èle ame si ƒe ŋutigbalẽ to vovo na tɔwò ɖeɖe ŋu bum la, anyo be wò kple ame si nèdi be yeaɖe miadzro nya siwo gbɔna me:

  •   Aleke mianɔ te ɖe nutoa me tɔwo alo ƒometɔwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu?

  •   Aleke miawɔ akpe ɖe mia viwo ŋu woanɔ te ɖe nazãbubu nu?

 Ŋugbledede le mɔ sia nu akpe ɖe mia ŋu miakpɔ dzidzedze le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me.—Lododowo 13:10; 21:5.