Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Ŋuti Videowo—Nufiafia Veviwo

Video kpui siawo ɖo Biblia me biabia veviwo ŋu. Biabia siawo dometɔ aɖewoe nye: Nu ka tae Mawu wɔ anyigba la? Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? kple Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?

Aleke Xexe Wɔnuku Sia Wɔ Va Dzɔ?

Ame geɖe mesea nuwɔwɔwo ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me la gɔme o, alo wogblɔna be gli koe wònye. Ðe míate ŋu axɔ nya si Biblia gblɔ la dzi sea?

Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa?

Kpɔ nu siwo ɖo kpe edzi si tae míate ŋu axɔe ase be Mawu lia ɖa.

Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?

Bubuŋkɔ geɖe le Mawu si, wo dometɔ aɖewoe nye Ŋusẽkatãtɔ, Wɔla kple Aƒetɔ. Video sia ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Biblia me zi 7,000 kple edzivɔwo.

Ðe Wòanya Wɔ Be Nàdze Xɔlɔ̃ Mawua?

Ƒe geɖee nye esia amewo dina vevie be yewoanya yewo Wɔla. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye Mawu xɔlɔ̃. Xɔlɔ̃wɔwɔ sia dzea egɔme ne míeva nya Mawu ƒe ŋkɔ.

Ame Ka Tɔe Biblia Nye?

Ne amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia la, ɖe woate ŋu ayɔe be Mawu ƒe Nya wòasɔa? Ame ka ƒe susuwoe le Biblia me?

Ðe Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒea?

Ne Mawu gbɔe Biblia tso vavã la, ke ele be wòato vovo na agbalẽ ɖe sia ɖe.

Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La?

Míaƒe anyigbaa dzi yɔ fũu kple nu siwo nya kpɔ. Afi si wòle tso ɣea gbɔ la sɔ pɛpɛpɛ, ale si wòviãe la sɔ ta, eye eƒe totro sɔ ɖe ale si tututu wòle be wòanɔ dzi. Nu ka tae Mawu dze agbagba trɔ asi le anyigbaa ŋu nenema gbegbe?

Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le?

Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime woafɔ ame geɖe ɖe tsitre, abe ale si ko wofɔ Lazaro ɖe tsitre ene.

Ðe Wowɔa Fu Amewo Le Dzo Mavɔ Me Nyateƒea?

Biblia gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃,” eya ta mawɔ fu amewo ɖe vodada siwo wowɔ va yi la ta gbeɖe o.

Yesu Kristoe Nye Mawua?

Yesu Kristoe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la? Alo ɖe Yesu le vovo eye Mawu hã le vovoa?

Nu Ka Tae Yesu Ku?

Biblia ɖee fia be asixɔxɔ gã aɖe le Yesu ƒe ku ŋu. Ðe taɖodzinu aɖe le eƒe ku ŋua?

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Yesu fia nu amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Ƒe alafa geɖee nye esia eyomedzelawo le gbe dom ɖa be Fiaɖuƒe ma nava.

Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme Le Ƒe 1914 Me

Ƒe 2,500 aɖewo va yi la, Mawu ɖe nyagblɔɖi me drɔ̃e aɖe fia fia sẽŋu aɖe, eye nyagblɔɖi ma le eme vam egbea.

Xexea Trɔ Tso Ƒe 1914 Me

Xexea me nudzɔdzɔwo kple amewo ƒe nɔnɔmewo tso ƒe 1914 me ɖee fia be Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam.

Mawu Gbɔe Dzɔdzɔmefɔkuwo Tsoa?

Ame eve aɖewo siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la gblɔ nu siwo wosrɔ̃ tso nya si Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu.

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

Ame geɖe biana be nu ka tae fuléle kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea hã. Biblia ana nàkpɔ ŋuɖoɖo vavã siwo afa akɔ na wò.

Ðe Subɔsubɔ Ðe Sia Ðe Dzea Mawu Ŋua?

Ame geɖe xɔe se be naneke megblẽ le eŋu be nànɔ subɔsubɔha ɖe sia ɖe si dze ŋuwò me o.

Ðe Nɔnɔmewɔwɔwo Zazã Le Subɔsubɔ Me Dzea Mawu Ŋua?

Ðe woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Mawu si mímekpɔna o la ŋua?

Ðe Mawu Ðoa To Gbedodoɖawo Katã?

Ke ne ame aɖe doa gbe ɖa le ɖokuitɔdidi ta ɖe? Ke ne ŋutsu aɖe sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu eye wòva le gbe dom ɖa be Mawu nayra ye ya ɖe?

Aleke Mawu Di Be Srɔ̃ɖeɖe Nanɔ?

Mawu di be wò srɔ̃ɖeɖea nadze edzi. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia mea kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖewo ŋu.

Ðe Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Nye Nu Vɔ̃ Wɔwɔ Ðe Mawu Ŋua?

Ðe nya “amamaɖeɖenuwɔna” dze le Biblia me gɔ̃ hã? Aleke míawɔ anya ale si Mawu sena le eɖokui me tso amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu?